“Miwɔ Nuwo Katã le Lɔlɔ̃ Me”
1 “Miaƒe amewo ƒe nu nyoa ame ŋu, eye wowɔa nudzeame hedea bubu ame ŋu ale gbegbe.” Amedzrowo ƒe nyawo dzikpɔƒe si le United States dugã aɖe si me wowɔ míaƒe nutome gã takpekpewo dometɔ ɖeka le ye gblɔ nya sia. Edzɔa dzi na mí ne wokafu mí alea ɖe alesi míewɔa nu le dutoƒo ta. Esia katã fia be ‘míele nuwo katã wɔm le lɔlɔ̃ me.’ (Kor. I, 16:14) Le ɣeyiɣi ma ke me la, nya vevi aɖewo li siwo ne míekpɔ wo gbɔ o la, agblẽ ŋkɔ nyui si le Mawu ƒe amewo ŋu.
2 Xɔbiabia: Woɖo Xɔdidɔwɔƒe ɖe takpedu ɖesiaɖe me be wòadi xɔ siwo ƒe asi bɔbɔ ale be amesiame nate ŋu ade takpekpea. Mía nɔviwo dzea agbagba zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe mía ta. Esi míaƒe Xɔdidɔwɔƒea ɖo kpe edzi na amedzrodzeƒe dzi kpɔla aɖewo be takpekpea valawo awɔ nu aduadu kple wo la, wo dometɔ geɖe lɔ̃ be yewoaɖe yewoƒe xɔfetua dzi na mí.
3 Èwu wò xɔbiabia ƒe ɖoɖowo nua? Ne amedzrodzeƒee nàva dze la, ɖe woɖo kpe edzi na wo be àkpɔ xɔ eye nèxe xɔnuléfe na takpekpea dzi kpɔƒea? Va ɖo fifia la, ele be agbalẽŋlɔla naɖo Xɔbiagbalẽvi ɖesiaɖe si dzi Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmiti da asi ɖo ɖe takpekpewɔƒe si sɔ xoxo. Ne wodi xɔ na wò le hiahiã tɔxɛ ƒe ɖoɖoa me eye wòva hiã be nàte fli ɖe eme la, taflatse na Xɔdidɔwɔƒe si le takpedua me nanya enumake ale be woate ŋu atsɔ xɔa na ame bubuwo. Miate ŋu akpɔ takpeduawo ƒe adrɛs le June 2000 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe axa 6 lia me.
4 Ne miehiã takpekpe aɖe ŋuti nyatakaka la, mizã adrɛs si wona le June 2000 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me. Taflatse migaƒo ka loo alo aŋlɔ lɛta na Habɔbɔa alo takpekpewɔƒea dzi kpɔlawo le nya sia ŋu o.
5 Nu Nyui Wɔwɔ na Amewo Katã: Lɔlɔ̃ na Yehowa kple mía haviwoe ʋãa mí be míaɖe nɔnɔme nyuiwo afia ahanɔ agbe nyui. (Mat. 22:37-39; Yak. 3:13) Biblia xlɔ̃ nu mí be míaɖe lɔlɔ̃ kple ameŋububu afia amewo katã. (Gal. 6:10) Le nyateƒe me la, ele be míawɔ gɔmeɖose ma ŋudɔ le míaƒe dzeƒeawo katã. Míaƒe numawɔmawɔ aduadu agblẽ míaƒe ŋkɔ, agblẽ ɖoɖo si míewɔna tsɔ biaa xɔfetuwo dzi ɖeɖe la me, eye wòana dziku nanɔ nɔviwo me. Ne amedzrodzeƒe alo suku aɖe tso nya me be yemegale xɔfetuawo dzi ɖe ge azɔ o la, esia ate ŋu agblẽ nu le ame bubu siwo ayi takpekpe le dugã ma me ŋu vevie, vevietɔ ne womate ŋu axe xɔfetu siwo ƒe asi kɔ o.
6 Ne míebia be woagblẽ xɔ adodoewo ɖi na mí do ŋgɔ eye míete fli ɖe wo me le ɣeyiɣi mamlɛtɔ dzi la, efia be míena xɔ ma to nɔvi bubu si bia be woagblẽ xɔ ma ƒomevi ɖi na ye la ŋu. Esia ate ŋu awɔe be wòayi didiƒe alo ahaya xɔ siwo medze eŋu tututu o. Ðe esia nye lɔlɔ̃ alo ameŋububu ɖeɖefiaa? Aleke gbegbe wòanyoe nye si be míaɖe lɔlɔ̃ afia ahawɔ nu nyui na ame bubuwo to ɖetsɔtsɔ le woƒe nyonyo me wu mía ŋutɔ tɔ me!—Mat. 7:12; Yoh. 13:34, 35.
7 Nuɖuɖunyawo: Míele ŋku ɖom edzi be amesiame nadze agbagba atsɔ ye ŋutɔ ƒe nuɖuɖu kple nunono ɖe asi va takpekpeae gbesiagbe. Ele be miaɖo ŋku edzi na ɖetsɔlemetɔ siwo ayi kpli mi hã be woawɔ ɖoɖo ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuɖuɖu ŋu.
8 Míele mɔ kpɔm vevie na “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” Nutome Gã Takpekpea dede. Ðe nèwɔ dzadzraɖo ɖesiaɖe si hiã si me xɔbiabia kple mɔzɔzɔ ƒe ɖoɖowo hã le xoxoa? Neva eme be míaƒe agbenɔnɔ le míaƒe dzeƒeawo kple takpeduawo me naɖe nyateƒe kple lɔlɔ̃ si tso dzime na mía Wɔla la afia.