INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/07 axa 3-5
  • Ðe Gbeƒã Yehowa Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Gbeƒã Yehowa Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Taɖodzinu Nyui Aɖe Si Míaɖo Le Subɔsubɔƒe Yeyea Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Míagate Ŋu Awɔea?—Míegale Kpekpeɖeŋu Mɔɖelawo Dim
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • ‘Ði Ðase Tso Nya Nyui La Ŋu Tsitotsito’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 2/07 axa 3-5

Ðe Gbeƒã Yehowa Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo

1. Nu kae ʋãna mí be míaɖe gbeƒã Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo?

1 “Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe.” (Kron. I, 29:11) Aleke lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple ale si míekpɔa ŋudzedze ɖe eyama ŋu la kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii? Eʋaa mí be míaɖe gbeƒã ame si yɔ mí tso viviti me va eƒe kekeli wɔnukua gbɔ la, ƒe nɔnɔme nyuiwo afia.’ (Pet. I, 2:9, NW) Míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo tso mía Mawu gã la ŋu akpɔ gbeɖe o! Mɔnukpɔkpɔ nyuiwo asu mía si míaɖe gbeƒã Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo le March, April, kple May me.

2. Ðoɖo tɔxɛ kae wowɔ be míatsɔ aɖe gbeƒã Ŋkuɖodzia, eye ame kawoe ate ŋu akpɔ gome le eme?

2 Amewo Kpekpe Etɔxɛe Na Ŋkuɖodzia: Le Dzoɖa, April 2 lia dzi la, míate gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo dzi to Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la ɖuɖu me. Míazã amekpegbalẽvi tɔxɛ aɖe atsɔ akpe amewo na wɔna vevi sia le xexea me godoo tso March 17 va se ɖe April 2 dzi. Míele dzi dem ƒo na ame sia ame be wòakpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me bliboe. Esia anye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na ame yeyewo be woava zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo ne wodze. Ne èkpɔe be wò Biblia nusrɔ̃viwo alo viwòwo dometɔ aɖewo dze la, ke na hamemetsitsiwo nanya.

3. Nya kae míate ŋu agblɔ atsɔ akpe amewo na Ŋkuɖodzia?

3 Míama amekpegbalẽvi siawo abe ale si míema “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!” Nutome Gã Takpekpea ƒe amekpegbalẽviawo ke ene. Woaɖo amekpegbalẽviawo ɖe hame ɖe sia ɖe ale be gbeƒãɖela ɖe sia ɖe nate ŋu axɔ 30, eye mɔɖelawo nate ŋu axɔ 100. Na wò dzeɖonya nanɔ kpuie, ɖewohĩ àte ŋu agblɔ ko be: “Míele kpewòm hena wɔna tɔxɛ aɖe si míewɔna ƒe sia ƒe. Adzɔ dzi na mí ŋutɔ be nàva. Nu si ŋu wɔna vevi sia ku ɖo enye si le amekpegbalẽvia dzi.” Gake ne wòdzɔ be ame si kpem nèle la bia nya aɖewo wò ku ɖe wɔna la ŋu la, dze agbagba nàɖo wo ŋu nɛ. Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu ŋuti nyati si dze le megbenyawo me, le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe axa 206 va se ɖe axa 208 la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia me. Le dɔ tɔxɛa wɔɣi ƒe kwasiɖanuwuwuwo la, míana magazine yeye siwo míexɔ la kpe ɖe amekpegbalẽvi tɔxɛa ŋu. Wɔ nuŋlɔɖi ku ɖe ame siwo ɖe ɖetsɔleme fia la ŋu, eye nàwɔ ɖoɖo atrɔ ayi wo gbɔ.

4. Ale ke míama Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽvi tɔxɛawoe?

4 Ne anya wɔ la, ele be míawo ŋutɔ míatsɔ amekpegbalẽvi tɔxɛ sia ade asi na aƒemenɔla ɖe sia ɖe. Le esia ta, ele be míawɔ ame siwo míetu le aƒe me o la ŋuti nuŋlɔɖi, ale be míate ŋu atrɔ ayi wo gbɔ emegbe. Kaka kwasiɖa mamlɛtɔ si ado ŋgɔ na Ŋkuɖodzia naɖo ne amekpegbalẽviawo gakpɔtɔ le miaƒe hamea si sɔ gbɔ la, ke miate ŋu awɔ ɖoɖo be miatsɔ wo ada ɖe teƒe aɖe na ame siwo mietu le aƒea me o la ŋuɖɔɖɔɖotɔe, gake migadae ɖi alea do ŋgɔ na kwasiɖa mamlɛtɔ o. Kpɔ egbɔ be yetsɔ amekpegbalẽvia na ame siwo gbɔ nètrɔ yi, wò Biblia nusrɔ̃viwo, ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, aƒelikawo, kple ame nyanyɛ bubuwo.

5. Nu ka tae wòle be míadze ɖoɖowo wɔwɔ gɔme fifia be míawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa?

5 Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ: Ðe nàte ŋu aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo bliboe wu to kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le March, April, kple May me dzia? Ðewohĩ esia abia asitɔtrɔ aɖewo wɔwɔ le wò gbe sia gbe ɖoɖowɔɖiwo ŋu. (Ef. 5:15-17) Àte ŋu aka ɖe edzi bliboe be, Yehowa ayra wò ɖe agbagba siwo nàdze be nàwɔ geɖe wu le eƒe subɔsubɔdɔa me la ta. (Lod. 10:22) Esi Ŋkuɖodziɖuɣia le aƒe tum ŋutɔ ta la, fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míadze ɖoɖowo wɔwɔ gɔme.—Lod. 21:5.

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nɔvinyɔnu si xɔ ƒe 90, si wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ƒe si va yi me, la ƒe nuteƒekpɔkpɔa me?

6 Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 90 la se vivi le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me le ƒe si va yi me. Egblɔ be: “Togbɔ be seƒoƒododo ɖe abɔ me vivia nunye ŋutɔ, eye meɖoe be madze seƒoƒowo dodo gɔme hã la, mekpɔe be ehiã be matsɔ nu vevitɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Esi didia le menye be matsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ ta la, meɖoe be mawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ le March me.” Ðe woyrae ɖe eƒe agbagbadzedzewo taa? Egblɔ be: “Meva see le ɖokuinye me be nye hã menye hamea ƒe akpa vevi aɖe, eye esia tem ɖe Yehowa ŋu ŋutɔ.” Ðe míawo hã míate ŋu adzro nu siwo le vevie na mí wu me ahawɔ asitɔtrɔ aɖewo alea, abe ale si wòahiãe enea?

7. Ðe wòsesẽ be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa?

7 Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ ƒe gaƒoƒonudidi, si nye gaƒoƒo 50, la gbɔ ɖoɖo masesẽ na wò abe ale si nàbui ene o. Do gbe ɖa, eye nàbu wò gbe sia gbe wɔnawo ŋu, azɔ wɔ ɖoɖowɔɖi, eye nàde dzesii akpe ɖe wò teokrasiɖoɖowɔɖi bubuawo ŋu. Wò nɔnɔmewo le nyanya na wò ŋutɔ nyuie wu. Ne lãmesẽ mele asiwò o, eye ŋusẽ mele ŋuwò nenema gbegbe o la, ke ɖewohĩ àte ŋu azã gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko le subɔsubɔdɔa me gbe sia gbe. Ne èwɔa dɔ ŋkeke bliboa alo èdea suku la, ke àte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa to gbeƒãɖeɖe le fiẽsiwo alo le kwasiɖanuwuwuwo dzi.

8. Nu kae kpe ɖe atsu kple asi aɖe ŋu wote ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa?

8 Ƒome geɖewo te ŋu wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɖekae. Le ƒe siwo va yi me la, atsu kple asi aɖe nɔ vɔvɔ̃m na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ, elabena wobui be yewoƒe nɔnɔmewo maɖe mɔ na yewo be yewoawɔe o. Nu kae wowɔ tso nɔnɔmea ŋu? Wogblɔ be: “Míedo gbe ɖa na Yehowa ɣeyiɣi didi aɖe be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ nu si dim míenɔ xoxoxo la.” Esi wowɔ woƒe ɖoɖowo nyuie ta la, wote ŋu wɔe. Wogblɔ ƒu edzi be: “Evivi ŋutɔ. Míekpɔ yayra geɖewo. Aɖaŋu si míaɖo na wòe nye be, wò hã tee kpɔ. Esi míete ŋu wɔe ta la, wò hã àte ŋu awɔe.”

9. Nu kae miate ŋu awɔ le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ si miagawɔ me, atsɔ adzra ɖo ɖe dɔ tɔxɛ si míawɔ le ɣleti siwo gbɔna me ŋu?

9 Ðe manyo ŋutɔ be miazã ɣeyiɣi aɖe le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ si miagawɔ me, atsɔ adzro nu si miawɔ be mi katã miate ŋu adzi miaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi le ɣleti siwo gbɔna me oa? Ne ƒomea me tɔwo katã mate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o hã la, ɖewohĩ ame ɖeka ate ŋu awɔe ne ƒomea me tɔ mamlɛawo do alɔe. Ne ame aɖeke mate ŋu awɔe le ƒomea me o hã la, miate ŋu aɖo taɖodzinua be yewoazã gaƒoƒo geɖe wu le gbeƒãɖeɖedɔa me le ɣleti tɔxɛ siawo me.

10. Nu ka tae wòanyo be míagblɔ míaƒe didi be míawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le Ŋkuɖodziɖuɣia ŋu nya na nɔvi bubuwo?

10 Mido Alɔ Mia Nɔewo: Dzonɔameme si míeɖena fiana la ʋãa ame bubuwo. Gblɔe na nɔvi bubuwo be yedi be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Esia ade dzi ƒo na ame bubuwo be woawo hã nawɔe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame siwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa va yi la ate ŋu aɖo aɖaŋu aɖewo na wò, siwo akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖoɖo nyui si ana nàte ŋu awɔe. (Lod. 15:22) Ne àte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa la, ɖe manyo be nàkpe gbeƒãɖela bubu aɖe, ɖewohĩ ame si ƒe ɖoɖowo alo nɔnɔmewo sɔ kple tɔwò, be wòawɔ ɖeka kpli wò le dɔ dodzidzɔname sia wɔwɔ me oa?

11. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu ade dzo nɔviawo me ɖe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu le ɣleti siwo gbɔna mee?

11 Hamemetsitsi geɖewo wɔa asitɔtrɔ siwo hiã, si wɔnɛ be wote ŋu kpɔa gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpa tɔxɛ sia me. (Heb. 13:7) Ðikeke mele eme o be esia dea dzo hamea me tɔ bubuwo me ɖe dɔa ŋu! Hamemetsitsiwo tua dzonɔameme ɖe dɔ tɔxɛ sia ŋu ɖo le woƒe dzeɖoɖowo kple nɔviwo me hã. Dzideƒonamenya ʋɛ aɖewo gbɔgblɔ na nɔviawo alo aɖaŋu nyui siwo dzi anya wɔ la ɖoɖo na wo koe anye nu si ahiã, si aʋa wo dometɔ aɖewo be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Subɔsubɔdɔdzikpɔla awɔ kpekpe hena gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo bubuwo, ale be nɔviawo katã nate ŋu akpɔ gome le hahoɖaseɖiɖi me, le kpakpã le dɔ me alo le suku vɔ megbe gɔ̃ hã. Ele be woanɔ gbeƒã ɖem ɖoɖo siawo edziedzi. Akpɔ egbɔ hã be anyigbamama kple agbalẽ si asu na nɔviawo katã la li.

12. Nu kae nàte ŋu awɔ ne màte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o?

12 Ne nɔnɔmewo maɖe mɔ na wò be nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o hã la, àte ŋu ade dzi ƒo na ame siwo ɖoe be yewoawɔe, eye àte ŋu ado gbe ɖa ɖe wo ta hã. (Lod. 25:11; Kol. 4:12) Ðewohĩ àte ŋu awɔ ɖoɖo atia ŋkeke bubu aɖe le kwasiɖaa me atsɔ akpe ɖe ŋkeke siwo dzi nèyia gbeadzi ŋu, alo anɔ gbeadzi wòadidi wu gaƒoƒo siwo nènɔnɛ, kple susua be nàdo alɔ wo.

13. Taɖodzinu kae woɖo na mí le Ghana, eye aleke miaƒe hamea ate ŋu akpe asi aɖe egbɔɖoɖo ŋui?

13 Míaƒe Taɖodzinue Nye Be Ame 12,000 Nawɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa Le April Me: Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si Ghana ƒe alɔdzedɔwɔƒea kpɔ kpɔe nye 7,117, le April 2000 me. Susu sia tae míele mɔ kpɔm be nɔvi 12,000 nawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April sia me ɖo. Míate ŋu aɖo taɖodzinu sia gbɔ ne gbeƒãɖela 1 le ame 6 ɖe sia ɖe dome, ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le hame ɖe sia ɖe me. Ele eme baa be, le hame aɖewo me la, gbeƒãɖela geɖe wu gɔ̃ hã ƒe nɔnɔmewo aɖe mɔ na wo be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Gbeƒãɖela ɖeka le ame ade ɖe sia ɖe dome ƒe taɖodzinu si míeyɔ va yi la gbɔ anya ɖo na hame geɖewo. Wò ya bu dzidzɔ si esia ahe va miaƒe hamea me, kple ŋusẽ nyui si esia akpɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le miaƒe anyigbamamaa me, ŋu kpɔ ko!

14. Nu ka tae April nye ɣleti deamedzi ŋutɔ aɖe si me woate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le?

14 Nu ka tae April nye ɣleti deamedzi aɖe ŋutɔ si me míate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le? Míaɖu Ŋkuɖodzia le ɣletia ƒe gɔmedzedze, eye esia aʋu mɔnukpɔkpɔa ɖi na mí be míagbugbɔ atrɔ ayi ame siwo katã ava Ŋkuɖodzia la gbɔ. Míanɔ magazinewo nam, kple taɖodzinua be míana Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ne míetrɔ yi wo gbɔ ahadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. Eya ta míakpɔe zi ɖeka be kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le April me aʋu mɔnukpɔkpɔ geɖewo ɖi na mí be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi wònye Kwasiɖagbe atɔ̃e le April me, eye woana dzudzɔ dziɖuɖudɔwɔlawo kple sukuviwo le dukɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe ɖuɖu me ta la, anɔ bɔbɔe na nɔvi dziɖuɖudɔwɔlawo kple sukuviwo be woawo hã nate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa.

15. Nu ka tae wòle be nuwɔwɔ kpata ƒe susu nanɔ mía si esi míekpɔ be Ŋkuɖodziɖuɣi sia le aƒe tum?

15 Ŋkuɖodziɖuɣi ɖe sia ɖe si va yi la nana míetena ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋu wu, elabena eɖea ƒe ɖeka le eƒe vava dzi. Ɣeyiɣi si susɔ míatsɔ agblɔ Mawu gã la ŋu nya na amewo la le vɔvɔm. (Kor. I, 7:29) Ne Ŋkuɖodziɖuɣi sia va yi ko la, mɔnukpɔkpɔ si wòʋu ɖi na mí be míatsɔ akafu mía Fofo si le dziƒo la hã nu ayi tegbee. Neva eme be míadzra ɖo fifia, be míawɔ mía tɔ sinua le March, April, kple May me atsɔ aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo na ame geɖewo!

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ðe Míate Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 12,000 Le April Mea?

◼ Dzro nu siwo le vevie na wò me

◼ Midzro miaƒe taɖodzinuwo me le ƒomea me

◼ Gblɔ wò ɖoɖowo na nɔvi bubuwo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe