INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/00 axa 8
  • Mizã Traktwo Tsɔ Dze Dzeɖoɖowo Gɔmee

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mizã Traktwo Tsɔ Dze Dzeɖoɖowo Gɔmee
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Traktwo Zazã be Viɖe Nado tso Wo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Zã Traktwo Nàtsɔ Akaka Nya Nyuia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nusita Traktwo Hiã Vevie le Míaƒe Subɔsubɔdɔa me Egbea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Zã Mawu Ƒe Nya La​—Ele Agbe!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 1/00 axa 8

Mizã Traktwo Tsɔ Dze Dzeɖoɖowo Gɔmee

1 Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be ɖaseɖiɖi nyuie nɔ te ɖe alesi nàxɔ ŋgɔ adze dzeɖoɖowo gɔmee dzi oa? Ebia be nàgblɔ nya aɖe si anyɔ amea ƒe ɖetsɔleme si awɔe be wòakpɔ gome le dzeɖoɖoa me. Gake aleke míate ŋu awɔ esia nyuie wu?

2 Gbeƒãɖela geɖe kpɔe dze sii be nya ʋɛ siwo wotia nyuie gbɔgblɔ atsɔ ana míaƒe trakt siwo wotu ɖe Biblia dzi ate ŋu ana woadze dzeɖoɖo gɔme. Tanyawo léa dzi na ame, eye nɔnɔmetatawo nya kpɔna hewɔa dɔ ɖe ame dzi. Trakt xɔxɔ metena ɖe amewo dzi le vɔvɔ̃ be nyatakaka siwo le eme woaxlẽ asɔ gbɔ akpa ta o. Gakpe ɖe eŋu la, alesi traktwo ƒe gbedasiwo le tẽ wɔe be exexlẽ vivia amewo nu eye míate ŋu azãe atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee.

3 Aleae Ðasefo aɖe se le eɖokui mee: “Le xexe sia si me vovo mele o me la, enuenu ame geɖe melɔ̃na be yewoazã ɣeyiɣi geɖe atsɔ axlẽ nu o, gake wotrɔ asi le traktwo ŋu be wòana gbedasi vevi aɖe amewo, evɔ emenyawo mesɔ gbɔ akpa be exexlẽ nado vɔvɔ̃ na amewo be woagbe exɔxɔ gɔ̃ hã hafi woava yi eme kpɔ ge o. Mexlẽ trakt siawo dometɔ geɖe eye mlɔeba la, mesrɔ̃ nyateƒea.” Mègabu ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya la ŋu, abe gbedasi kpui siwo me woɖe ɖe agbalẽvi siawo me ene, nu tsɛe gbeɖe o.—Heb. 4:12.

4 Afɔɖoƒe Bɔbɔe Ene: Ame geɖe kpɔ dzidzedze le dzeɖonya bɔbɔe aɖewo zazã me. (1) Tsɔ trakt ʋɛ aɖewo fia amea eye biae be wo dometɔ kae dze eŋu. (2) Ne amea tia esi lé dzi nɛ vɔ la, bia nya aɖe si ŋu nètrɔ asi le nyuie si te gbe ɖe nyati vevi aɖe si le trakt la me dzi lae. (3) Xlẽ memama si sɔ alo ŋɔŋlɔ aɖe tso trakt la me tsɔ ɖo biabiaa ŋu. (4) Ne wòɖe ɖetsɔleme fia la, yi trakt la ƒe nyawo me dzodzro dzi kplii alo ƒo nu tso nyati aɖe si le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la me alo tso ta aɖe si le Sidzedze-gbalẽa me si gaɖe nyaa me wu la ŋu. To mɔ sia dzi la, àte ŋu adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme tẽ. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò be nàdzra ɖo ɖe nya siwo nàgblɔ hafi ana traktwo dometɔ ene ŋu.

5 Míate ŋu azã trakt si ƒe tanyae nye “Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum?” wòanye nyabiase.

◼Ne amesi nèle nu ƒom na ɖo eŋu be eyae nye “Mawu” alo be “nyemenya o” la, ke xlẽ nyafɔkpe gbãtɔ kple evelia siwo le axa 2 lia kpakple memama gbãtɔ si le axa 3 lia. Dzro Yohanes I, 5:19 kple Nyaɖeɖefia 12:9 me kplii. Ne amea ke ɖi le Satana Abosam ƒe anyinɔnɔ ŋu alo meke ɖi o alo ne elɔ̃ ɖe edzi be ekpɔ ŋusẽ ɖe xexeame dzi la, àte ŋu azã nya si le tanya sue si nye “Xexeame ƒe Nɔnɔmewo Fia Asii na Mí” te atsɔ ayi dzeɖoɖoa dzii. Ne eɖe ɖetsɔleme fia la, gblɔ nɛ be yedi be yeaɖe afisi Abosam tso me nɛ eye zã nya siwo le trakt la ƒe axa 3 kple 4 tsɔ ɖe eme nɛ.

6 Trakt si nye “Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku?” ate ŋu anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme enumake. Àte ŋu adze dzeɖoɖoa gɔme be:

◼ “Ðe nèbu be míate ŋu agakpɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku akea?” Ne amea ɖo eŋu vɔ la, ƒo nu tso memama evelia si le trakt la ƒe axa 4 lia ŋu eye nàxlẽ Yohanes 5:28, 29. Ðe eme nɛ be nya siwo le trakt la ƒe tanya sue gbãtɔa te gɔmesese kpena ɖe ame ŋu. Gblɔ nɛ be yewoadzro eme ɖekae.

7 “Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me” ƒe trakt la nyoa ƒome ɖesiaɖe ŋu. Ne èdi be yeanae la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be ƒomewo ɖo afɔku me egbea. Nukae nèsusu be woate ŋu awɔ atsɔ ado ŋusẽ ƒomekadodowo?” Ne amea ɖo eŋu vɔ la, he eƒe susu yi nya siwo le memama gbãtɔ me le axa 6 lia dzi. Zã ŋɔŋlɔ siwo woyɔ ɖe trakt la ƒe axa 4 kple 5 lia dometɔ ɖeka, eye nàɖe nusi wòfia me nɛ. Azɔ doe ɖe egbɔ be yedi be yeawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplii.

8 Míate ŋu azã dzeɖonya si gbɔna na trakt si nye “Nusita Nate ŋu Aka ɖe Biblia Dzi”:

◼ “Ame geɖe se nu tso Kain kple Abel ƒe ŋutinya si le Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ me ŋu. Nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me hã ƒo nu tso Kain srɔ̃ ŋu. Ðe nèbu tame le afisi wòtso ŋu kpɔa?” Zã memama mamlɛtɔ si le trakt la ƒe axa 2 lia tsɔ ɖo nyaa ŋu. Ðe eme be trakt la ƒo nu tso nya siwo Biblia gblɔ le nusi ɣeyiɣi siwo gbɔna ahe vɛ na mí hã ŋu. Tso memama etɔ̃lia si le axa 5 lia dzi la, zã ŋɔŋlɔ siwo le memamawo me tsɔ yi numedzodzroa dzii.

9 Wokpɔe ɣeyiɣi didi aɖee nye esia be Biblia ƒe traktwo zazã nye mɔnu nyui si dzi míato aɖe gbeƒã nyanyuia. Esi wòle bɔbɔe be woatsɔ wo ayi afisiafi si ame yina ta la, àte ŋu azã wo nyuie le wò aƒeme yi aƒeme ƒe dɔa kple vomeɖase ɖiɖi me. Traktwo wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Kpɔ egbɔ be yetsɔ trakt vovovowo ɖe asi eye yezãe alesi dze atsɔ adze dzeɖoɖowo gɔmee.—Kol. 4:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe