Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le February me: Míana agbalẽ yeye si nye Te Ðe Yehowa Ŋu. Alɔdzedɔwɔƒe siwo si agbalẽ sia mele haɖe o la, ate ŋu azã Creation-gbalẽa alo Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ɖe eteƒe. March: Míana Sidzedze-gbalẽa, eye míadze agbagba adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. April Kple May: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! Ne míetrɔ yi ɖetsɔlemetɔwo, siwo dome Ŋkuɖodzia valawo alo teokrasi wɔna bubu valawo le gake womedea ha kple hamea o gbɔ la, míaƒe susu nenɔ Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La ƒe agbalẽa nana wo ŋu. Ele be míadze agbagba ɖesiaɖe adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme, vevietɔ ne ame aɖewo srɔ̃ Sidzedze-gbalẽa kple Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la xoxo.
◼ Zimenɔlaa alo amesi wòatia nato hamea ƒe gakɔnta me le March 1 dzi, alo le ema megbe kpuie. Ne miewɔ esia vɔ la, miɖe gbeƒãe na hamea le gakɔntabubu si akplɔe ɖo la xlẽɣi. Gblɔ ga siwo hamea dzɔ tsɔ do alɔ xexeame katã ƒe dɔa kple esiwo wotsɔ do alɔ habɔbɔa ƒe dɔ bubuwo ŋuti nya.
◼ Hamea ƒe agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔ dzikpɔla nadzro gbesiagbe mɔɖelawo katã ƒe dɔwɔnawo me. Ne ele sesẽm na wo dometɔ aɖewo be woaɖo gaƒoƒonudidia gbɔ la, hamemegãwo nawɔ ɖoɖo akpe ɖe wo ŋu. Mikpɔ ƒe sia ƒe ƒe S-201 lɛtawo me hena aɖaŋuɖoɖowo. Mikpɔ September 1986 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe memama 12-20 hã.
◼ Ƒe 2003 ƒe Ŋkuɖodziɖuɣia ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa ƒe tanya enye “Ðe Babilon ƒe Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo la Ðo Vɔa?” Kpɔ gbeƒãɖeɖe si ku ɖe eŋu la le September 2002 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me.