INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/00 axa 5-6
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 12/00 axa 5-6

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le September 4 vaseɖe December 18, 2000, ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui la ŋu le ɣeyiɣi si wona me ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.

[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamae woyɔ o.]

Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo Aʋatsoe:

1. Dawid gbe nya na Abisai be megawu Simei o, elabena nutsotso siwo Simei tsɔ nɔ Dawid nu tsomee nye nyateƒe. (Sam. II, 16:5-13) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w99-EW 5/1 axa 32 mm. 3.]

2. Menye ɖeko dzitsinya dzadzɛ si wona hehee nyuie ana ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Mawu dome ko evɔ o, ke ehiã vevie na míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ hã. (Heb. 10:22; Pet. I, 1:15, 16) [w98-EW 9/1 axa 4 mm. 4]

3. Viɖe boo aɖeke mele nuŋlɔɖi siwo le Fiawo I, me ŋu na Kristotɔwo o negbe be enye blemaŋutinya ko, elabena fia 2 koe wɔ nuteƒe na Yehowa le fia 14 siwo ɖu dzi le Israel kple Yuda le Salomo ƒe ku megbe la dome. [si axa 64 mm. 1]

4. Woate ŋu atsɔ Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua asɔ kple Salomo ƒe ƒe 40 dziɖuɣi si me ŋutifafa kple nudzedziname nɔ. (Fia. I, 5:4, 5, 9) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w90-EW 6/1 axa 6 mm. 5.]

5. Alesi woɖi Abiya bubutɔe nye kpeɖodzi si me kɔ be eya ɖeka koe nye Yehowa subɔla nuteƒewɔla le Yerobeam viwo dome. (Fia. I, 14:10, 13) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 4/1 axa 12 mm. 11.]

6. Kristotɔ ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖee fia be nyɔnyrɔxɔla la nye Mawu subɔla si tsi le gbɔgbɔ me. [w98-EW 10/1 axa 28 mm. 2]

7. Yehowa na dzideƒo si tri akɔ wu amegbetɔwo tɔ Eliya eye wòkpɔ eta tso vɔvɔ̃ si me. (Fia. I, 18:17, 18, 21, 40, 46) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w98-EW 1/1 axa 31 mm. 2.]

8. Salomo ƒe gbedoxɔa nye xɔ si ɖe dzesi menye le eƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe atsyɔ̃ɖoɖo ta ko o, ke boŋ esi wòtsi tre ɖi na Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ si ƒe ŋutikɔkɔe ƒo etɔ ta sasasã la ŋuti ta. [si axa 69 mm. 26]

9. Edze ƒã be alesi Elisa na Siriatɔwo ƒe asrafoha ƒe ŋku gbã la nye susu me ƒe ŋkugbagbã elabena wote ŋu kpɔ Elisa gake womete ŋu de dzesi amesi wònye o. (Fia. II, 6:18, 19) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ si axa 70-1 mm. 10.]

10. “Se la” tsɔtsɔ na fia la si ŋu woƒo nu tsoe le Fiawo II, 11:12 nye kpɔɖeŋu nuwɔna si fia be alesi fia la ɖe Mawu ƒe Sea gɔmee nye nusi ŋu ame aɖeke mate ŋu awɔ naneke le o eye ele be woaɖo toe. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w91-EW 2/1 axa 31 mm. 6.]

Ðo nyabiabia siwo gbɔna ŋu:

11. Le ɖekawɔwɔ me kple Yohanes I, 2:15-17 la, nukae wòle be dzila mawuvɔ̃lawo naxlɔ̃ nu wo viwo be woaƒo asa na ne wole kpekpem ɖe wo ŋu be woatia dɔwɔɖui si sɔ? [w98-EW 7/15 axa 5 mm. 2]

12. Nukae Samuel II, 18:8 fia esi wògblɔ be: “Amesiwo tsi ave si la sɔ gbɔ wu esiwo tsi yi nu”? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w87 3/15 axa 31 mm. 2.]

13. Amekawoe woate ŋu atsɔ Goliat ƒe ƒometɔ Refaimtɔwo asɔ kplii egbea, eye nukae wodze agbagba be yewoawɔ? (Sam. II, 21:15-22) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w89-EW 1/1 axa 20 mm. 8.]

14. Biblia ƒe gɔmeɖose si ŋu viɖe le kae míesrɔ̃ tso Samuel II, 6:6, 7 me? [si axa 63 mm. 30]

15. Gɔmeɖose vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ si me wowu ŋutsu aɖe le esi wòda le Sabat sea dzi ta la me? (Mose IV, 15:35) [w98-EW 9/1 axa 20 mm. 2]

16. Nukae míate ŋu awɔ atsɔ asrɔ̃ Saba-fianyɔnu si zɔ mɔ didi be yeava se nu tso ‘Salomo ƒe nunya’ ŋu? (Fiawo I, 10:1-9) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w99-EW 7/1 axa 31 mm. 1-2.]

17. Abe alesi Fiawo I, 17:3, 4, 7-9, 17-24 gblɔe ene la, mɔ etɔ̃ kawo dzie Eliya to ɖe Yehowa dzixɔse fia? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w92-EW 4/1 axa 19 mm. 5.]

18. Nukatae míate ŋu agblɔ be menye dzime sẽmee Nabot nɔ esi wògbe be yemadzra yeƒe weingble na Axab o? (Fia. I, 21:2, 3) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w97-EW 8/1 axa 13 mm. 18.]

19. Aleke nya siwo le Fiawo II, 6:16 de dzi ƒo na Yehowa subɔla siwo li egbeae? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w98-EW 6/15 axa 18 mm. 5.]

20. Mɔ kawo nue wòle be Kristotɔ vavãwo nakpɔ nyuie le ɖoƒeƒeƒle alo ɖoƒedzadzra ŋu le? [w98-EW 11/15 axa 28 mm. 5]

Ŋlɔ nya alo nyagbe si(wo) hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:

21. Mele be Kristotɔ vavã nana ․․․․․․․․ naɖu edzi wòawɔ kɔnu siwo medzea ․․․․․․․․ ŋu o. (Lod. 29:25; Mat. 10:28) [w98-EW 7/15 axa 20 mm. 5]

22. Esi Paulo nɔ ɖase ɖim na Fia Agripa la, ezã ․․․․․․․․ tsɔ ƒo nu nɛ, eye ete gbe ɖe nya siwo dzi eya kple Agripa ․․․․․․․․ la dzi. (Dɔw. 26:2, 3, 26, 27) [w98-EW 9/1 axa 31 mm 3]

23. Esi ․․․․․․․․ Mawu o ta la, ate ŋu awɔ na ame aɖewo be menye ame ŋutɔŋutɔe wònye o, gake ․․․․․․․․ edziedzi si de to awɔe be woate ŋu akpɔ ‘Amesi womekpɔna o la.’ (Heb. 11:27) [w98-EW 9/15 axa 21 mm. 3-4]

24. Abe alesi míekpɔe le Asiria ʋafia ․․․․․․․․ gome ene la, ɣeaɖewoɣi la, ․․․․․․․․ vi aɖe naa wokpɔa viɖe gãwo. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w99-EW 2/1 axa 3 mm. 6–axa 4 mm. 1.]

25. Abe alesi Yonadab ƒe dzi wɔ ɖeka kple Fia Yehu tɔe ene la, ․․․․․․․․ , siwo li egbea tsɔ dzi blibo da megbe na ․․․․․․․․ , Yehu Gãtɔ, la teƒenɔla ․․․․․․․․ eye wowɔa dɔ ɖekae kple wo. (Fia. II, 10:15, 16) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w98-EW 1/1 axa 13 mm. 5-6.]

Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:

26. (Satana; Yehowa; Yoab) ye nye amesi ʋã Dawid wòwɔ nuvɔ̃ esi wòna ‘woxlẽ Israel-viwo.’ (Sam. II, 24:1) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w92-EW 7/15 axa 5 mm. 2.]

27. Le ɖekawɔwɔ me kple Fiawo I, 8:1 kpakple Nyagblɔla 1:1 la, Salomo ƒo amewo nu ƒu be (woatu gbedoxɔa; woati Israel-viwo ƒe futɔwo yome; woade ta agu na Yehowa). [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ si axa 112 mm. 3.]

28. Ƒe 20 siwo Salomo tsɔ tu gbedoxɔa kple fia ƒe aƒe le Yerusalem la sɔ kple ɣeyiɣi si wowɔ nufiafia kple habɔbɔ ŋuti ɖoɖowɔwɔ ƒe ɖɔɖɔɖo, si wɔwɔ gɔme wodze tso ƒe (1919; 1923; 1931) eye wòva wu enu le ƒe (1938; 1942; 1950) me. (Fia. I, 9:10) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w92-EW 3/1 axa 20 ƒe aɖaka.]

29. Nya “dziƒo” si wozã le Fiawo II, 2:11 nye (Mawu ƒe gbɔgbɔmenɔƒe; xexeame godoo si míekpɔna; anyigba ƒe yamenutome, afisi xeviwo dzona le eye ya ƒona le). [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w97-EW 9/15 axa 15 ƒe aɖaka.]

30. Se si (Herodes Gãtɔ; Kaisaro Augusto; Tiberio Kaisaro) de be woaxlẽ amewo ye wɔe be wodzi Yesu ɖe Betlexem le esi teƒe be woadzii ɖe Nazaret. [w98-EW 12/15 axa 7 ƒe aɖaka]

Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:

Ps. 15:4; Sam. II, 12:28; Sam. II, 15:18-22; Fia. II, 3:11; Kol. 3:13

31. Ele be woade bubu tanyenye si le Yehowa ƒe teokrasiɖoɖoa me ŋu. [si axa 63 mm. 30]

32. Ele be woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ƒe habɔbɔa kple eteƒenɔlawo ɖaa. [si axa 63 mm. 30]

33. Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu ate ŋu aʋã ame be wòaɖe ɖokuidziɖuɖu afia eye wòatsyɔ nu gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. [w98-EW 11/1 axa 6 mm. 3]

34. Mɔnukpɔkpɔe wònye be míaɖe amedzrowɔwɔ afia eye míasubɔ Yehowa ƒe subɔla nuteƒewɔla siwo le subɔsubɔdɔ tɔxɛwo wɔm. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w97-EW 11/1 axa 31 mm. 1.]

35. Amesi vɔ̃a Mawu wɔa etɔ sinu be yeawɔ ɖe ŋugbe si yedo be yeaxe fe si yenyi la dzi, ne nɔnɔme sesẽ siwo menɔ mɔ kpɔm na o gɔ̃ hã do mo ɖa. [w98-EW 11/15 axa 27 mm. 1]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe