Ghana Betel Kekeɖenudɔa ŋu Nyatakakawo
Le October me la, míedze ʋutɔɖoƒe xoxoa tɔtrɔ be míatsɔ teƒea awɔ nunyãƒe kple ɖawɔƒe hena ɣeyiɣi aɖe la ŋu dɔwo gɔme. Esia ana be míate ŋu awu nunyãƒe yeyea ŋu dɔwo nu.
Míegba dzodoƒe yeyea eye míewu xɔ si anye nufamɔ̃ gã ŋu dɔwo hã nu. Gake míedze wo zazã gɔme haɖe o. Nuɖuƒea gbugbɔgaɖɔɖo ƒe dɔwo dze egɔme.
Míewɔ ŋgɔyiyi geɖe le mɔdodoawo ŋu dɔwo hã gome. Míewu mɔdodo siwo yi xɔdɔme yeyeawo gbɔ ƒe dɔwo alafa memama 95 nu. Míedze mɔdodowo ɖeɖe yi afisi elektrikŋusẽnamɔ̃a le la hã gɔme, eye míewu kpe ɖoɖo ɖe afɔmɔ si yi ɖe tsidzraɖoƒea gbɔ dzi hã nu vɔ.
Ne míeɖe ɔfis yeye si woatu kpee le eme la, míedo xɔ yeye siwo katã tum míele la ƒe anyigba kɔnkritwo vɔ azɔ. Xɔdɔme 3 lia ƒe gliwo ɖoɖo dze egɔme le October me. Míele mɔ kpɔm be ɖiɖiɖemeƒea ƒe briksɖoɖodɔwo hã adze egɔme kpuie.
Le alesi wòhiã be dɔa natsɔ kabakaba ta la, míehiã lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu tso hameawo me geɖe wu. Míehiã nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo siaa. Míekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe kpekpeɖeŋu siwo nam mi katã miele be dɔa nakpɔ dzidzedze ŋu ŋutɔ.