Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le December me: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me kple New World Translation. Agbalẽmamãdɔ tɔxɛa ƒe ɣleti mamlɛa mee nye sia míele. Míele ŋku ɖom edzi na hamemegãwo be woazã agbalẽvi tɔxɛ si míeɖo ɖe hamewo katã la aŋlɔ agbalẽ siwo ƒe asi dzi woɖe hemã le ɣeyiɣi tɔxɛ ma me la ƒe xexlẽme ɖe edzi aɖo ɖe Habɔbɔa hafi January 15, 1999, nava yi. January: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1985 si anɔ hamea si. Hame siwo si agbalẽ siawo mele o ate ŋu ana True Peace and Security—How Can You Find It? alo Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. February: Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba etɔxɛe be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme.
◼ Mikpɔ egbɔ be mieklã ƒea ƒe mawunyakpukpuia ɖe miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me le January 1 dzi. Ele be alesi woaŋlɔ ƒea ƒe mawunyakpukpuia le mía degbe hamewo me nasɔ ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me tɔ nu. Ƒea ƒe mawunyakpukpui enye: “Kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!”—Kor. II, 6:2.
◼ Ele be woakpe “Medical Directive Card” kple “Identity Card” yeye ɖo le January 1 dzi. Gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔwo katã nakpɔ egbɔ be yewokpe “Medical Directive Card” yeye ɖo na wo ɖokui kple “Identity Card” na ɖevi ɖesiaɖe si anɔ wo si.
◼ Betel anɔ tutu le Memleɖa, January 30, 1999 dzi. Taflatse migava o.
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔntawo me le December 1 dzi alo emegbe kpuie. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔ esia vɔ le gakɔntabubu si akplɔe ɖo me.
◼ Míaɖu ƒe 2000 ƒe Ŋkuɖodzia le Kuɖagbe, April 19 lia dzi le ɣeɖoto megbe.