Taɖodzinu Nyui Aɖe Si Míaɖo Le Subɔsubɔƒe Yeyea Me
1. Taɖodzinu si gbɔ míadi be míaɖo le subɔsubɔƒe yeyea me ka ŋue míate ŋu abu?
1 Ne míedi be míawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me la, ele be míaɖo taɖodzinuwo na mía ɖokuiwo. Taɖodzinu kawoe nèɖo na ɖokuiwò le subɔsubɔƒe si gbɔna me? Taɖodzinu nyui aɖee nye be nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka alo esi wu nenema. Esi wònye be dɔ sia bia ɖoɖo wɔwɔ do ŋgɔ ta la, fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si wòle be nàdze eŋu bubu gɔme. Nu ka tae wòle be kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ nanye wò taɖodzinu?
2. Susu kawo tae míatsɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa awɔ míaƒe taɖodzinui?
2 Susu Siwo Tae Míawɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa Ðo: Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa kpena ɖe mía ŋu míaƒe nu dzea mía Fofo si le dziƒo la ŋu “geɖe wu” to ɣeyiɣi geɖe zazã le subɔsubɔdɔa me me. (Tes. I, 4:1) Ne míedea ŋugble tso nu siwo katã Yehowa wɔ na mí ŋu la, míaƒe dzi aʋã mí be míaƒo nu tso eŋu na amewo. (Ps. 34:1, 2) Yehowa dea dzesi nu siwo míetsɔna saa vɔe bene míate ŋu awɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me la, eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. (Heb. 6:10) Esi míenyae be dɔ sesẽ si wɔm míele la dzea Yehowa ŋu ta la, dzi dzɔa mí ŋutɔ.—Kron. I, 29:9.
3, 4. Viɖe kawoe míekpɔna tso kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me?
3 Zi geɖe la, zi ale si nèwɔa nanee la, zi nenemae ewɔwɔ va nɔa bɔbɔe hedoa dzidzɔ na wòe. Ɣeyiɣi geɖe zazã le subɔsubɔdɔa me ana nàvo le ɖokuiwò me wu ne èle nu ƒom na amewo le ʋɔtru nu. Àva bi ɖe ale si wodzea dzeɖoɖo gɔmee kple ale si wozãa Bibliae me. Zi ale si nèƒoa nu tso wò dzixɔsewo ŋui la, zi nenemae wò xɔse me asẽ ɖe edzii. Ame geɖe siwo si Biblia nusrɔ̃vi menɔ o la te ŋu dze nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple ame aɖe esime wonɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm.
4 Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ate ŋu ana ŋusẽ yeye nagaɖo ame ŋu be wòaxɔ dzo le gbɔgbɔ me. Nɔvi aɖe si wɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa kpɔ la va de dzesii be yena dɔwɔɖui xɔ yeƒe ɣeyiɣiwo katã, eya ta etso nya me be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa hena ɣleti ɖeka. Egblɔ be: “Ale si gbegbe ŋusẽ gaɖo ŋunye le gbɔgbɔ me le ɣleti ɖeka ma mee la wɔ nuku nam ŋutɔ! Mewɔ ɖoɖo be mawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa atsiã ɖe enu, eye esia na be megava zu gbesiagbe mɔɖela.”
5. Aleke míawɔ aɖu sese le mía ɖokuiwo me be míate ŋu awɔ dɔ sia o la dzii?
5 Ðu Mɔxeɖenuwo Dzi: Ame aɖewo ate ŋu anɔ hehem ɖe megbe le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu le esi wobunɛ be yewomenye gbeƒãɖela bibiwo o ta. Ne esiae na nèle hehem ɖe megbe la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò abe ale si wòkpe ɖe Yeremya ŋui ene. (Yer. 1:6-10) Togbɔ be Mose ƒe “aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o” hã la, Yehowa zãe tsɔ na eƒe tameɖoɖo va eme. (Mose II, 4:10-12) Ne èsenɛ le ɖokuiwò me be yemate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o la, ke do gbe ɖa na Yehowa be wòana dzideƒo ye.
6. Aleke wòanya wɔe be nàte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa togbɔ be lãmesẽnyawo le fu ɖem na wò, alo mèvona kura o hã?
6 Ðe nèhena ɖe megbe le esi lãmesẽnyawo le fu ɖem na wò, alo mèvona kura o ta? Ne dɔnɔe nènye la, ɖoɖo si ade dziwò la wɔwɔ ana nàte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa bɔbɔe. Ne vovo menɔa ŋuwò o la, ke ɖewohĩ àte ŋu awɔ wò ŋutɔ wò dɔ aɖewo siwo mehiã boo o la le ɣleti bubu me. Nɔvi aɖewo siwo wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔ te ŋu ƒle ɣeyiɣi na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ esi woxɔ ŋkeke ɖeka alo eve aɖewo le dɔ me.—Kol. 4:5.
7. Nu ka tae wòɖea vi ne míetsɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ wɔwɔ ƒe taɖodzinua de gbedodoɖa me?
7 Ale Si Nàwɔe: Ne èdi be yeawɔ dɔ sia la, tsɔe de gbedodoɖa me. Bia Yehowa be wòayra ɖe agbagba si dzem nèle be yeawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me la dzi. (Rom. 12:11, 12) Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso nyuiwo ku ɖe ale si nàwɔ atrɔ asi le wò ɖoɖowɔɖiwo ŋui la ŋu. (Yak. 1:5) Ne didia mele mewò na ewɔwɔ o la, ekema bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò be gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ navivi nuwò.—Luka 10:1, 17.
8. Aleke nya si le Lododowo 15:22 tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa?
8 Ƒome bliboa nadzro eme akpɔ ne woate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. (Lod. 15:22) Ðewohĩ ƒomea me tɔ ɖeka ate ŋu akpɔ gome le ewɔwɔ me ne ame mamlɛawo na kpekpeɖeŋu si hiã lae. Ƒo nu tso wò didi be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ŋu na nɔvi bubuwo, vevietɔ nɔvi siwo hã le ewɔwɔ ŋu bum. Ðewohĩ esia aʋã nɔvi geɖewo be woawo hã nakpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me kpli wò.
9. Ɣleti kawoe nàte ŋu atia hena kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ?
9 Esi nèle ŋku lém ɖe ɖoɖo siwo wɔm nèle ɖe subɔsubɔƒe yeye si gbɔna ŋu la, ɣleti kawo mee nèsusu be yeate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa? Ne èdea dɔme alo dea suku la, ɖewohĩ àkpɔe be ɣleti siwo me azãɖuɣiwo le alo esiwo me Memleɖa atɔ̃ alo Kwasiɖa atɔ̃ le la asɔ. Le kpɔɖeŋu me, Memleɖa atɔ̃ kple Kwasiɖa atɔ̃ ye le September, December, March, kple August me. Memleɖa atɔ̃ ye le May me, eye Kwasiɖa atɔ̃ ye le June me. Ne lãmesẽnyawo le fu ɖem na wò la, ɖewohĩ àdi be yeatia ɣleti siwo me yame ƒe nɔnɔme dea ame dzi le. Àte ŋu atia ɣleti si me nutome sue dzikpɔla ava srã miaƒe hamea kpɔ le la hã na mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Mɔnukpɔkpɔ asu asiwò nàkpɔ gome le kpekpe si wòawɔ kple mɔɖelawo la ƒe akpa gbãtɔ me le eƒe sasrãkpɔɣia me. Esi wònye be ƒe si gbɔna ƒe Ŋkuɖodzia dze March 22 dzi ta la, March, April, kple May anye ɣleti siwo asɔ nyuie hena kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Ne ènya tia ɣleti si nèdi be yeatsɔ awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa alo esiwo nàdi be yeatsɔ awɔe ko la, dze ɖoɖowɔɖi si ana nàɖo gaƒoƒonudidia gbɔ la ŋɔŋlɔ ɖi gɔme.
10. Nu kawoe nàte ŋu awɔ ne kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa manya wɔ na wò o?
10 Ne èkpɔe be kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa manya wɔ na ye le subɔsubɔƒe si gbɔna me o gɔ̃ hã la, àte ŋu ana mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ nakpɔtɔ anɔ mewò. Yi edzi nàwɔ nu sia nu si nàte ŋui le ɖaseɖiɖidɔa me, eye nàka ɖe edzi be edzea Yehowa ŋu ne èwɔ wò ŋutete katã. (Gal. 6:4) Na kpekpeɖeŋu ame siwo te ŋu le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm la eye nàde dzi ƒo na wo. Ðewohĩ àte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowɔɖiwo ŋu be nàkpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔa me kpli wo le ŋkeke aɖewo dzi le kwasiɖaa me.
11. Nu ka tae wòle be nuwɔwɔ kpata ƒe susu nanɔ mía si ɖo?
11 Nuwɔwɔ kpata ƒe susu le mí Yehowa ƒe amewo si. Wode dɔ aɖe asi na mí si nu wòle be míawu—si nye gbeƒãɖeɖe nya nyuia. Amewo ƒe agbe le afɔku me, eye ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie. (Kor. I, 7:29-31) Lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple mía havi aʋã mí be míawɔ nu sia nu si míate ŋui le ɖaseɖiɖidɔa me. Ne míedo vevie nu eye míewɔ míaƒe ɖoɖowo nyuie la, míate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka ya teti le subɔsubɔƒe yeyea me—taɖodzinu nyui aɖee nye esia nyateƒe!