April—Enye ‘Agbagbadzedze Kple Kutrikuku’ ƒe Ɣeyiɣi
1 Kwasiɖa siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia ɖuɣi kple esiwo kplɔe ɖo nyea ŋugbledeɣi na Yehowa ƒe amewo. Enye ɣeyiɣi si míatsɔ ade ŋugble le nusi Kristo ƒe kua wɔ ŋu eye míabu mɔkpɔkpɔ si Mawu na mí to Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi dzi la ŋu. Ne ètsɔ susu yi ƒe si va yi ƒe April 19 lia dzi la, nuka dzie nèɖoa ŋkui? Àte ŋu aɖo ŋku amesiwo nèkpɔ le fiẽ ma, gbɔgbɔmenɔnɔme nyui si nɔ Ŋkuɖodzia ɖuƒe, kple Biblia me numedzodzro vevi si yi edzi kpakple gbedodoɖa siwo tso dzime la dzia? Ànya ɖoe kplikpaa ɣemaɣi be yeaɖe alesi gbegbe yekpɔ ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ si Yehowa kple Yesu ɖe fia wò ŋu afia bliboe. Dɔ kae ŋugbledede alea wɔna ɖe dziwò?
2 Edze ƒã be Yehowa ƒe amewo ɖea akpedada si yi ŋgɔ wu egbɔgblɔ kple nu ko fiana. (Kol. 3:15, 17) Vevietɔ le ƒe si va yi ƒe April me la, míewɔ nu tsɔ ɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe xɔname ŋu la ŋuti fia esi míewɔ dɔ geɖe le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ ɖo 7,117, eye wodzi ɖe edzi ame 80 le alafa me wu ƒe si do ŋgɔ ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ. Woƒe agbagbadzedze, tsɔ kpe ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖela bubuawo katã tɔ ŋu na míekpɔ agbɔsɔsɔ gbogbotɔ yeyewo le gaƒoƒo, tɔtrɔyiwo, kple aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me. Míaƒe dzidzɔ gba go esi míekpɔ be míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ akpe geɖe gɔme eye míekpɔ Ŋkuɖodzivalawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye!
3 Nyateƒee, kakaɖedzi si le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu ʋãa mí ɖe dɔwɔwɔ ŋu. Ðeko wòle abe alesi apostolo Paulo ŋlɔe ene be: ‘Esia ŋuti hã míedzea agbagba, eye míekua kutri ɖo; elabena míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo Mawu gbagbe, si nye amewo katã xɔla, vevietɔ xɔsetɔwo tɔ la dzi.’—Tim. I, 4:10.
4 Aleke nàɖe dzixɔse afia ɖe ɖoɖo siwo Yehowa wɔ ɖe agbe ŋu la ŋuti le Ŋkuɖodziɖuɣi siae? Le ƒe si va yi ƒe April me la, míeɖo Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ enelia si míekpɔ kpɔ le Ghana la gbɔ. Ðe míate ŋu ato xexlẽme sia ŋu le April mea? Míate ŋui. Gake ele be gbeƒãɖela, esiwo xɔ nyɔnyrɔ kple esiwo mexɔe haɖe o siaa, nakpɔ gome le eme. Ðewohĩ ame yeye geɖe hã adze akpɔ gome le eme. Eyata esi nèle ɖoɖo wɔm be yeawɔ dɔ sesĩe ahaku kutri le April sia me la, bu mɔ siwo nu nàto ade dzi ƒo na ame bubuwo, tsɔ kpe ɖe ame yeyewo kple amesiwo mekpɔ nuteƒe boo o ŋu, be woawɔ dɔ kpli wò ŋu.
5 Kpekpeɖeŋu Nana Ame Aɖewo be Woagadze Dɔ Gɔme: Ne ènya ame aɖewo siwo megayi gbeadzi kpɔ o ɣleti ɖeka alo eve la, àte ŋu ade dzi ƒo na wo ahakpe wo be woayi gbeadzi kpli wò. Ne hamea me tɔ aɖewo dzudzɔ gbeadziyiyi la, hamemegãwo adze agbagba vevie ava srã wo kpɔ ahade dzi ƒo na wo be woagadze egɔme ake le April me.
6 Ele be mí katã míayi edzi abia Yehowa ƒe gbɔgbɔ be wòakpe ɖe mía ŋu le eƒe subɔsubɔdɔa me. (Luka 11:13) Nukae wòle be míawɔ be míaxɔ gbɔgbɔ ma? Xlẽ Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me. (Tim. II, 3:16, 17) Ele be ‘míase nusi gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo’ hã to kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpe atɔ̃awo katã dede me. (Nyaɖ. 3:6) Fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si me míakpe ɖe amesiwo medea gbeadzi edziedzi o kple amesiwo dzudzɔ gbeadziyiyi ŋu be woatu ɖokuisinusɔsrɔ̃ ɖo eye woawɔ ɖoɖo ava kpekpe ɖesiaɖe. (Ps. 50:23) Míewɔa esia esi míele ŋku lém ɖe mía ŋutɔwo ƒe gbɔgbɔmenyonyo ŋu. Gake nu bubu aɖe hã hiã.
7 Apostolo Petro gblɔ be Mawu naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ‘amesiwo ɖoa to eyama be enye dziɖula.’ (Dɔw. 5:32) Toɖoɖo sia ƒe akpa aɖee nye wɔwɔ ɖe sedede be ‘míaɖe gbeƒã na amewo eye míaɖi ɖase tsitotsito’ la dzi. (Dɔw. 1:8; 10:42) Eyata togbɔ be enye nyateƒe be míehiã Mawu ƒe gbɔgbɔ be wòado ŋusẽ mí míaɖe gbeƒã hã la, enye nyateƒe hã be ne míedze egɔme ɖee fia be míedi be míadze Yehowa ŋu la, ekpena ɖe mía ŋu geɖe wu. Megadzɔ gbeɖe be míabu toɖoɖo faa ƒe afɔ gbãtɔ mawo ɖeɖe nu tsɛe o!
8 Kpekpeɖeŋu Nana Ðeviwo: Dzilawo, ɖe miekpɔe be mia viwo di be yewoaƒo nu na ame bubu le nyateƒea ŋua? Ðe wonɔa mia ŋu mieyia gbeadzia? Woƒe agbenɔnɔ nye kpɔɖeŋu nyuia? Ne nenemae la, ke nukata miahe ɖe megbe? Mite ɖe Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti me tɔ ɖeka ŋu, eye miakpɔe ɖa nenye be mia via dze azu gbeƒãɖela le April sia me. (Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽa, axa 99-100.) Mide dzesii be mia viwo ate ŋu awɔ akpa geɖe le kafukafu tsɔtsɔ na Yehowa me le Ŋkuɖodziɖuɣi sia.—Mat. 21:15, 16.
9 Vidada Kristotɔ aɖe si le Georgia, U.S.A., dea dzi ƒo na vianyɔnuvi be wòaƒo nu tso Yehowa ŋu na ame bubuwo. Le ƒe si va yi me esi nyɔnuvia nɔ gbeadzi kple dadaa la, etsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa na ŋutsu aɖe eye wòƒo nu tso emenyawo ɖoƒea ŋu kpuie. Ŋutsua biae be: “Ƒe nenie nèxɔ?” Nyɔnuvia ɖo eŋu be: “Ƒe adre.” Ewɔ nuku na ŋutsua be nyɔnuvia te ŋu ƒo nu gɔmesese nɔ eŋu nenema. Ŋutsua gblɔ be wonyi ye le nyateƒea me gake yemetsɔe vevie henɔ agbe ɖe enu o. Eteƒe medidi o wova nɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kple ŋutsua, srɔ̃a, kpakple vianyɔnu.
10 Ðevi geɖe nye gbeƒãɖelawo xoxo, eye míekpɔa dzidzɔ ne wole dɔ wɔm kpli mí le gbeadzi. Ðevi siawo ate ŋu aʋã wo tɔ ɖevi bubuwo ahade dzi ƒo na wo. Gake April ganye ɣeyiɣi nyui si me ƒomewo ate ŋu ado ŋusẽ woƒe ƒomekadodowo ahatu woƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖo esi wole dɔ wɔm ɖekae le subɔsubɔ kɔkɔe me. Ele be ƒome ƒe tawo naxɔ ŋgɔ le esia wɔwɔ me.—Lod. 24:27.
11 Kpekpeɖeŋu Nana Ame Yeyewo: Ke ame yeye siwo nèle Biblia srɔ̃m kpli ya ɖe? Ðe woate ŋu awɔ akpa aɖe le agbagba tɔxɛ si míadze le April me la mea? Ðewohĩ wogblɔ be yewodi be yewoagblɔ nusi srɔ̃m yewole na ame bubuwo esi mienɔ Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 2, memama 22, alo ta 11, memama 14 srɔ̃m. Ne miegogo agbalẽa ƒe nuwuwu la, dzra ɖo nàɖe nya sia me nyuie ne miele ta 18, memama 8 srɔ̃m, afisi gblɔ be: “Ðewohĩ èdi vevie be yeagblɔ nusiwo yele sɔsrɔ̃m na yeƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple ame bubuwo. Nyateƒee, ɖewohĩ èle esia wɔm xoxo, abe alesi Yesu gblɔ nyanyuia na ame bubuwo le vome ene. (Luka 10:38, 39; Yoh. 4:6-15) Fifia àdi be yeagawɔe geɖe wu ema.” Aleae wòle le amesiwo nèsrɔ̃a nu kpli gomea?
12 Ðe wò nusrɔ̃via xɔ Mawu ƒe Nya la dzi sea? Ðe wòtsɔa Biblia me gɔmeɖosewo wɔa dɔea? Ðe wòna eƒe agbenɔnɔ wɔ ɖeka kple Mawu ƒe dzidzenuwoa? Ðe wòdea hamea ƒe kpekpewoa? Ðe wòdi be yeasubɔ Yehowa Mawua? Ke nukata màde dzi ƒo nɛ be wòakpɔ hamemegãwo ale be woakpɔe ɖa nenye be edze azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ eye wòawɔ dɔ kpli wò le April me o? (Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽa, axa 97-9.) Le mɔ sia nu la, eya ŋutɔ ava kpɔ alesi Yehowa ƒe habɔbɔa ado alɔe le eƒe agbagbadzedze be yeasubɔ Yehowa me.
13 Enye nyateƒe be nusrɔ̃vi aɖewo yia ŋgɔ kabakaba wu bubuwo. Eyata le ɖekawɔwɔ me kple mɔfiame si wona le June 2000 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 8, memama 5-6 me la, ame geɖe srɔ̃ agbalẽ evelia aɖe kple amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbã gake wòva hiã be woagana kpekpeɖeŋu wo be woade ha kpli mí nyuie. Míebua mɔkpɔkpɔ le dzianukwaretɔ siawo ŋu gbeɖe be woava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwo, ‘le ɣeyiɣi kpui aɖe alo ɣeyiɣi didi aɖe me’ o. (Dɔw. 26:29) Ke hã ne woate ŋu agblɔ le ɣleti siwo nètsɔ le nu srɔ̃m kple amesiawo tɔgbe ŋu be enye ‘ɣeyiɣi didi’ la, ɖe Ŋkuɖodziɖuɣi sia ate ŋu anye mɔnukpɔkpɔ nyui na wò nusrɔ̃via be wòadze egɔme aɖe alesi gbegbe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Kristo ƒe tafea ŋu de toe afiaa?
14 Alesi Woakpe Ðe Wo Ŋu Woakpɔ Gome le Eme: Míesrɔ̃a nu geɖe le alesi Yesu na hehe ame bubuwo me dzodzro me ne míele kpekpeɖeŋu nam amesiwo dze be woadze gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ gɔme. Mekpɔ ameha aɖe ko gblɔ na eƒe apostolowo be woaƒo nu na wo o. Gbã, ete gbe ɖe alesi gbeƒãɖeɖedɔa hiãe dzi, ede dzi ƒo na wo be woatsɔ gbedodoɖa awɔe, eye azɔ wòna nu vevi etɔ̃ su wo si: amesi woazɔ kpli, anyigbamama si me woawɔ dɔ le, kple nya si woava gblɔ. (Mat. 9:35-38; 10:5-7; Mar. 6:7; Luka 9:2, 6) Àte ŋu awɔ nenema ke. Eɖanye viwò, nusrɔ̃vi yeye, alo ame aɖe si mebu gbeadzisubɔsubɔ kɔnta hena ɣeyiɣi aɖe ŋue nèle kpekpem ɖo o, asɔ be nàdze agbagba vevie aɖo taɖodzinu siwo gbɔna gbɔ.
15 Te Gbe Ðe Hiahiãa Dzi: Na amea nakpɔ gbeƒãɖeɖedɔa ƒe vevienyenye adze sii. Gblɔe kple kakaɖedzi. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo fia nusi hamea te ŋu le wɔwɔm le subɔsubɔdɔa me. Ðe nɔnɔme si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le Mateo 9:36-38 la fia. De dzi ƒo na amesi gbɔna gbeƒãɖela zu ge alo amesi dzudzɔ gbeadziyiyi la be wòado gbe ɖa le eya ŋutɔ ƒe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me kple xexeame katã ƒe dɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu.
16 Na Amea Nabu Ðaseɖiɖi ƒe Mɔnukpɔkpɔ Geɖe Siwo Li Ŋu: Gblɔ nɛ be ate ŋu akpe kple hamea ƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo me tɔwo ava ɖi ɖase tso aƒeme yi aƒeme. Ƒo nu tso dzeɖoɖo na ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo alo nuƒoƒo na dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo le ŋdɔnuɖuɣiwo ŋu. Ne míeɖo ʋu le mɔ zɔm la, woate ŋu adze dzeɖoɖo gɔme to ɖetsɔleme ɖeɖefia hati mɔzɔlawo me. Ne míexɔ ŋgɔ wɔ nu la, esia ʋua mɔ ɖi be míaɖi ɖase nyuie. Nyateƒee, nɔnɔme geɖe li siwo me míaƒo nu tso míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu na ame bubuwo “gbawotsyogbe.”—Ps. 96:2, 3.
17 Gake ɖewohĩ anyo be mia kple gbeƒãɖela yeyea miawɔ dɔ tso aƒeme yi aƒeme kaba alesi wòanya wɔ. Ne èɖoe taɖodzinui be yeadzi yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi le April me la, ke bia anyigbamamadzikpɔla ne anyigbamama aɖe li si asɔ na wò. Ne ɖe li la, ke aʋu mɔ ɖi na wò be nàwɔ dɔ le eme tsitotsito. Le kpɔɖeŋu me, ne èkpã le gbeadzi alo èyina kpekpewo alo teƒe bubuwo la, ɖewohĩ àkpɔe be ame aɖe le aƒe si me mèdo go ame aɖeke le tsã o me alo afisi woɖe ɖetsɔleme fia le. Ne esɔ la àte ŋu ayi aɖaƒo nu na amea kpuie le ɣeyiɣi si asɔ wu me. Esia wɔwɔ ana nàse le ɖokuiwò me be yele dɔa wɔm eye ana nàkpɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔa me.
18 Dzra Dzeɖonya Dodzidzɔname aɖe Ðo: Ame ate ŋu adi be yeagblɔ Fiaɖuƒegbedasia na amewo ya, gake ate ŋu asesẽ nɛ be wòatsɔ kakaɖedzi agblɔe, vevietɔ ne amea nye ame yeye alo amesi megade gbeadzi kpɔ o ɣeyiɣi didi aɖe. Kpekpeɖeŋu nana ame yeye kple amesiwo dzudzɔ gbeadziyiyi be woadzra ɖo nye ɣeyiɣi zazã nyuie. Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo ate ŋu anɔ Subɔsubɔkpekpea kple kpekpe hena gbeadziyiyi me ya, gake naneke mate ŋu axɔ ɖe ame ŋutɔ ƒe dzadzraɖo teƒe o.
19 Aleke nàte ŋu akpe ɖe ame yeyewo ŋu be woadzra ɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋui? Dze egɔme kple magazine nana, eye na wòanɔ bɔbɔe ahanɔ kpuie! Na woabu nya siwo wogblɔ le nyadzɔdzɔwo me siwo me amesiwo le anyigbamamaa me atsɔ ɖe le ŋu, eye nàdi magazine yeye siwo ƒo nu tso eŋu. Mito dzeɖonyaa me ɖekae, eye mizãe le subɔsubɔdɔa me kaba alesi miate ŋui.
20 Milé Fɔ Ðe Nusi Ana Míakpɔ Dzidziɖedzi le Etsɔme Ŋu: Ƒe si va yi me la, amesiwo wu miliɔn 14.8 ye va Ŋkuɖodzia le xexeame katã. Gbeƒãɖela siwo bu akɔnta ɣemaɣi ƒe xexlẽme gbɔ miliɔn ade ŋu vie ko. Esia fia be amesiwo ade miliɔn 8.8 tsɔ ɖe le nyaa me ale gbegbe be wova wɔna tɔxɛ sia wɔƒe afisi woɖe Biblia me nufiafia veviwo dometɔ ɖeka me na wo le. Wova dze si mía dometɔ aɖewo, si anya wɔ dɔ nyui ɖe wo dzi. Wo dometɔ geɖe ƒoa nu nyui tso mía ŋu, wodzɔa nu tsɔ doa alɔ míaƒe xexeame katã ƒe dɔa, eye woʋlia mía ta le ame bubuwo ŋkume. Ame gbogbo siawo ate ŋu ana míakpɔ dzidziɖedzi le etsɔme. Nukae míate ŋu awɔ akpe ɖe wo ŋu woagawɔ ŋgɔyiyi?
21 Mía ŋutɔwoe kpea amesiwo vaa Ŋkuɖodzia ƒe akpa gãtɔ be woava. Esia fia be zi geɖe la, wodze si ame ɖeka ya teti le nyaselawo dome. Ne míekpe ame aɖe wòva la, enye míaƒe agbanɔamedzi be míana wòaɖe dzi ɖi eye míakpe ɖe eŋu wɔnaa naɖe vi nɛ bliboe. Esi ame geɖe ava akpataa me ta la, kpe ɖe eŋu wòakpɔ nɔƒe. Tsɔ Biblia nɛ, eye gblɔ nɛ be wòakpɔ wò hadzigbalẽa dzi. Ðo biabia ɖesiaɖe si wòabia ŋu. Alesi nàtsɔ dzidzɔ avo ɖe eŋui la ate ŋu anye nu vevi aɖe le eƒe ɖetsɔleme tutuɖo me. Le nyateƒe me la, nusia nye mí katã ƒe agbanɔamedzi—ne míekpɔ ame yeye aɖe la, míatsɔ vividoɖeameŋu ado dzaa nɛ eye míaɖo dze kplii kpuie atsɔ adze sii.
22 Ŋkuɖodzia vava ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe tamebubu dzi ŋutɔŋutɔ. Amea ƒe kpekpea vava ate ŋu afia be mekpɔ nusi dim wòle la le teƒe bubuwo o eye be ede dzesi nane le mía ŋu si me wòdi be yeaku nyuie. Tafe wɔnukua me ɖeɖe ate ŋu aʋu ŋku na amesi menya naneke le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si seɖoƒe meli na o la ŋu o. Ðewohĩ akpɔe enumake be míeto vovo—be míeɖia anukware, míedoa vivi ɖe ame ŋu, míelɔ̃a ame, eye míedea bubu ame ŋu. Míaƒe akpataa mele abe nusi ɖewohĩ wòkpɔ le sɔlemeha siwo me nɔnɔmewɔwɔwo le eye wowɔa kɔnu manyatalenuwo le ene o. Ame yeyewo akpɔe godoo be agbe me nɔnɔme vovovowo mee nyaselawo tso eye womedzɔa ga le amewo si o. Nusiawo nyanya ate ŋu anye nu sẽŋu aɖe si ana woagatrɔ ava.
23 Le Ŋkuɖodzia megbe la, ele be ame aɖe nanɔ ŋudzɔ akpe ɖe ame yeye siwo va ŋu. Ne èkpe ame yeyewo vɛ la, ke agba tɔxɛ aɖe le dziwò. Hafi woadzo la, kpɔ egbɔ be wonya nu tso kpekpe bubu siwo wowɔna le Fiaɖuƒe Akpataa me ŋu. Yɔ dutoƒonuƒo si woava ƒo la ƒe tanya na wo. Gblɔ afisi wowɔa Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ si te ɖe wo ŋu wu kple gamea na wo. Emegbe tsɔ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ alo Creator-gbalẽa (ɖesiaɖe si sɔ) na wo, eye na woanya akpa si me woadzro le April 30 kwasiɖaa me. Ðe nusita hame bliboa le ɖoɖo wɔm be yewoade nutome sue takpekpe si woava wɔ kpuie la me na wo.
24 Wɔ ɖoɖo nàva srã wo kpɔ xɔlɔ̃wɔwɔtɔe le woƒe aƒeme. Kpɔ egbɔ be Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa kple Sidzedze-gbalẽ, siwo me woasrɔ̃ Biblia me nufiafia veviwo le la su wo si. Ne womele nu srɔ̃m haɖe o la, gblɔ be yeasrɔ̃ Biblia kpli wo. Ðo aɖaŋu na wo be woaxlẽ Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ gbadza, si ƒo nu tso alesi míaƒe habɔbɔa wɔa dɔe ŋu eme kɔ nyuie. Kpe wo be woakpɔ míaƒe videowo, si ƒe ɖee nye Our Whole Association of Brothers. Wɔ ɖoɖo na wo be woadze si hamea me tɔ bubuwo. Na kadodo nanɔ mia kpli ame yeyewo dome le ɣleti siwo kplɔe ɖo me; kpe wo be woava kpekpeawo ne nutome sue dzikpɔla va srã mi kpɔ alo ne miele nutome sue takpekpe alo ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ yi ge. Na mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe wo be woaɖee afia be yewonye amesiwo ‘ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ.’—Dɔw. 13:48.
25 Nusi Hamemegãwo Ate Ŋu Awɔ: Agbagba geɖe wu si míadze le subɔsubɔdɔa me le April sia me ƒe akpa gã aɖe nɔ te ɖe hamemegãwo dzi. Ne agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlae nènye la, ŋlɔ nusiwo nàte ŋu awɔ akpe ɖe amesiame ŋu le wò agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒoa me be woakpɔ gome le dɔ tɔxɛawo wɔwɔ me ɖi. Ðe ame aɖewo le miaƒe ƒuƒoƒoa me siwo nye ɖeviwo, ame yeyewo, amesi medea gbeadzi edziedzi o, alo amesi dzudzɔ gbeadziyiyia? Kpɔe ɖa nenye be dzilawo, mɔɖelawo, alo gbeƒãɖela bubuwo xɔ ŋgɔ le kpekpeɖeŋu nam wo. Na kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si wò ŋutɔ nàte ŋu ana. Nɔvinyɔnu aɖe si megadea gbeadzi edziedzi o ƒe eve sɔŋ zã gaƒoƒo 50 le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me le ƒe si va yi ƒe April me. Nuka gbɔe eƒe tɔtrɔ sia tso? Egblɔ be hamemegãwo ƒe sasrãkpɔ tuameɖowo gbɔe wòtso.
26 Ele be hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo nawɔ nu aduadu atsɔ akpɔ egbɔ be anyigbamama si asu, magazinewo, kple agbalẽwo li woazã le ɣleti si gbɔna me. Ðe miate ŋu agawɔ ɖoɖo bubuwo ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋua? Ne nenemae la, mina woanya nu tso ɖoɖo tɔxɛ mawo ŋu. Ƒo ye katã ta la, mibia Yehowa ƒe yayra ɖe ɣleti si me míadzi míaƒe Fiaɖuƒedɔa ɖe edzi la dzi le miaƒe dutoƒo gbedodoɖawo kple mia ŋutɔwo tɔwo me.—Rom. 15:30, 31; Tes. II, 3:1.
27 Le ƒe si va yi ƒe April me la, hame aɖe si le North Carolina ƒe hamemegãwo de dzi ƒo ɖe subɔsubɔdɔa dzidziɖedzi ŋu ŋutɔ. Wode dzi ƒo na gbeƒãɖelawo le kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpeawo me be woabu eŋu le gbedodoɖa me akpɔe ɖa be woate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo katã wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ ƒo nu tso April wɔwɔ wòanye ɣleti nyuitɔ wu ŋu. Nusi do tso emee nye be gbeƒãɖela 58 le alafa me wɔ mɔɖeɖedɔa le ɣleti ma me, eye hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo katã nɔ wo dome!
28 Dzidzɔ si Gomekpɔkpɔ le Eme Bliboe Hena Vɛ: Yayra kawoe míakpɔ ne ‘míedze agbagba heku kutri’ le subɔsubɔdɔa me? (Tim. I, 4:10) Hamemegã siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi ŋlɔ le woƒe hamea ƒe dɔwɔwɔ veviedodotɔe le ƒe si va yi ƒe April me ŋu be: “Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒoa nu tso alesi gbegbe wova lɔ̃ wo nɔewo hete ɖe wo ŋu wui tso esime wodze dɔ geɖe wɔwɔ gɔme le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ŋu.”
29 Edzro nɔviŋutsu sue aɖe si mete ŋu zɔna o vevie be yeakpɔ gome le dɔ tɔxɛ si wowɔ le ƒe si va yi ƒe April me la me. Ðoɖo nyui si wòwɔ kple kpekpeɖeŋu si dadaa kpakple gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo nɛ wɔe be wòte ŋu zu kpekpeɖeŋu mɔɖela hewɔ dɔ geɖe le ɣletia me. Aleke wòse le eɖokui me le nusi wòte ŋu wɔ ŋu? Egblɔ be: “Mesee le ɖokuinye me zi gbãtɔ le nye agbe me be amee menye.”
30 Ðikeke mele eme o be Yehowa yraa amesiwo dea asixɔxɔ nuƒoƒo tso eƒe fianyenye ŋu ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu la geɖe. (Ps. 145:11, 12) Esi míele ŋku ɖom míaƒe Aƒetɔ ƒe ku dzi la, míenya be yayra siwo míakpɔ ɖe mawusosroɖa ƒe ɖokuitsɔtsɔna ta le etsɔme la asɔ gbɔ taŋ. Apostolo Paulo kpɔ mɔ na agbe mavɔ fetua vevie. Ke hã enya be menye nusi wòanɔ anyi ko anɔ mɔ kpɔm na ye wònye o. Eŋlɔ bena: “Nusi ta hã medzea agbagba ɖo, eye meʋlina le eƒe ŋusesẽ, si sẽa ŋu ŋusẽtɔe le menye la nu.” (Kol. 1:29) Yehowa to Yesu dzi do ŋusẽ Paulo be wòawu eƒe agbeɖeɖe ƒe subɔsubɔdɔa nu, eye Ate ŋu ado ŋusẽ míawo hã nenema ke egbea. Ðe wòava eme na wò alea le April sia mea?
[Aɖaka si le axa 3]
Amekawoe Nàte Ŋu Ade Dzi Ƒo Na be Woaɖe Gbeƒã le April Me?
Viwò yea? Biblia-nusrɔ̃vi yea?
Ame aɖe si dzudzɔ gbeƒãɖeɖe yea?