INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/03 axa 3-6
  • Nye Veviedola le Nu Nyui Wɔwɔ Me!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nye Veviedola le Nu Nyui Wɔwɔ Me!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ðe Gbeƒã Mawu ƒe Nya la Bliboe”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • ‘Ði Ðase Tso Nya Nyui La Ŋu Tsitotsito’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Yi Edzi Nànɔ Nu Ƒom tso Yehowa ƒe Nukudɔwo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Ðe Míate Ŋu Awɔ April 2000 Míaƒe Ɣleti Nyuitɔ Kekeakea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 3/03 axa 3-6

Nye Veviedola le Nu Nyui Wɔwɔ Me!

1 Esi míele ƒe 2003 Ŋkuɖodzia ɖuɣi gogom la, susu geɖewo le mía si siwo ta wòle be míanye ‘veviedolawo le nu nyui wɔwɔ me.’ (Pet. I, 3:13) Susu siwo tae dometɔ vevitɔe nye Yesu Kristo ƒe tafevɔsa si wona ɖe mía ta. (Mat. 20:28; Yoh. 3:16) Apostolo Petro ŋlɔ tso esia ŋu be: “Menye nu gbegblẽ, siwo nye klosalo alo sika la, wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ . . . me o, ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka mele o la, ƒe ʋu ene.” (Pet. I, 1:18, 19) Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe lɔlɔ̃ɖeɖefia gã sia ŋu ʋãa mí be míaƒo mía ɖokui ɖe nu nyui wɔwɔ me geɖe, elabena míenyae be Yesu “tsɔ eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mía ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!”—Tito 2:14; Kor. II, 5:14, 15.

2 Ne míewɔ nusi dzea Mawu ŋu la, míenɔa ƒomedodo nyui me kple eyama eye míeva nɔa eƒe ametakpɔkpɔ si me lɔlɔ̃ le la te. Petro gagblɔ be: “Amesi le didim be, yealɔ̃ agbe, eye yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la, . . . nete ɖa le vɔ̃ ŋu, eye wòawɔ nu nyui; nedi ŋutifafa, eye wòati eyome. Elabena Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu.” (Pet. I, 3:10-12) Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, yayra ka gbegbe wònye be míanya be Yehowa le mía ta kpɔm eye wòle klalo be yeawɔ aʋa ɖe mía nu, ‘ahalé be na mí abe eƒe ŋkuvi ene.’—Mose V, 32:10; Kron. II, 16:9.

3 Togbɔ be Kristotɔ gbãtɔ siwo Petro ŋlɔ eƒe agbalẽa na nɔ dodokpɔwo me tom hã la, dzonɔameme si nu metsina o ɖo wo me, eye woɖe gbeƒã nyanyuia wòde didiƒe ke. (Pet. I, 1:6; 4:12) Alea tututu wògale le Mawu ƒe amewo gome egbea. Togbɔ be míele ‘ɣeyiɣi vɔ̃ siwo me nɔnɔ sẽ’ me hã la, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe dɔmenyonyo ŋu ʋãa mí be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzonɔamemetɔe. (Tim. II, 3:1; Ps. 145:7) Mina míade ŋugble le dɔ nyui siwo míado vevie awɔ le Ŋkuɖodziɖuɣia dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

4 Kpe Amewo Woava Ŋkuɖodzia: Mɔ ɖeka si dzi míate ŋu ato aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe tafevɔsa ƒe nunana gãtɔ sia tae nye be míade Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzia si míeɖuna ƒe sia ƒe, si míaɖu le ƒe sia me le Kuɖa, April 16 lia dzi, le ɣeɖoto megbe. (Luka 22:19, 20) Le ƒe si va yi me la, hame 94,600 le xexeame godoo ƒe akɔntabubu fia be ame 15,597,746 ye de! Esia nye ame 220,000 siwo wu amesiwo de le ƒe si do ŋgɔ nɛ me.

5 Ame nenie ade le ƒe sia me? Esia ƒe akpa gãtɔ nɔ te ɖe míaƒe veviedodonu le dzidedeƒo na amewo be woawɔ ɖeka kpli mí dzi. Dze egɔme nàŋlɔ amesiwo katã nèdi be yeakpe la ƒe ŋkɔwo ɖi. Dze egɔme kple wò ƒometɔ kplikplikpliwo ƒe ŋkɔwo. Ne srɔ̃wò nye dzimaxɔsetɔ la, gblɔ alesi nèdi vevie be mia kpli miade la nɛ. Srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ aɖe gblɔ be yede Ŋkuɖodzia le ƒe si va yi me elabena yekpɔe be yeƒe afima nɔnɔ le vevie ŋutɔ na ye srɔ̃. Eyome wò ƒometɔ bubuwo, aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, alo sukuhatiwo nakplɔe ɖo. Ðoe kplikpaa nàkpe wò Biblia-nusrɔ̃viwo.

6 Ne èŋlɔ ŋkɔawo vɔ la, wɔ ɖoɖo nàkpe wo dometɔ ɖesiaɖe. Zã Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviwo. Tsɔ asi alo mɔ̃ nàŋlɔ gamea kple teƒe si woaɖu Ŋkuɖodzia le ɖe amekpegbalẽvia te be wòana amewo naɖo ŋku afisi woaɖui le kple ɣeyiɣia dzi. Ne April 16 le gogom la, gatrɔ yi amesiwo ƒe ŋkɔ nèŋlɔ la gbɔ alo ƒo ka na wo nàtsɔ aɖo ŋku edzi na wo. Mina míakpe ɖe ame geɖe alesi míate ŋui ŋu be woava wɔna kɔkɔe sia wɔƒe.

7 Kpe Ðe Ŋkuɖodzivalawo Ŋu: Ŋkuɖodzi ɖuɣi ƒe zã ɖesiaɖe nyea ɣeyiɣi dodzidzɔname ɣesiaɣi. Mɔnukpɔkpɔ sua mía si be míado wòezɔ na amesiwo mevaa míaƒe kpekpewo ɣesiaɣi o. Wɔ ɖoɖo be nàva ɖo kaba, eye nànɔ anyi vie le kpakpã vɔ megbe alesi mia gbɔ nɔnɔmewo ɖe mɔe. Zã mɔnukpɔkpɔa nàtsɔ anya ame yeye siwo va. Do vivi ɖe amewo ŋu eye nàɖe amedzrowɔwɔ afia.—Rom. 12:13.

8 Ðe míate ŋu akpe ɖe Ŋkuɖodzia valawo dometɔ aɖewo ŋu be woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi to aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kpli wo dzia? Dze agbagba nàxɔ vavala siwo ame aɖeke mele nu srɔ̃m kpli wo fifia o ƒe ŋkɔwo kple adrɛs be nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu. Kpekpeɖeŋu nana wo lɔlɔ̃tɔe ate ŋu ana amesiawo dometɔ aɖewo nadze azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo hafi ƒe si gbɔna ƒe Ŋkuɖodzia naɖo. Ne èle amesiwo va Ŋkuɖodzia srãm kpɔ la, kpe wo be woava se nuƒo tɔxɛ si woaƒo le April 27 lia dzi la.

9 Àte Ŋu Awɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa le Ŋkuɖodzi Ðuɣi Sia? Dzonɔameme si nɔa mía me na Yehowae ʋãa mí ƒe sia ƒe be míaƒo mía ɖokui ɖe subɔsubɔdɔa me geɖe le teokrasi dɔwɔɣi ƒe ɣleti tɔxɛawo me. Le kpɔɖeŋu me, le March 2002 me la, gbeƒãɖela 6,555 wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Yehowa ƒe yayra wɔe be míekpɔ dzidziɖedzi le subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia akpa, eye ame 237,309 ye de Ŋkuɖodzia. Esia fia be dɔwɔwɔ ɖekae le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me dzonɔamemetɔe le Ŋkuɖodzi ɖuɣia ate ŋu awɔe be nu nyuiwo nado go tso eme.

10 Hame aɖe si me gbeƒãɖela 107 kple gbesiagbe mɔɖela 9 le la ka nya ta be April si va yi nye “ɣleti tɔxɛ si ɖe dzesi vevie,” esi ame 53 wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa, siwo dome hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo katã nɔ. Aleke hamemegãwo tu dzonɔameme ɖo ɖe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu le ɣleti ma mee? Wodze egɔme kaba hede dzi ƒo na ame geɖewo be woaƒo wo ɖokui ɖe eme. Wowɔ kpekpe hena gbeadziyiyi le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi vovovowo me be wòade amesiame dzi le hamea me. Wote gbe ɖe telefon dzi ɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ dzi ŋutɔ, vevietɔ na dɔnɔwo.

11 Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 86, si mete ŋu zɔna o le lãmesẽkuxiwo ta la de asi agbalẽ te be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Edzea egɔme ŋdi tsɔa gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ɖia ɖase na amewo le telefon dzi esime wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe dzodoƒekplɔ̃ ŋu, eɖina ɖe eme gaƒoƒo ʋɛ aɖewo, emegbe wògayia edzi. Amesiwo wòƒo ka na dometɔ ɖeka srɔ̃ŋutsu kpakple viŋutsuvi eve siwo le woƒe ƒewuiwo me ku le ƒe eve siwo va yi me eye mese nusita Mawu ɖe mɔ afɔku mawo tɔgbe dzɔ ɖe edzi la gɔme o. Eɖi ɖase nɛ tsitotsito, eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Telefon dzi ɖaseɖiɖi le fiẽwo me kple le ɣeyiɣi bubuwo nyea mɔ vevi siwo dzi míate ŋu ato ake ɖe amesiwo le aƒe alo nuto siwo gbɔ menya ɖona bɔbɔe o la ŋu. Ekpena ɖe gbeƒãɖelawo ŋu hã be woake ɖe amesiwo menɔa aƒeme le ŋkeke me o hã ŋu.

12 Hamemegãawo ƒo woƒe nyatakaka la ta be: “Míekpɔ dzidzɔ le ewɔwɔ me ale gbegbe eye míeda akpe geɖe ɖe mɔnukpɔkpɔ kple yayra siwo Yehowa dudu ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe dzi ta.” Ne miaƒe hamea hã wɔ ɖoɖo nyuie la, miate ŋu akpɔ yayra ma tɔgbe.

13 Midze Agbagba Amesiame Nakpɔ Gome le Subɔsubɔdɔa me Bliboe: Lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple mía haviwo ʋãa mí be míaƒle ɣeyiɣi ɣleti sia ɣleti atsɔ agblɔ nyanyuia na ame bubuwo. (Mat. 22:37-39) Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo nadze agbagba ado alɔ amesiwo le woƒe ƒuƒoƒoa me be woakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me ɣleti sia ɣleti. Mɔ nyuitɔ si dzi woate ŋu ato awɔ esiae nye ɖoɖo wɔwɔ do ŋgɔ kple ame ɖekaɖeka aɖewo le ƒuƒoƒoa me be woakpɔ gome kpli wo le subɔsubɔdɔa me. Anyo be woadze egɔme kaba tsɔ wu be woalala ɣletia nayi enu wu ge hafi woatso ɖe eŋu. Esia ana mɔnukpɔkpɔ geɖe mi be miana kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le.

14 Ðe gbeƒãɖela siwo ƒe lãme gblẽ le miaƒe ƒuƒoƒoa me, siwo wòsesẽna na be woakpɔ gome le subɔsubɔdɔa mea? Ne wo dometɔ aɖewo le dɔnɔkɔdziwo alo tsi aƒeme la, eme kɔ be ɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ sue aɖewo koe ate ŋu asu wo si. Gake mɔnukpɔkpɔ sue si su wo si ŋudɔwɔwɔ nyuie ana woƒe kekeli naklẽ, eye woate ŋu aʋã amesiwo kpɔ woƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ be woatsɔ ɖe le nyateƒea me vevie. (Mat. 5:16) Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nakpɔ egbɔ be amesiawo nyae be woate ŋu abu woƒe gbeadzikɔnta si nye tso miniti 15 tsɔ yi. Ɣeyiɣi si wozã tsɔ ɖi ɖase ŋuti kɔnta bubu doa ŋusẽ gbeƒãɖela wɔnuteƒe siawo, eye wònaa dzidzeme wo. Ekpena ɖe mía ŋu hã be Mawu ƒe amewo ƒe xexeame katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋuti nyatakakawo dena pɛpɛpɛ.

15 Sɔhɛ Siwo Kua Kutri le Nu Nyui Wɔwɔ Me! Aleke gbegbee wòdoa dzidzɔ na ame be woakpɔ Kristotɔ sɔhɛ siwo le woƒe ŋutete kple ŋusẽ zãm tsɔ le Yehowa subɔm enye esi! (Lod. 20:29) Ne sɔhɛe nènye la, aleke nàte ŋu aɖe dzonɔameme si le mewò ɖe Yehowa ŋu afia le dɔwɔna tɔxɛ ƒe ɣleti siawo mee?

16 Ne mènye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ le hamea me haɖe o la, ɖe nàte ŋu aʋli aɖo egbɔa? Bia nya siawo ɖokuiwò: ‘Ðe Biblia me nyateƒea ƒe gɔmedzenufiafia ŋuti gɔmesese su asinyea? Ðe medi be makpɔ gome le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa mea? Ðe meɖoa kpɔɖeŋu nyui le nye agbenɔnɔ mea? Ðe mete ŋu ʋua nye dzixɔsewo me na amewo to nyanyuia gbɔgblɔ na wo mea? Ðe wòʋãam tso dzime ke be mawɔ ema?’ Ne ète ŋu ɖo biabia mawo ŋu be ẽ la, ekema gblɔ wò didi be yeazu gbeƒãɖela na dziwòlawo. Dziwòlawo ate ŋu ate ɖe hamemegã siwo nye subɔsubɔkɔmitia me tɔwo ŋu.

17 Ne nyanyuigbeƒãɖelae nènye xoxo la, ɖe nàte ŋu awɔ miaƒe mɔkeɣia ŋudɔ nyuie akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enua? Ðoɖo nyui si sɔhɛ nyɔnyrɔxɔla geɖewo wɔ tsɔ kpe ɖe wo dzilawo ƒe kpekpeɖeŋu ŋu na wote ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Ne esia manya wɔ le gowò me o la, ekema ɖoe kplikpaa nàdzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzi. Ðo taɖodzinu na ɖokuiwò. Le gaƒoƒo ƒe taɖodzinu aɖe ɖoɖo vɔ megbe la, ɖo taɖodzinu bubu si ku ɖe wò subɔsubɔdɔa ƒe nyonyome ŋu. Ðewohĩ àte ŋu adze agbagba axlẽ ŋɔŋlɔ aɖe le ʋɔtru ɖesiaɖe nu, ana wò tɔtrɔyiwo nanyo ɖe edzi, adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme, alo akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe edzi atsɔ telefon dzi ɖaseɖiɖi alo subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubu aɖewo akpe ɖe eŋu. Ke taɖodzinu ɖoɖo be yeakplɔ aƒelika, sukuhati, alo ƒometɔ aɖe ava Ŋkuɖodzia le ƒe sia me ya ɖe? Gomekpɔkpɔ le teokrasidɔwo me bliboe ahe dzidzeme vɛ na wò eye wòade dzi ƒo na ame bubuwo le hamea me godoo.—Tes. I, 5:11.

18 Kpe Ðe Ame Yeyewo Ŋu be Woawɔ Ŋgɔyiyi: Le subɔsubɔƒe si va yi me la, míewɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 157,378 le mama dedie nu ɣleti sia ɣleti le Ghana. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nusrɔ̃vi siawo dometɔ geɖe awɔ ŋgɔyiyi aɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ. Gake hafi woate ŋu aɖo taɖodzinu ma gbɔ la, ele be míakpe ɖe wo ŋu be woadze azu nyanyui gbeƒãɖelawo. Esia nye afɔɖeɖe vevi aɖe le nufiafia ame yeyewo be woava zu Yesu Kristo yomedzelawo me. (Mat. 9:9; Luka 6:40) Biblia-nusrɔ̃vi aɖe le asiwò si le klalo be yeaɖe afɔ ma?

19 Ne meka ɖe wò nusrɔ̃via ƒe ŋgɔyiyi dzi o la, ke bia kpekpeɖeŋu tso miaƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla alo subɔsubɔdɔdzikpɔla gbɔ. Ðewohĩ àte ŋu akpee be wòanɔ anyi le miaƒe nusɔsrɔ̃a wɔɣi. Nuteƒekpɔkpɔ geɖe su nɔviŋutsu siawo si si woate ŋu atsɔ akpe ɖe ŋuwò le nusrɔ̃via ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyiwo dodokpɔ me. Aɖaŋuɖoɖo aɖewo ate ŋu anɔ wo si siwo akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòayi edzi awɔ gbɔgbɔme ŋgɔyiyi.

20 Ne wò nusrɔ̃via gblɔ eƒe didi be yeazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ na wò eye nèkpɔe be edze la, ekema gblɔe na dzikpɔla zimenɔla. Ana hamemegã eve nakpe kple mia kple nusrɔ̃via, eye woazã nya siwo le Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽa ƒe axa 98-9 atsɔ adzro nusrɔ̃via ƒe dzedze akpɔ me. (Mikpɔ Gbetakpɔxɔ, November 15, 1988, axa 17.) Ne wokafu nusrɔ̃via be edze azu gbeƒãɖela la, ele be nàdze hehenanae gɔme enumake. Ne enya dze gbeadzikɔntabubu nana gɔme ko la, woana hamea nanya be nusrɔ̃via zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Enye míaƒe mɔkpɔkpɔ be gbeƒãɖela yeye akpe nanewo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, aʋli aɖo taɖodzinu vevi sia gbɔ le dɔwɔna ƒe ɣleti tɔxɛ siawo me.

21 Ðoɖowɔwɔ Nana Wowɔa Dɔ Nyui Geɖe: Ðoɖowɔwɔ do ŋgɔ awɔ akpa vevi aɖe le míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le teokrasidɔ tɔxɛwo wɔwɔ le Ŋkuɖodzia ɖuɣi sia me. (Lod. 21:5) Nu geɖewo li siwo ŋu wòle be hamemegãwo nalé ŋku ɖo.

22 Be hamemegãwo nakpe ɖe hamea me tɔwo ŋu be woawɔ geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ele be woawɔ ɖoɖo tɔxɛ ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu le kwasiɖaa katã me kple kwasiɖa nuwuwuwo. Subɔsubɔdɔdzikpɔlae axɔ ŋgɔ le ɖoɖo siawo wɔwɔ me. Ðe miate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu le ŋdi kanya, le ɣetrɔ, alo fiẽ mea? Ele be woana hamea me tɔwo nanya ɖoɖo siawo katã. Anyo ŋutɔ ne woklã ɖoɖo sia ɖe gbeƒãɖeɖewo klãɖoƒe.

23 Ele be hamemegãwo nakpɔ egbɔ be wowɔ ɖoɖo nyuie ɖe Ŋkuɖodzia ɖuɖu ŋu do ŋgɔ na April 16. Esiawo ƒe ɖewoe nye kpekpe kple hame bubu siwo kpena le Fiaɖuƒe Akpata ma me na ɖoɖowɔwɔ, Fiaɖuƒe Akpataa dzadzraɖo, anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple amesiwo atsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae tiatia, kple alesi woawɔ akpɔ kpɔɖeŋunuawo. Ele be woana hamea nanya ɣeyiɣi kple teƒe si woaɖu Ŋkuɖodzia le kpakple tɔtrɔ ɖesiaɖe si miewɔ ɖe kpekpewo ŋu le kwasiɖa ma me. Ðoɖo wɔwɔ ɖe nusiawo ŋu moveviɖoɖotɔe ana ŋkuɖodzia ɖuɖu nayi edzi “alesi dze ɖe eteƒeteƒe.”—Kor. I, 14:40.

24 Ƒome ƒe tawo ate ŋu azã woƒe ƒomea ƒe nusrɔ̃ɣiwo ƒe akpa aɖe atsɔ adzro alesi woate ŋu akpɔ gome le Ŋkuɖodzi ɖuɣia ƒe dɔwɔna siwo dzi ɖe edzi mee la me. Ðe wò ƒome bliboa ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa? Alo ɖe ƒomea ate ŋu ado alɔ ƒomea me tɔ ɖeka alo eve be woawɔea? Ne ema manya wɔ o la, ekema ƒomea neɖo taɖodzinu aɖe koŋ na ɣeyiɣi geɖe zazã le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ðevi aɖe le ƒomea me siwo ahiã dzideƒo kple kpekpeɖeŋu vie be woate ŋu adze azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔa? Ame nenie míaƒe ƒomea ate ŋu akpe ava Ŋkuɖodzia le ƒe sia me? Ðoɖo nyui wɔwɔ ana miaƒe ƒomea nakpɔ yayra kple dzidzɔ geɖe.

25 Wɔ Ɣeyiɣi si Susɔ Ŋudɔ Nyuie: Esi apostolo Petro nɔ agbalẽ ŋlɔm na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo la, eɖo ŋku alesi nuwɔwɔ kpata hiã le ɣeyiɣi ma me dzi na wo elabena Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu nɔ aƒe tum. (Pet. I, 4:7) Egbea kpeɖodziawo katã ɖee fia be fifi xexeme sia ƒe nuwuwu gogo kura. Ele be míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ naɖe kakaɖedzi sia si le mía si afia. Esi míenye Yehowa subɔla veviedonulawo ta la, ele be míaƒe susu nanɔ nyanyuigbeƒãɖeɖedɔ si hiã kpata la ŋu.—Tito 2:13, 14.

26 Fifiae wòle be míaɖe dzonɔameme kple veviedodonu afia! De ŋugble le nusi Yehowa wɔ na wò, wò ƒomea, kple hamea ŋu. Togbɔ be míate ŋu axe nu gbogbo siwo míexɔna tsoa Yehowa gbɔ ƒe fe nɛ o hã la, míate ŋu atsɔ luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ anɛ. (Ps. 116:12-14) Dziƒoʋĩtɔ la atsɔ yayra aɖo míaƒe agbagbadzedzewo katã teƒe na mí. (Lod. 10:22) Neva eme be mí katã míanye ‘veviedolawo le nu nyui wɔwɔ me’ le ɣeyiɣi tɔxɛ sia si bia be míadzi míaƒe dɔwɔnawo ɖe edzi me, “bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi.”—Pet. I, 3:13; 4:11.

[Aɖaka si le axa 3]

Ŋkuɖodzivalawo le Xexeame Katã

1999 14,088,751

2000 14,872,086

2001 15,374,986

2002 15,597,746

[Aɖaka si le axa 4]

Amekawoe Nàkpe Va Ŋkuɖodzia?

□ Ƒometɔ kplikplikpliwo kple ƒometɔ bubuwo

□ Aƒelikawo kple ame nyanyɛwo

□ Dɔwɔhatiwo kple sukuhatiwo

□ Amesiwo gbɔ míetrɔ yina kple Biblia-nusrɔ̃viwo

[Aɖaka si le axa 5]

Kpe Ðe Ŋkuɖodzivalawo Ŋu

□ Do dzaa na wo vividoɖeameŋutɔe

□ Gbugbɔ trɔ yi wo gbɔ

□ Do Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe wo gbɔ

□ Kpe wo woava se nuƒo tɔxɛa

[Aɖaka si le axa 6]

Nukawoe Nye Wò Taɖodzinu le Ŋkuɖodzia Ðuɣi?

□ Agbagbadzedze be amesi nèkpe nade Ŋkuɖodzia

□ Agbagbadzedze azu nyanyuigbeƒãɖela

□ Gaƒoƒo ƒe taɖodzinu aɖe koŋ gbɔ ɖoɖo le subɔsubɔdɔa me

□ Ŋgɔyiyi wɔwɔ le subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe me

□ Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe