Nusita Traktwo Hiã Vevie le Míaƒe Subɔsubɔdɔa me Egbea
1 Nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ƒe tanyae nye “Ekpɔ Trakt aɖe le Gakpoa Dzi” le January 1, 1991 Gbetakpɔxɔ ƒe axa 30. Eƒo nu tso amesiwo dzraa ketekegakpowo ɖo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ƒe amegã si kpɔ míaƒe trakt aɖe le gakpoa te la ŋu. Exlẽ trakt la enumake eye wogblɔ na eƒe toyɔvi be: “Egbea meke ɖe nyateƒea ŋu!” Ŋutsu eveawo dɔ agbalẽ geɖe eye wosrɔ̃ wo. Fifia woƒe dzidzimevi alafa ɖeka kple edzivɔwo doa vevie nu le nyateƒea me. Esia ɖe nusi ate ŋu ado tso trakt ɖeka ko xexlẽ me fia.
2 Mɔnukpɔkpɔwo Ŋudɔwɔwɔ: Ðetugbi aɖe si nye Ðasefo gblɔ be yeƒe sukunufiala lé blanui le lɔ̃xoa ƒe ku ta. Nɔvinyɔnuvi sia ŋlɔ akɔfaname lɛta aɖe na eƒe nufialaa eye wòtsɔ trakt si nye Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku? kpe ɖe eŋu. Nufialaa ŋlɔ agbalẽ tsɔ da akpe nɛ eye wòɖo dze kple mía nɔvinyɔnuvia. Fifia nufialaa xɔa magazine edziedzi le nɔvinyɔnuvia gbɔ.
3 Gbeƒãɖela aɖewo siwo le ɖase ɖim le mɔ si ɖo ta ameɖiƒe aɖe gbɔ la kpɔ amewo le akalo sim na yɔdowo. Gbeƒãɖelawo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ tsɔ na trakt wo. Eƒe ŋufɔkee nye azã si dzi ame geɖewo yia ameɖiƒe, eyata gbeƒãɖelawo ɖoe be yewoanɔ ameɖiƒea ƒe mɔ nu ana trakt amewo. Wona trakt alafa atɔ̃ kple edzivɔwo eye ame etɔ̃ koe gbe exɔxɔ. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, gbeƒãɖelawo gatrɔ yi eye wona trakt akpe ɖeka kple edzivɔwo, ame ade koe mexɔe o.
4 Ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye esia esi gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖewo yi ameɖiƒe si amewo ƒo ƒu ɖo be woafa na ame kukuwo ahado gbe ɖa ɖe wo ta le Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkeke ƒe azã aɖe dzi. Konyifalawo kpɔ dzidzɔ ɖe trakt si nye Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku? ŋu ŋutɔ. Enumake nɔviawo yi ameɖiƒe bubuwo henɔ traktwo mãm. Abe alesi wo dometɔ ɖeka gblɔe ene be “míeɖi ɖase tso ameɖiƒe yi ameɖiƒe” ene la, wo katã wokpɔ dzidzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ sia si su wo si la ŋu ŋutɔ.
5 Traktwo le kpokploe eye míate ŋu atsɔ wo ayi afisiafi bɔbɔe. Ne míele dze ɖom kple ame bubuwo le vome la, míadze agbagba agblɔ nya kpui siwo ana míadzro trakt enyi siwo li fifia la dometɔ ɖeka me. Míate ŋu awɔ esia ne míele nu ƒom kple aƒelikawo, ne míele asi ƒlem, alo le ame aɖe lalam, ne míele mɔ zɔm alo míeyina ƒometɔwo gbɔ, alo míate ŋu awɔe le nɔnɔme bubuwo me.
6 Nusita Wowɔa Dɔ Ðo: Traktwo ƒe amadede nya kpɔ ŋutɔ. Nya siwo le wo me mesɔ gbɔ o. Gake gbedasi siwo le eme kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi heɖea nu me na ame. Exlẽlaa te ŋu kpɔa Ŋɔŋlɔa me kpeɖodzi ƒe nukpɔsusu le nya si gblɔm trakt la le ŋu dzea si. Esi ɖekakpui aɖe xɔ trakt si nye Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me eye wosrɔ̃e kplii vɔ megbe la, egblɔ be: “Nyemese nyatakaka dedziƒoname sia tɔgbe le xexeame ƒe nɔnɔme ŋu kpɔ o!”
7 Míadi be míawɔ trakt siawo ŋudɔ le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si sɔ me. Gbeƒãɖela geɖewo kpɔe be ekpena ɖe ame ŋu wodzea dzeɖoɖo gɔme le tso aƒeme yi aƒeme dɔa me. Trakt dzi woto hafi le nu srɔ̃m kple ame geɖewo fifia. Le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ sia ƒe axa 4 lia la, woɖo aɖaŋu siwo aɖe vi na mí le alesi míate ŋu awɔ traktwo ŋudɔ dzidzedzetɔe me. Nyateƒee, traktwo le sue gake wonye dɔwɔnu veviwo le míaƒe subɔsubɔdɔa me.