Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le January me: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1987 si anɔ hamea si. Hame siwo si Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe agbalẽa le hã ate ŋu anae. February: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?, Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, alo axa 192-gbalẽ xoxo ɖesiaɖe si anɔ hamea si. March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba ɖesiaɖe be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme. April: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo nana. Afisiwo woɖe ɖetsɔleme fia le, ne míetrɔ yi míate ŋu ana woawɔ nudɔdɔwo. Mina Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza, kple taɖodzinu be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme.
◼ Míekpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si nye 68,165! Emae nye agbɔsɔsɔ si míekpɔ le September 2001. Esia fia be míedze subɔsubɔƒea gɔme nyuie kple gbeƒãɖela geɖe siwo kpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo katã míewɔ ƒe ƒuƒoƒo enye 156,607, gbeƒãɖela ɖesiaɖe wɔ nusɔsrɔ̃ eve kple edzivɔ le mama dedie nu. Akɔntabubu sia tsɔtsɔ sɔ kple ƒe 2000 tɔ ɖee fia be míewɔ ŋgɔyiyi le subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovoawo katã me wòde dzi ƒo. Taflatse miyi dɔ nyui sia wɔwɔ dzi!
◼ Gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ siwo katã va January 14 ƒe kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔ Kpekpea ate ŋu axɔ “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia, kple “Identity Card” na wo viwo hã.
◼ Tso March me la, dutoƒonuƒo yeye si nutome sue dzikpɔlawo aƒo ƒe tanyae nye “Dedienɔnɔ le Xexe si Me Afɔkuwo Bɔ Ðo Me.”
◼ Hamewo nawɔ woƒe ɖoɖowo nyuie na ƒe sia me Ŋkuɖodzia ɖuɖu, le Yawoɖa, March 28 lia dzi, le ɣeɖoto megbe. Togbɔ be nuƒoa ate ŋu adze egɔme do ŋgɔ hã la, mele be woatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae do ŋgɔ na ɣeɖoto o. Togbɔ be anyo be hame ɖeka ɖesiaɖe naɖu Ŋkuɖodzia hã la, esia manya wɔ ɣesiaɣi o. Ne hame siwo zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka sɔ gbɔ la, ɖewohĩ hame ɖeka alo esi wu nenema, ate ŋu ahaya teƒe bubu aɖe hena fiẽ ma ƒe wɔnawo. Ne wòanya wɔ la, míele aɖaŋu ɖom be aɖabaƒoƒo 40 ya teti natso wɔnaawo dome, bene vavalawo katã nakpɔ viɖe blibo tso eme eye wòana ɣeyiɣi be woado gbe na vavalawo ahade dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔ yeyewo. Ele be woabu ʋuɖoɖo kple ʋutɔɖoƒe nyawo ŋu, tsɔ kpe ɖe ʋu siwo atsɔ amewo vɛ ahatsɔ wo adzoe ŋu nyawo ŋu. Hamemegãwo ƒe ha la nade ŋugble le ɖoɖo siwo ade mia dzi wu la ŋu.
◼ Ne dzikpɔla zimenɔla xɔ gakɔntabubu tso Habɔbɔa gbɔ ɣleti sia ɣleti la, nekpɔ egbɔ be woxlẽ nudzɔdzɔ siwo katã hamea ɖo ɖa be woatsɔ ado alɔ “Society Kingdom Hall Fund” kple xexeame katã ƒe dɔa ƒe akpedagbalẽ siwo woŋlɔ na hamea, le hamea ƒe gakɔntaxlẽɣi bubu.
◼ Wole Nyɔ! si nye Chinagbe kple Chinagbe Bɔbɔetɔ tata trɔm tso ɣleti afã ɖesiaɖe yi ɣleti sia ɣleti tɔ.
◼ Wole Nyɔ! si nye Zulugbe me tɔ trɔm tso ɣleti afã, yi ɣleti sia ɣleti tɔ.
◼ Videokasɛt Yeye si Li:
Warning Examples for Our Day (Drama)—Amerika Tokunɔgbe me tɔ