INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/14 axa 6-7
  • Wotrɔ Asi Le Trakt Yeyeawo Ŋu Nyuie Ŋutɔ!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wotrɔ Asi Le Trakt Yeyeawo Ŋu Nyuie Ŋutɔ!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Traktwo Nàtsɔ Akaka Nya Nyuia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Traktwo Zazã be Viɖe Nado tso Wo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nusita Traktwo Hiã Vevie le Míaƒe Subɔsubɔdɔa me Egbea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Ale Si Míazã Traktwo Atsɔ Adze Dzeɖoɖo Gɔme
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
km 4/14 axa 6-7

Wotrɔ Asi Le Trakt Yeyeawo Ŋu Nyuie Ŋutɔ!

1. Dɔwɔnu kawo ŋue wotrɔ asi le nyuie na gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ?

1 Woɖe trakt yeye atɔ̃ ɖe go le Ƒe 2013 ‘Mawu Ƒe Nya La Nye Nyateƒe!’ Nutome Gã Takpekpewo me. Eye wogata Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 38 lia si ƒe tanyae nye “Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea?” be míazãe abe trakt mawo ke ene. Wotrɔ asi le trakt yeye adeawo katã ŋu nyuie ŋutɔ. Nu ka tae? Ne míele trakt siawo mam le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me la, aleke míate ŋu awɔ woƒe akpa veviawo ŋu dɔ nyuie?

2. Nu ka tae wotrɔ asi le trakt yeyeawo ŋu nenema?

2 Nu Ka Tae Wotrɔ Asi Le Wo Ŋu Alea?: Afɔɖeɖe ene siawo nana míaƒe dzeɖonyawo ɖea kpe zi geɖe: (1) Bia nya si ana aƒemenɔlaa nagblɔ eƒe susu nàtsɔ adze egɔmee. (2) Xlẽ ŋɔŋlɔ aɖe ne miadzro eme. (3) Tsɔ agbalẽ si le asiwò na aƒemenɔlaa be wòaxlẽ. (4) Bia nyabiase si me miava dzro, eye nàwɔ ɖoɖo be nàtrɔ ayi egbɔ. Wotrɔ asi le trakt siawo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu míazɔ ɖe afɔɖeɖe ene siawo dzi bɔbɔe.

3. Aleke míate ŋu ana trakt yeyeawo le gbeadzi?

3 Ale Si Nàzã Woe: (1) Ne èdo gbe na aƒemenɔlaa vɔ la, tsɔ nyabiase si le akpaa dzi si ŋu woate ŋu aɖo le mɔ vovovowo nu la fiae eye nàbiae wòagblɔ eƒe susu. (2) Ʋu trakt la ne miadzro akpa si nye “Nya Si Biblia Gblɔ” me. Xlẽ mawunyakpukpui si woyɔ le afi ma tso Biblia me tẽe ne nɔnɔmea ɖe mɔ. Ne vovo le aƒemenɔlaa ŋu la, midzro akpa si nye “Vi Kae Esia Aɖe Na Wò?” me. (3) Tsɔ trakt la nɛ, eye nàde dzi ƒo nɛ be wòadi ɣeyiɣi axlẽ susɔea. (4) Hafi nàdzo le egbɔ la, tsɔ nyabiase si le megbekpaa dzi, si le tanya sue si nye “Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ” te la fiae, eye nàwɔ ɖoɖo kplii ne miava dzro ŋuɖoɖo si Biblia na me ne ètrɔ yi.

4. Aleke míate ŋu azã trakt yeyeawo atsɔ awɔ tɔtrɔyi?

4 Tɔtrɔyiwɔwɔ hã le bɔbɔe. Zã mawunyakpukpui siwo woyɔ le megbekpaa dzi nàtsɔ aɖo nyabiase si nègblẽ ɖe aƒemenɔlaa gbɔ va yi la ŋu. Hafi nàdzo le egbɔ la, tsɔ Nya Nyui gbalẽ gbadzaa ƒe nɔnɔmetataa fiae. Eyome nàtsɔ agbalẽ gbadzaa ŋutɔ kple nusɔsrɔ̃ si ɖe nya si me miedzro me yi ŋgɔe la fiae, eyome nàtsɔ agbalẽa nɛ. Ne elɔ̃ xɔ agbalẽ gbadzaa la, ke miwɔ ɖoɖo be miava dzro eme ne ègatrɔ va. Èdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee nye ema! Alo àte ŋu atsɔ trakt bubu anae ɖe Nya Nyui gbalẽ gbadzaa teƒe, eye nàwɔ ɖoɖo be miava dzro eme ne ètrɔ va.

5. Aleke traktwo ɖea vi na mí le gbeƒãɖeɖedɔa me?

5 Míele traktwo zãm le gbeƒãɖeɖedɔa me ƒe 130 kple edzivɔ sɔŋ ye nye esia. Togbɔ be trakt siwo míetana la ƒe lolome kple ale si wotrɔ asi le wo ŋu la le vovovo hã la, wonye dɔwɔnu nyui aɖe le ɖaseɖiɖidɔa me. Mina míawɔ trakt yeye siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie la ŋu dɔ bliboe atsɔ akaka Biblia me sidzedzea le anyigba bliboa dzi.​—Lod. 15:7a.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe