Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
May 13 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 37
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 atsɔ awɔ alesi woana May 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple June 8 ƒe Nyɔ! (Eŋlisigbe me tɔ, May 22) ƒe wɔwɔfiawoe. Le wo dometɔ ɖesiaɖe me la, fia mɔnu aɖe si woate ŋu azã atsɔ akpɔ dzeɖonyanutsinya si nye “Vovo mele ŋunye o” la gbɔe.—Kpɔ Reasoning-gbalẽa, axa 19-20 [alo Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii, axa 11-12].
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo alo na nɔviwo nagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si le dzeɖonya siwo le January 2002 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me la zazã me.
15 min: Dadasɔ le Nuteƒewɔwɔ na Mawu Kpakple le Ðokuibɔbɔ na Srɔ̃wò Me. Nuƒo si wotu ɖe “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si le December 15, 2001 ƒe Gbetakpɔxɔ me dzi.
Hadzidzi 106; gbedodoɖa na kpakpã.
May 20 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 130
13 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Dzro Nyabiaɖaka me.
12 min: Àte Ŋu Aƒo Asa na Gbɔgbɔmedzidɔ. Nuƒo si wotu ɖe December 1, 2001 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 9-13 dzi. Na wòatu ame ɖo.
20 min: “Ghana Betel Kekeɖenudɔa ŋu Nyatakaka.”a Kpe ɖe amesiame ŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖe alɔdzedɔwɔƒe kekeɖenudɔa nu. De dzi ƒo na nɔviwo be woawɔ ɖesiaɖe si woate ŋui atsɔ ado alɔ dɔa.
Hadzidzi 30; gbedodoɖa na kpakpã.
May 27 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 208
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe May ƒe gbeadzikɔntabubu ana. Na gbeƒãɖela tsitsi aɖe nazã aɖaŋuɖoɖo si le axa 8 atsɔ awɔ alesi woana June 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe wɔwɔfia, eye na sɔhɛ aɖe nawɔ alesi woana June 8 ƒe Nyɔ! lae. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe megbe la, ƒo nu tso alesi wowɔ ŋɔŋlɔ aɖe ŋudɔ bɔbɔe le dzeɖonyaa me ŋu.
15 min: “Ðe Anyigbamama si Le Miaƒe Hamea Si Loloa?” Nuƒo kpakple nyatia me dzodzro kple nyaselawo si subɔsubɔdɔdzikpɔla awɔ. (Hame siwo si anyigbamama sue le la ate ŋu adzro nyati si nye “Zã Wò Ɣeyiɣi Nyuie” si dze le June 1999 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la me ɖe eteƒe.) Ƒo nu tso hamea ƒe anyigbamama ƒe lolome kple eƒe afisi miekpee ɖo va ɖo le ƒe si va yi me ŋu. Ðe alesi miate ŋu awɔ aɖaŋu si woɖo la ŋudɔ le mia gbɔe me. Dzro ɖoɖo siwo miewɔ be miakpe anyigbamama si me miewɔa dɔ le edziedzi o ɖo kpuie la me.
18 min: “Ðe Nètsɔa Nusi Mawu Di ƒe Agbalẽ Gbadza Dzea Nusɔsrɔ̃ Gɔmea?” (Amesiame natsɔ January 2002 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ɖe asi vɛ na numedzodzro sia.) Na gbeƒãɖela aɖe siwo dzra ɖo nyuie nawɔ alesi woadze nusɔsrɔ̃ gɔme to kpɔɖeŋu si dze le memama 3 lia zazã me nàtsɔ adze numedzodzroa gɔme. Emegbe la, gblɔ agbalẽ gbadza la me nya veviwo, eye nàɖe alesi wotrɔ asi le eŋu nyuie hena nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze me. Ðe asixɔxɔ si le dzeɖonya siwo le January 2002 ƒe emedegbalẽvia me la me toto edziedzi ŋu fia. Bia nyaselawo ne woagblɔ aɖaŋuɖoɖoawo dometɔ si ɖe vi na wo. Na woagbugbɔ wɔwɔfia si dze le etame la awɔ ake nàtsɔ aƒo etae.
Hadzidzi 93; gbedodoɖa na kpakpã.
June 3 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 178
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Wɔ ɖoɖo be gbeƒãɖelawo nagblɔ yayra siwo wokpɔ le kpekpeɖeŋu alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me le March, April, alo May me.
15 min: Alesi Reasoning-gbalẽa Zãa Biblia Gɔmeɖeɖe Bubuwoe. Nuƒo kpui eye eyome nàdzro nyatia me kple nyaselawo. Xlẽ memama 2 lia le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 8 lia, eye nàɖe nusita kple alesi wòle be míate gbe ɖe Biblia dzi le míaƒe subɔsubɔdɔa me la me. Fia Bibliawo ƒe ŋkɔ siwo woŋlɔ kpuie ɖe nyaɖoɖo si le axa 6, eye nàɖe nusita míezãa Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo me nyawo me. Dzro ŋkuɖodzinya siwo woyɔ le October 1, 1997 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 16, memama 2, kple axa 20, memama 15 me. Zã nyati siwo nye “Apostolic Succession [Apostolo Teƒenɔlawo],” “Images [Nɔnɔmewɔwɔwo],” kple “Trinity [Mawuɖekaetɔ̃],” le Reasoning-gbalẽa zazã me nàtsɔ akpe nyaselawo be woagblɔ alesi Biblia gɔmeɖeɖe vovovo zazã ate ŋu aɖe vi le nyateƒea fiafia me.
15 min: “Míaƒe Xɔse Ʋãa Mí Míewɔa Dɔ Nyuiwo.”b Ne èle memama 2 lia me dzrom la, bia gbe Ðasefo dovevienu aɖe kpuie. Na gbeƒãɖelaa nagblɔ alesi ɖaseɖiɖi na amewo ɖea eƒe xɔse fiana eye wòdoa ŋusẽ eƒe xɔsee.
Hadzidzi 56; gbedodoɖa na kpakpã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wò ŋgɔdonyawo megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
b Wò ŋgɔdonyawo megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.