Yi Edzi Nànɔ Nu Ƒom tso Yehowa ƒe Nukudɔwo Ŋu
1. Yehowa ƒe nukudɔ siwo wɔ dɔ ɖe dziwò etɔxɛe dometɔ aɖewo ɖe?
1 Amekae de Yehowa, mía Mawu gã la nu? Dawid ŋlɔ be: “Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o!” (Ps. 40:6) Dɔ gã siwo Yehowa wɔ dometɔ aɖewoe nye xexeame gbahoo la wɔwɔ, Mesia Fiaɖuƒea ɖoɖo, eƒe amewo nu veve, kple xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. (Ps. 17:7, 8; 139:14; Da. 2:44; Mat. 24:14) Lɔlɔ̃ na Yehowa kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo katã wòwɔ na mí ŋu ʋãa mí be míaƒo nu tso eŋu na amewo. (Ps. 145:5-7) Le March, April, kple May me la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míawɔ esia geɖe wu.
2. Aleke kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ate ŋu aɖe vi na mía ŋutɔwoe?
2 To Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Dzi: Ðe nàte ŋu awɔ wò ɖoɖowo ale be nàzã gaƒoƒo 50 le gbeadzi le ɣleti siawo dometɔ ɖeka alo esi wu ema ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛ wɔwɔ mea? Viɖe ado tso asitɔtrɔ ɖesiaɖe si nàwɔ le wò gbesiagbedɔwɔnawo me la me godoo. (Ef. 5:16) Ame geɖe kpɔe be kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ kpe ɖe yewo ŋu be yewogabi ɖe edzi wu le subɔsubɔdɔa me. Wovona le wo ɖokui me wu le aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ me eye wozãa Biblia geɖe wu. Ɣeyiɣi geɖe wu zazã le subɔsubɔdɔa me na wòle bɔbɔe na wo be woatrɔ ayi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ, eye wo dometɔ siwo mewɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpɔ o hã va dze ewɔwɔ gɔme esime wonɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm. Esi wònye kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ bia be míadze agbagba akpe ɖe amewo ŋu ta la, enye dɔ si me dzidzɔ le.—Dɔw. 20:35.
3. Aleke ame aɖewo wɔ te ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa togbɔ be nɔnɔmeawo mede wo dzi o hã?
3 Mègatsɔe enumake be yeƒe nɔnɔmewo maɖe mɔ na ye be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o. Hamemegã aɖe si wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ƒe si va yi me la nye amesi si vi eve le eye wòwɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe ŋutilãmedɔ. Aleke nɔviŋutsu sia si ŋu vovo mele kura o la te ŋu wɔe? Esi wòwɔa dɔ le kwasiɖaa me ta la, ewɔ ɖoɖo be yeanɔ gbeadzi ɣeyiɣi didi le kwasiɖanuwuwuwo, eye le Memleɖagbewo la, edzea egɔme kple ablɔdziɖaseɖiɖi tso ŋdi ga 7. Ame geɖe siwo le nɔnɔme ma tɔgbe ke me le hame ma me la wɔ mɔɖeɖedɔa, eye wokpe ɖe wo nɔewo ŋu hede dzi ƒo na wo nɔewo. Le hame bubu me la, nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 99 la ɖoe be yeawɔ mɔɖeɖedɔa le May me esi vianyɔnu kpee be wòawɔ dɔ kple ye le gbeadzi. Ame bubu siwo le hamea me kpe ɖe nɔvinyɔnu tsitsi sia ŋu hetutunɛ le eƒe bunɔkeke me le aƒeme yi aƒeme dɔa me kple le Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me. Eɖi ɖase to telefon dzi, le ablɔ dzi, kple to lɛtaŋɔŋlɔ dzi hã. Kakaɖedzi su esi be menye ye ŋutɔ yeƒe ŋusẽ mee yewɔ esia le o ke boŋ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu dzi koe.—Yes. 40:29-31.
4. Nukawo ŋue wòle be míabu ne míele ɖoɖo wɔm ɖe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu?
4 Kpɔe ɖa be yeate ŋu aŋlɔ ɖoɖowɔɖi aɖe si ate ŋu asɔ ɖe yeƒe nɔnɔmeawo nu nyuie wu hã. Kpɔɖeŋu ɖoɖowɔɖi siwo le tata sia me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Èwɔa ŋutilãmedɔ ɣeawokatãɣia, alo sukuvie nènye? Ðewohĩ ɖoɖowɔwɔ be yeawɔ dɔ geɖe le kwasiɖaa ƒe nuwuwuwo asɔ na wò wu. Ne lãmesẽnyawo na màte ŋu anɔ gbeadzi wòadidi o la, ke ɖewohĩ anyo wu ne èwɔ ɖoɖo be yeawɔ dɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko gbesiagbe. Gblɔe na ame bubuwo be edzro ye be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Ðewohĩ ana woawo hã woaɖoe be yewoawɔe.
5. Taɖodzinu kae sɔhɛwo ate ŋu aɖo na wo ɖokui le March, April, kple May me?
5 Alesi Sɔhɛwo Ate Ŋu Akpɔ Gome le Emee: Edzɔa dzi na Yehowa ne sɔhɛwo ƒo nu tso eƒe nukudɔwo ŋu. (Ps. 71:17; Mat. 21:16) Ne sɔhɛ xɔnyɔnyrɔe nènye la, ɖewohĩ àte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ɣleti si me miaxɔ mɔkeke me. Ne màte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o la, ɖe nàte ŋu aɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò ale be nadzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzi ahana wòanyo wu le ɣleti siawo mea? Ne èdea gbeadzi kple dziwòlawo gake mènye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ haɖe o la, ke fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si me nàdze agbagba azu gbeƒãɖela. Mègasusui be ele be yeanya Biblia me nyabiabia ɖesiaɖe ŋu ɖoɖo nyuie alo be ele be yeanya nu geɖe abe ame tsitsi siwo xɔ nyɔnyrɔ ene hafi o. Èse Biblia me nufiafia veviwo gɔmea? Ènɔa agbe ɖe Biblia me agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo nua? Èdi be amewo nanyae be Yehowa Ðasefoe yenyea? Ne èdii la, ekema gblɔe na dziwòlawo. Woawɔ ɖoɖo miakpɔ hamemegãwo ne woakpɔe ɖa be èdze hã.—Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔ-gbalẽa, axa 98-9.
6. Aleke míate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woazu nyanyuigbeƒãɖelawo?
6 Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woaɖe Gbeƒã: Biblia nusrɔ̃vi siwo le ŋgɔyiyi nyuiwo wɔm la ate ŋu adze azu gbeƒãɖelawo le dɔ tɔxɛ ƒe ɣleti siwo le ŋgɔ me. Ne wò Biblia nusrɔ̃vi aɖe le afɔɖeɖe nyuiwo wɔm la, bia kpekpeɖeŋu tso miaƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla alo subɔsubɔdɔdzikpɔla gbɔ. Wo dometɔ ɖeka ate ŋu akpɔ nusɔsrɔ̃a teƒe ahakpɔ alesi nusrɔ̃via le ŋgɔ yimee. Ne nusrɔ̃via dze eye wòdi be yeazu gbeƒãɖela la, dzikpɔla zimenɔla ate ŋu awɔ ɖoɖo be hamemegã eve nakpe kple mia kple nusrɔ̃via. (Kpɔ Gbetakpɔxɔ, November 15, 1988, axa 17.) Ne nusrɔ̃via nya dze ko la, dze hehenanae le subɔsubɔdɔa me enumake.
7. Aleke woate ŋu akpe ɖe gbeƒãɖela siwo medea gbeadzi edziedzi o kple esiwo dzudzɔ gbeadzidede ŋui?
7 Ele be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nalé ŋku ɖe amesiwo katã dzudzɔ gbeadzidede alo amesiwo medea gbeadzi edziedzi o siwo le woƒe ƒuƒoƒoa me ŋu etɔxɛ. Mikpe wo tẽ be woawɔ dɔ kpli mi le gbeadzi. Ne ɣeyiɣi didi aɖee nye esia wodzudzɔ gbeadzidede la, anyo be hamemegã eve nadzro nu me kpli wo gbã akpɔe ɖa be wogadze ayi gbeadzi hã. (Kpɔ November 2000 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka.) Dzo si anɔ hamea me le dɔ tɔxɛa ƒe ɣleti siawo me la ate ŋu aʋã wo be woagava nɔ gome kpɔm edziedzi le subɔsubɔdɔa me ake.
8, 9. Nukae hamemegãwo ate ŋu awɔ ade dzo nɔviawo me ɖe dɔ tɔxɛa ŋu?
8 Dzra Ðo Fifia ɖe Dɔ Geɖe Wu Wɔwɔ Ŋu: Hamemegãwo, midze egɔme fifia mianɔ dzo dem hamea me ɖe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu. Miaƒe dzideƒonamenyawo kple kpɔɖeŋu nyuiwo ɖoɖo ate ŋu awɔ geɖe. (Pet. I, 5:3) Ame agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake kae wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa va yi le hamea me? Ðe xexlẽmea ate ŋu agbɔ ema ŋu le ƒe sia mea? Ele be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo nade dzi ƒo na amesiwo katã le woƒe ƒuƒoƒoa me be woadzi woƒe dɔwɔnawo ɖe edzi. Subɔsubɔdɔdzikpɔlawo ate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi bubuwo ŋu akpe esiwo le hamea si. Mina nɔviawo nanya ɖoɖo siwo miewɔ la do ŋgɔ. Mikpɔ egbɔ be yewode dɔ asi na gbeƒãɖela siwo dze be woaxɔ ŋgɔ eye be miadze kpekpe hena gbeadziyiyi gɔme ɖe game dzi ahawu enu ɖe game dzi. (Kpɔ September 2001 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka.) Ele be subɔsubɔdɔdzikpɔla nakpɔ egbɔ hã be anyigbamama geɖe li si me woawɔ dɔ le, eye be magazine kple agbalẽ agbɔsɔsɔ si nɔviawo ahiã la li.
9 Le ƒe si va yi me la, hamemegã siwo le hame aɖe me la nɔ dzi dem ƒo na nɔviawo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa, eye esia na ame gbogbo aɖe de asi dɔbiagbalẽ te. Wowɔ kpekpe hena gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo bubuwo kpe esiwo le wo si—wokpena ŋdi kanya ga 5:30 hena ablɔdziɖaseɖiɖi, wogawɔa kpekpe bubu ŋdɔ ga 3 na nɔvi siwo kpã tso suku, eye le ɣetrɔ ga 6 me la, wogawɔa kpekpe na amesiwo gbɔ tso dɔme. Hekpe ɖe eŋu la, wowɔ gbeadziyikpekpe etɔ̃ ƒe ɖoɖo le Memleɖagbewo. Ðoɖo nyui sia wɔe be ame 66 sɔŋ le hamea me wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me!
10. Aleke ƒomewo ate ŋu adzra ɖo ɖe woƒe dɔwɔnawo dzidziɖedzi ŋui?
10 Ðe manyo be miazã ɣeyiɣi vi aɖe le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ si miagawɔ me awɔ ɖoɖo siwo dzi anya wɔ ɖe ɣleti siwo gbɔna ŋu oa? Ne miewɔ nuwo aduadu hewɔ ɖoɖo nyuiwo la, ƒomea me tɔ aɖewo alo mi katã miate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Ne ema manya wɔ o la, miɖoe be yewoadzi yewoƒe dɔwɔnawo ɖe edzi to gbeadzinɔnɔ wòadidi wu alo to gbeadziyiyi ɣebubuɣiwo me. Mido gbe ɖa le nyaa ŋu le ƒomea me. Miate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra miaƒe agbagbadzedzewo.—Yoh. I, 3:22.
11. (a) Nu wɔnuku kawo ƒe mɔnue Kristo ƒe vɔsa la ʋu ɖi? (b) Ɣekaɣie miakpe hena Ŋkuɖodzia le mia gbɔ, eye le afika?
11 Mawu ƒe Dɔ si Wɔ Nuku Wu Ðesiaɖe: Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si Yehowa ɖe fiae nye Via si wòtsɔ na tafee ɖe mía ta. (Yoh. I, 4:9, 10) Tafea dzie woato aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku si me. (Rom. 3:23, 24) Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la na kpeɖodzi va le nubabla yeyea ŋu, eye wòna wòle bɔbɔe na amegbetɔ madeblibowo be woaxɔ wo woanye Mawu ƒe viwo kple mɔkpɔkpɔ be woaɖu dzi le dziƒo Fiaɖuƒea me. (Yer. 31:31-34; Mar. 14:24) Vevietɔ wu la, Yesu ƒe toɖoɖo bliboe kɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. (Mose V, 32:4; Lod. 27:11) Le Kwasiɖagbe, April 4 lia dzi le ɣeɖoto megbe la, míaɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le xexeame godoo.
12. Vi kae wòaɖe na ɖetsɔlemetɔwo ne woyi Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua?
12 Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuɖu doa Yehowa ƒe nukudɔwo ɖe dzi. Nuƒoa naa míesea nusi Yehowa to tafea dzi wɔ na mí la gɔme eye wònaa míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu dzina ɖe edzi. Ðetsɔlemetɔ siwo ava la ate ŋu alé ŋku ɖe Mawu ƒe nukudɔ bubuwo ŋu. Woava de dzesi ɖekawɔwɔ kple vividoɖeameŋu ƒe lɔlɔ̃ si Yehowa fia eƒe amewo be woaɖe afia. (Ef. 4:16, 22-24; Yak. 3:17, 18) Nudzɔdzɔ vevi sia teƒe yiyi ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe tamebubu dzi ŋutɔŋutɔ, eyata míedi be ame agbɔsɔsɔme si ate ŋui la nadee.—Kor. II, 5:14, 15.
13, 14. Amekawoe míakpe na Ŋkuɖodzia, eye aleke?
13 Amewo Kpekpe be Woade: Dze dzadzraɖo gɔme fifia to amesiwo nàkpe la ƒe ŋkɔwo ŋɔŋlɔ ɖi me. Àte ŋu ade wò ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo, aƒelikawo, dɔwɔhati alo sukuhatiwo, amesiwo nèwɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kple kpɔ va yi alo amesiwo nèle ewɔm kple fifia, kpakple amesiwo katã nye wò tɔtrɔyiwo la eme. Ele be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo naŋlɔ gbeƒãɖela siwo katã dzudzɔ gbeadzidede ƒe ŋkɔwo kpe ɖe amesiwo wodi be yewokpe la ŋu.
14 Ŋlɔ game kple teƒe si miaɖu Ŋkuɖodzia le wòadze nyuie ɖe Ŋkuɖodzi ƒe amekpegbalẽvia dzi. Alo ɖewohĩ àdi be yeazã amekpekpe si dze le March 15, 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ alo April 8, 2004, ƒe Nyɔ! (Eŋlisigbe me tɔ, March 22) ƒe megbekpa dzi. Ne April 4 lia le ɖoɖom la, gbugbɔ ɖo ŋku edzi na amesiwo katã nèkpe la, eɖanye to wo gbɔ yiyi tẽ loo alo to telefon dzi o.
15. Aleke míaɖe xɔlɔ̃wɔwɔ afia le fiẽ si me míaɖu Ŋkuɖodzia?
15 Le Ŋkuɖodzia Ðuƒe: Dze agbagba nàva ɖo kaba le fiẽ si me míaɖu Ŋkuɖodzia. Ðe xɔlɔ̃wɔwɔ fia ame yeyewo to gbedodo na wo vividoɖeameŋutɔe me. (Rom. 12:13) Agbanɔamedzi tɔxɛ aɖe le dziwò le amesiwo nèkpe ŋu. Do dzaa na wo vividoɖeameŋutɔe eye nàɖe wo fia hamea me tɔ bubuwo. Ðewohĩ àte ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔ teƒe aɖe si gogo wò anɔ anyi ɖo. Eye ne Biblia alo hadzigbalẽ mele wo dometɔ aɖe si o la, na woanɔ tɔwò alo ame bubu aɖe tɔ dzi kpɔm. Le wɔnaa megbe la, nɔ klalo be nàɖo nyabiase ɖesiaɖe si anɔ wo si ŋu. Ne emae nye zi gbãtɔ wo dometɔ aɖewo va la, bia wo ne wodi be yewoasrɔ̃ nu geɖe wu tso Mawu ƒe Nya la kple eƒe tameɖoɖo ŋu. Gblɔe na wo be yeate ŋu ava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wo faa.
16. Aleke míate ŋu akpe ɖe amesiwo de Ŋkuɖodzia ŋu be woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyii?
16 Miyi Edzi Miakpe Ðe Amesiwo Va Ŋu: Le kwasiɖa siwo akplɔ Ŋkuɖodzia ɖuɣi ɖo me la, ahiã be míakpe ɖe amesiwo va la ŋu. Amesiawo dometɔ aɖewo nye amesiwo dea kpekpeawo tsã edziedzi gake fifia womegale ha dem kple hamea edziedzi o. Hamemegãwo akpɔ egbɔ be womaŋe aɖaba aƒu ame mawo dzi o, eye woakpɔe ɖa be yewoate ŋu anya nusita wodzudzɔ ŋgɔyiyi wɔwɔ hã. Mite gbe ɖe alesi wòhiã be woawɔ nu kpata fifia dzi na wo. (Pet. I, 4:7) Mikpe ɖe amewo katã ŋu woakpɔ viɖe si le Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame be woanɔ ƒu ƒom kple Mawu ƒe amewo edziedzi la dzi wɔwɔ me.—Heb. 10:24, 25.
17. Nukatae wòle be míayi edzi anɔ nu ƒom tso Yehowa ƒe nukudɔwo ŋu?
17 Yehowa ƒe dɔwo wɔ nuku ale gbegbe be míate ŋu ase wo gɔme ade goe keŋkeŋ o ne míele agbe yi mavɔmavɔ me gɔ̃ hã. (Hiob 42:2, 3; Nyagb. 3:11) Eyata nusiwo ta míakafui ɖo la anɔ anyi godoo ɣesiaɣi. Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Yehowa ƒe nukudɔwo ŋu le Ŋkuɖodzia ɖuɣi to agbagbadzedze etɔxɛe be míadzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi me.
[Nyaɖoɖo si le 5]
Àte Ŋu Azɔ Ðe Ðoɖowɔɖi Siawo Dometɔ aɖe Dzi le Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Mea?
March Kwɖ Dzɖ* Brɖ* Kuɖ* Ywɖ Fiɖ Mmɖ Ɣleti Bliboa
Ŋkeke Ðesiaɖe 2 1 1 1 1 1 5 51
Ŋkeke Eve 0 5 0 5 0 0 0 50
Kwasiɖa ƒe
Nuwuwuwo Ko 5 0 0 0 0 0 8 52
Kwasiɖa ƒe Nuwuwu
Kpakple Ŋkeke Eve 2 0 0 2 0 2 6 50
April Kwɖ Dzɖ Brɖ Kuɖ Ywɖ* Fiɖ* Mmɖ Ɣleti Bliboa
Ŋkeke Ðesiaɖe 2 1 1 1 1 1 5 50
Ŋkeke Eve 0 0 0 0 5 5 0 50
Kwasiɖa ƒe
Nuwuwuwo Ko 5 0 0 0 0 0 8 52
Kwasiɖa ƒe Nuwuwu
Kpakple Ŋkeke Eve 2 0 0 2 0 2 6 50
May Kwɖ* Dzɖ* Brɖ Kuɖ Ywɖ Fiɖ Mmɖ* Ɣleti Bliboa
Ŋkeke Ðesiaɖe 2 1 1 1 1 1 4 51
Ŋkeke Eve 0 5 0 0 0 0 5 50
Kwasiɖa ƒe
Nuwuwuwo Ko 3 0 0 0 0 0 7 50
Kwasiɖa ƒe Nuwuwu
Kpakple Ŋkeke Eve 2 0 0 2 0 2 5 51
* Atɔ̃ ye le ɣletia me