Amesiwo Kpɔa Dzidzɔ Wu le Anyigba Dzi
1 “Woayra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!” (Ps. 144:15) Nya mawo ɖee fia be Yehowa Ðasefowoe nye amesiwo kpɔa dzidzɔ wu le anyigba dzi. Naneke mena wokpɔa dzidzɔ wu Mawu vavã ɖeka kolia si le agbe, si nye Yehowa, subɔsubɔ o. Esi wònye ‘dzidzɔ Mawu’ ta la, dzidzɔ sia dzena le amesiwo subɔnɛ hã ŋu. (Tim. I, 1:11) Míaƒe subɔsubɔa ƒe akpa kawoe nana be míekpɔa dzidzɔ alea gbegbe ɖo?
2 Susu Siwo ta Míekpɔa Dzidzɔ: Yesu ka ɖe edzi na mí be dzidzɔkpɔkpɔ tsoa ‘ɖetsɔtsɔ le míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiã me’ la me. (Mat. 5:3) Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã dede kpɔa hiahiã ma gbɔ. Nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me sɔsrɔ̃ na míevo tso alakpasubɔsubɔ kple alakpanufiafia me. (Yoh. 8:32) Ŋɔŋlɔawo fia alesi míanɔ agbe le mɔ nyuitɔ kekeake nu hã mí. (Yes. 48:17) Le esia ta míesea vivi le Kristotɔwo ƒe hadomegbenɔnɔ ɖɔʋu me le mía nɔviwo ƒe hadede dodzidzɔnamea me.—Tes. I, 2:19, 20; Pet. I, 2:17.
3 Míekpɔa dzidzeme gã aɖe tsoa Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi wɔwɔ me, elabena míenya be wo dzi wɔwɔ kpɔa mía ta eye wòdoa dzidzɔ na Yehowa. (Lod. 27:11) Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ be: “Togbɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe dzidzenuwo kɔkɔ ŋutɔ hã la, womedzena abe amesiwo mele dzidzɔ kpɔm ene o. Medzena nenema kura o. Eɖe dzesi le ɖevi kple ame tsitsi [siwo le wo dome] ŋu be wonye dzidzɔme siwo mebɔ o, eye wo da sɔ nyuie hã.” Aleke míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã nava zu dzidzɔmewo abe míawo ene?
4 Kpe Ðe Ame Bubuwo Hã Ŋu Woakpɔ Dzidzɔ: Xexeame yɔ fũ kple dzidzɔmakpɔmakpɔ, eye etsɔmemɔkpɔkpɔ adodoe aɖeke mele ame geɖe si o. Gake mɔkpɔkpɔ adodoea le míawo ya si, elabena míenyae kɔte be gbeɖeka la, blanuiléle nu ayi tegbee. (Nyaɖ. 21:3, 4) Eyatae míekpɔa gome le subɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe, hedia dzianukwaretɔ siwo míagblɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ kple alesi míexɔ Yehowa dzi see na.—Xez. 9:4.
5 Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe gblɔ be: “Naneke menaa dzidzeme wu kpekpe ɖe amewo ŋu be woanya Yehowa kple eƒe nyateƒea o.” Mina míawɔ mía tɔ sinua be míade dzi ƒo na ame geɖe wu bene woaɖe mɔ míawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wo. Yehowa subɔsubɔ kple mía ɖokui tsɔtsɔ na be míakpe ɖe amewo ŋu be woawo hã nasubɔe la hea dzidzɔ manyagblɔ vɛ.—Dɔw. 20:35.