INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/03 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Tanya Suewo
  • February 10 ƒe Kwasiɖa
  • February 17 ƒe Kwasiɖa
  • February 24 ƒe Kwasiɖa
  • March 3 ƒe Kwasiɖa
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 2/03 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

February 10 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 4

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ video si nye Faithful Under Trials—Jehovah’s Witnesses in the Soviet Union (Yehowa Ðasefowo le Soviet Union—Wowɔ Nuteƒe le Dodokpɔ Me) atsɔ adzra ɖo ɖe February 24 ƒe kwasiɖa ƒe Subɔsubɔ Kpekpea ŋu. Na woazã aɖaŋuɖoɖo si le axa 8 lia atsɔ awɔ alesi woana February 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple March 8 ƒe Nyɔ! (Eŋlisigbe me tɔ, February 22) ƒe wɔwɔfiawoe. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe me la, woatsɔ magazine evea katã ana togbɔ be ɖeka ŋu ko woaƒo nu tsoe hã.

10 min: “Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye.” Nuƒo. Ðe gbeƒã ŋkeke si dzi miawɔ nutome sue takpekpe si gbɔna. De dzi ƒo na amesiame be wòade ahaɖo to nuƒoawo nyuie. De dzi ƒo na gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo be woabu nusi woawɔ be woadze na nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu. Woadze agbagba etɔxɛ akpe Biblia-nusrɔ̃viwo.

27 min: “Ðe Gbeƒã eye Nàɖi Ðase Tsitotsito.”a Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe dɔ. De dzi ƒo na amesiame si ate ŋui be wòawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March kple April me. Bia gbe amesiwo wɔ mɔɖeɖedɔa le Ŋkuɖodziɖuɣi si va yi me. Ðoɖo kawoe wowɔ hafi te ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa? Agbagbadzedze kple tɔtrɔ kawoe esia wɔwɔ bia? Dzidzɔ kple yayra kawoe wokpɔ? Dzro ɖoɖowɔɖi ƒe kpɔɖeŋu siwo dze le aɖaka si le axa 4 lia me la me. Ðe gbeƒãe be kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ ƒe dɔbiagbalẽ li woaxɔ ne míekpã.

Hadzidzi 30; gbedodoɖa na kpakpã.

February 17 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 48

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

10 min: “Nukae Nye Wò Taɖodzinu Vevitɔ?”b Wɔ ɖoɖo do ŋgɔ kple gbeƒãɖela ɖeka alo eve ne woagblɔ alesi wote ŋu trɔ asi le woƒe nɔnɔmewo ŋu hena woƒe subɔsubɔdɔa dzidziɖedzi.

30 min: “Viɖekpɔkpɔ Bliboe tso “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpea Me.” Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ƒe dɔ. Zã miniti ɖeka tsɔ gblɔ wò ŋgɔdonya, emegbe nàzã takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖi atsɔ awɔ numedzodzro kple nyaselawo, ahazã nyabiabia siwo le nyatia me. Ma ɣeyiɣia ɖe akpa ɖesiaɖe ŋu nyuie. Àte ŋu agblɔ nya kpui aɖewo atsɔ aɖo ŋku nya veviwo dzi na nɔviawo. Afisi wòasɔ le la, bia nyaselawo ne woagblɔ alesi wotsɔ nusiwo wosrɔ̃ la le dɔwɔna me demee kple viɖe siwo kpɔm wole to ewɔwɔ nenema me.

Hadzidzi 194; gbedodoɖa na kpakpã.

February 24 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 74

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe February gbeadzikɔntabubuwo ana. Na woazã aɖaŋuɖoɖo si le axa 8 lia atsɔ awɔ alesi woana March 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple March 8 ƒe Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawoe. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe me la, woatsɔ magazine evea siaa ana togbɔ be ɖeka ŋu ko woaƒo nu tsoe hã.

10 min: “Na Kpekpeɖeŋu le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi.” Hamemegã ƒe nuƒo. Te gbe ɖe edzi be agbagba tɔxɛ si dzem wole be woana kpekpeɖeŋu amesiwo dzudzɔ gbeadzi kple kpekpewo dede la ɖe alesi Yehowa tsɔ ɖe le eƒe amewo mee la fia.

25 min: “Video si Akɔ Nu me na Wò Ahado Ŋusẽ Wò!” Dze egɔme enumake eye nàzã biabia siwo woɖo nàtsɔ adze Faithful Under Trials ƒe video la me dzodzro gɔmee. Ma ɣeyiɣia ɖe akpa ɖesiaɖe ŋu nyuie be ɣeyiɣi nasusɔ woagblɔ nya geɖe atsɔ aɖo biabia mamlɛa ŋui. Xlẽ aɖaka si le 2002 Yearbook ƒe axa 192 me nyawo tsɔ wu enui.

Hadzidzi 56; gbedodoɖa na kpakpã.

March 3 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 77

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Yɔ agbalẽ si míana le March me. Gblɔ dzeɖonya ɖeka alo eve siwo tso January 2002 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽ me, siwo míazã atsɔ ana Sidzedze-gbalẽa. Te gbe ɖe taɖodzinu si nye be míadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme dzi.

15 min: “Biblia ƒe Nukpɔsusu le Dzosasa, Afakaka, Kple Adzewɔwɔ Ŋu.”—Hamemegã ƒe nuƒo si wotu ɖe Agbe Mavɔ Mɔ La ƒe agbalẽ gbadza ƒe ta 5 lia dzi.

20 min: “Nɔ Mo Xexi Esi Nuwuwua le Aƒe Tum.”c Ne miele memama 3-4 lia me dzrom la, kpe gbeƒãɖelawo woagblɔ gbɔgbɔ me taɖodzinu siwo minyãm wole fifia ŋu nya. Gblɔ nya aɖewo le Subɔ Mawu ƒe agbalẽa, axa 176 me kpee.

Hadzidzi 127; gbedodoɖa na kpakpã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

b Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

c Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe