Wonye Wɔametɔwo—Ke Hã Wokpɔa Dzidzedze
1 Ne Yehowa ƒe Ðasefowo dometɔ geɖe siwo nye wɔametɔwo dometɔ ɖekae nènye la, ke nyae be àte ŋu akpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔa me godoo. Le nyateƒe me la, wò nɔnɔmea ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe na wò be nàɖi ɖase na amewo ahade dzi ƒo na wo.
2 Ðaseɖiɖi: Wɔametɔ geɖewo le gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me bliboe. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe si wowɔ dɔ na eye wòna mete ŋu zɔna alo ƒoa nu nyuie o kpɔe be yeate ŋu akpɔ gome le magazine mama dɔa me ne srɔ̃aŋutsu tɔ woƒe ʋu ɖe afisi ame geɖewo tona. Gbeɖeka la, ena magazine 80 le gaƒoƒo eve pɛ ko me! Wò nɔnɔmea agate ŋu aʋu mɔ na wò nàdo go amesiwo kpɔkpɔ sesẽna. Ne nenemae la, ekema na woazu anyigbamama tɔxɛ na wò.
3 Wò gbeƒãɖeɖe ate ŋu atse ku ale gbegbe! Ne amewo kpɔ wò veviedodonu kple ŋusẽ nyui si Biblia ƒe nyateƒea le kpɔkpɔm ɖe wò agbe dzi la, aʋã wo be woaɖo to Fiaɖuƒegbedasia. Gawu la, ne èdo go amesiwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la, nuteƒekpɔkpɔ siwo su asiwò le agbe me ate ŋu ana nàzã Mawu ƒe Nya la atsɔ afa akɔ na woe.—Kor. II, 1:4.
4 Do Ŋusẽ Ame Bubuwo: Ðe Laurel Nisbet, amesi nɔ dzitodzitomɔ̃ me ƒe 37 sɔŋ eye wòkpe ɖe ame 17 ŋu wova dze si Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ ƒe agbemeŋutinya mede dzi ƒo na wò oa? Nenema ke wò hã wò kpɔɖeŋua ate ŋu ade dzo haxɔsetɔwo me be woawɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me.—g93 1/22 axa 18-21.
5 Ne wò nɔnɔmea mena nète ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me abe alesi nèdii ene o hã la, àgate ŋu ado ŋusẽ ame bubuwo godoo. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Meva de dzesii be amesi zu wɔametɔ keŋkeŋ hã ate ŋu anye kpekpeɖeŋu na ame bubuwo. Mía kple srɔ̃nye míenye kpekpeɖeŋutsoƒe aɖe na ame vovovowo le hamea me. Le míaƒe nɔnɔmea ta la, míenɔa afisia ɣesiaɣi, hetsɔa mía ɖokui nana ɣesiaɣi.” Gake esi nènye wɔametɔ ta gɔmesese le eŋu be màte ŋu awɔ nu ɣesiaɣi wòasɔ kple dzo si le mewò o. Ke hã, àte ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me bliboe ne wona kpekpeɖeŋu aɖe wò. Eyata ne èhiã kpekpeɖeŋu aɖe la, mègahe ɖe megbe le etsɔtsɔ ɖo hamemegãwo alo ame bubu siwo le hamea me siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò la ŋkume o.
6 Yehowa kpɔa agbagba siwo katã dzem nèle le esubɔsubɔ me, eye wò luʋɔ blibo me subɔsubɔ dzea eŋu. (Ps. 139:1-4) Ne èɖo ŋu ɖe eŋu la, ate ŋu ado ŋusẽ wò be nàkpɔ dzidzedze le wò subɔsubɔdɔa me eye wòatse ku geɖe.—Kor. II, 12:7-10.