‘Do Vevie Nu Le Dɔ Nyui Wɔwɔ Me’ Le April Me!
1 Le ƒe si va yi ƒe adame la, míewɔ ɖaseɖiɖidɔ si tɔgbe míewɔ kpɔ o esime míemã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 34 lia le xexeame katã. Hamea me gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo siaa do vevie nu le dɔ ʋãme sia wɔwɔ me. Ènɔ wo domea? Ne ènɔ wo dome la, ke ɖikeke mele eme o be dɔ ɖedzesi ma wɔwɔ vivi nuwò ŋutɔ. Ke àbia be, ‘dɔ nyui’ kae míagawɔ le ƒe sia me?—Tito 2:14.
2 Le April kple May ƒe gɔmedzedze la, adzɔ dzi na mí be míamã Nyɔ! magazine ƒe tata tɔxɛ si nye April 22, 1996, (Eʋegbe tɔe nye May 8, 1996) si gblɔ be “Esime Aʋawɔwɔ Maganɔ Anyi O.” Esi nyati sia adzɔ dzi na aƒemenɔla geɖe ŋutɔ ta la, míadze agbagba amã magazine la geɖe alesi míate ŋui. Esi Nyɔ! ƒe tata sia me nyawo le vevie ŋutɔ ta la, míazãe le April me ayi ɖe May me vaseɖe esime wòavɔ keŋkeŋ.
3 Míaƒe Taɖodzinu—Gbeƒãɖelawo Katã Nakpɔ Gome le Eme: Ade dzi ƒo ŋutɔ ne gbeƒãɖela ɖesiaɖe si le dukɔ sia me awɔ gbeƒãɖeɖedɔa le April me. Esi míeɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia eteƒe medidi o ta la, míadi godoo be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nyuiwɔwɔ ŋu afia to ‘kafukafuvɔ’ sasa me tẽ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.—Heb. 13:15.
4 Ele be woadze agbagba vevie ade dzesi hamea me tɔ ɖesiaɖe ƒe nuhiahiãwo ale be amesiame nate ŋu ado vevie nu le subɔsubɔdɔa me le April me. (Rom. 15:1) Agbalẽ me nusɔsrɔ̃dzikpɔlawo nanya nɔnɔme siwo me woƒe ƒuƒoƒoa me tɔwo le nyuie eye woana kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ wo ne ehiã. Ðe ʋuɖonya aɖe fu na ame aɖea? Amekae ate ŋu akpe ɖe eŋu? Ðe ame aɖewo vɔ̃na alo womeka ɖe wo ɖokui dzi oa? Ðe gbeƒãɖela siwo kpɔ nuteƒe wu ate ŋu awɔ dɔ kple woa? Ke amesiwo tsi teƒe ɖeka alo dze dɔ ya ɖe? Ðe woate ŋu akpɔ gome le telefon tsɔtsɔ aɖi ɖasee me, lɛta ŋɔŋlɔ, alo le dɔwɔna tseku bubu aɖe mea?
5 Amesiwo megadea gbeadzi o dometɔ aɖewo le gbɔgbɔ me dzideƒoname xɔm edziedzi, eye ate ŋu aʋã wo be woagawɔ gbeƒãɖeɖedɔa ake. Nyɔ! tɔxɛa mamã aʋu mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na wo be dzo nagaɖo wo me.
6 Mina Hehe Ðeviwo ne Woakpɔ Gome le Eme: Yehowa Ðasefowo ƒe vi geɖe kplɔ wo dzilawo ɖo wɔ aƒeme yi aƒeme dɔa ƒe geɖe, evɔ womezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo haɖe o. Ðe woate ŋu adze egɔme azɔa? Ðe woƒe dzi ʋã wo eye wosu te be yewoakpɔ gome le aƒeme yi aƒeme dɔa me nyuie wua? Ele be ƒome ƒe tawo nazã ɣeyiɣi aɖe le ƒome Biblia nusrɔ̃ɣiwo akpe ɖe wo vi siwo dze ŋu be woadzra dzeɖonya aɖe ɖo wòasɔ ɖe ƒe si ɖesiaɖe xɔ kple eƒe ŋutete nu. Ðevi tsitsitɔwo ate ŋu atia biabia aɖe si ana woabu tame atsɔ anyɔ aƒemenɔla ƒe ɖetsɔlemee, emegbe woafia asi ŋuɖoɖoa tso magazine la me. Ðevi suetɔwo ate ŋu agblɔ nya ʋee aɖewo ko atsɔ aɖi ɖasee nyuie. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu ade dzi ƒo na aƒemenɔla be “wòaxlẽ magazine tɔxɛ si mãm wole le xexeame katã le ɣleti sia me.” Hekpe ɖe dzadzraɖo si ƒomea awɔ ŋu la, kpɔ egbɔ nàtsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo woatsɔ aɖu tsitretsiɖeŋunya siwo ame geɖe gblɔna dzii la de eme. Àkpɔ mɔnu nyui geɖe le Reasoning-gbalẽa me. Le nuɖuɣiwo kple le ɣeyiɣi bubu siwo sɔ me la, de dzi ƒo na ƒomea me tɔwo be woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo wokpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.
7 Biblia Nusrɔ̃vi Siwo Dze la Wɔa Dɔ si Yesu Wɔ: Yesu mena eƒe nufiafia se ɖe nufiafia ŋuti mɔfiamewo nana ɖeɖeko dzi o. Ewɔ subɔsubɔdɔa kple eƒe nusrɔ̃viwo eye wòfia alesi woaɖe gbeƒãe la wo. (Luka 8:1; 10:1-11) Aleke nuwo le egbea? Wole Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo sɔ gbɔ wu 90,000 wɔm le Ghana. Ðikeke mele eme o be ne míede dzi ƒo na nusrɔ̃vi siawo alesi dze la, wo dometɔ geɖe ate ŋu awɔ afɔɖeɖe si kplɔe ɖo le woƒe hehexɔxɔ me eye woadze asubɔ abe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo ene le April me.
8 Ne èle Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm la, ke de ŋugble le biabia siawo ŋu: Ðe nusrɔ̃via le ŋgɔyiyi wɔm wòsɔ ɖe ƒe si wòxɔ kple eƒe ŋutete nua? Ðe wòte eƒe dzixɔse ŋu nya gbɔgblɔ na ame bubuwo le vomea? Ðe wòle “amenyenye yeyea” doma? (Kol. 3:10, NW) Ðe wòɖo gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo ƒe nudidi si wogblɔ ɖe Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽa ƒe axa 97 kple 99 gbɔa? Ne èka ɖe edzi be edze la, nukata màlé nya la kpɔ kplii o? Nusi nusrɔ̃vi aɖewo hiã koe nye be woakpe wo tẽ be woakpɔ gome le dɔa me. Gake ne didia le nusrɔ̃via me la, ahiã be gbã la, dzikpɔla zimenɔla nawɔ ɖoɖo abe alesi wowɔnɛ ene be hamemegã eve nadzro nya me kplii. Le go bubu me la, ɖewohĩ nane anɔ nusrɔ̃via hem ɖe megbe. Hamemegãwo dometɔ ɖeka ate ŋu akplɔ wò ayi Biblia-nusɔsrɔ̃a wɔƒee eye wòana nusrɔ̃via naɖe eƒe seselelãme ɖe nyateƒea ŋu agblɔ. Ne hamemegã la se nya si nusrɔ̃via gblɔ la, ate ŋu aɖo aɖaŋu nyui aɖewo nɛ ahana kpekpeɖeŋui tso Ŋɔŋlɔawo me.
9 ‘Ƒle Ɣeyiɣi’ Nàtsɔ Awɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔ Lae: Ƒe sia ƒe le Ŋkuɖodzia ɖuɣi la, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu ʋãa ame akpe geɖe ‘woƒlea’ ɣeyiɣia tsɔ wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ lae. (Ef. 5:15-17) Togbɔ be ahiã be woatsɔ nanewo asa vɔe hã la, teƒeɖoɖoawo sɔ gbɔ. Sɔhɛ gbogbo aɖewo siwo dze kafukafu la zãa sukumɔkeɣiwo tsɔ wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ lae. Ame tsitsi siwo wɔa dɔ ɣeyiɣiawo katã la zãa fiẽsiwo kple kwasiɖanuwuwuwo bliboe le dɔ ma ke wɔwɔ me. Eyata ƒome blibowo zãa mɔnukpɔkpɔa tsɔ wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɖekae! Le hame aɖewo me la, hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe akpa gãtɔ kple wo srɔ̃wo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Woƒe veviedodonu na ame bubuwo srɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua ale be hamea me tɔ gbogbo aɖewo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me.
10 Ne àte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa alo màte ŋui o, di mɔnu siwo dzi nàto adzi wò subɔsubɔ ɖe edzi le gbeadzi le April me. Ðo taɖodzinu na ɖokuiwò, taɖodzinu si gbɔ ɖoɖo abia agbagbadzedze evɔ wòanye esi gbɔ nàte ŋu aɖo. Yehowa ƒe yayra anɔ wò didi be ‘yeazã nuwo eye woazã ye keŋkeŋ’ le esubɔsubɔ me le alesi wò nɔnɔmea aɖe mɔe nu la dzi.—Kor. II, 12:15.
11 Kpekpe Hena Gbeadziyiyi: Ele be miawɔ kpekpe hena gbeadziyiyi gbesiagbe le Nyɔ! la naɣi, le ɣeyiɣi si me miate ŋu adze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme kaba dzi. Miwɔ ɖoɖo ɖe fiẽsiɖaseɖiɖi hã ŋu. Gbeƒãɖela akpa gãtɔ ayi gbeadzi le kwasiɖanuwuwuwo, eyata hamewo nawɔ kpekpe hena gbeadziyiyi le Memleɖagbewo, ŋdi kple ɣetrɔ siaa, le Nyɔ! tɔxɛa naɣi katã.
12 Amesiwo akpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi nakpɔ egbɔ be anyigbamamã geɖe li. Mikpe anyigbamamã siwo me womewɔ dɔ le le ŋkeke siawo me o ɖo gbã. Gake migawɔ dɔ le anyigbamamã si womede ame aɖeke si o, siwo le Habɔbɔa ƒe dzikpɔkpɔ te la me ne Habɔbɔa meɖe mɔ na mi o. Ðe anyigbamamã ɖeka alo esi wu nenema le wò ŋutɔ asiwò, si mèkpe ɖo le ŋkeke siawo me oa? Ne àdi be woakpe ɖe ye ŋu yeawɔ dɔ le wo me le dɔ tɔxɛa wɔɣi la, ke gblɔe na subɔsubɔdɔdzikpɔla alo nɔvi si kpɔa anyigbamamãa dzi, eye adzɔ dzi na wo be yewoawɔ ɖoɖo ne woakpe ɖe ŋuwò.
13 Magazine Nenie Àna? Amesiame aɖo biabia ma ŋu na eɖokui. Be nàkpɔ magazine xexlẽme si nàte ŋu ana le dɔa wɔɣi la, bu anyigbamamã si tɔgbe me nàwɔ dɔ le, ƒe si nèxɔ, wò lãmesẽ, ɣeyiɣi si nàɖo ɖe dɔa ŋu, kple nu bubuwo ŋu. Gake de dzesi ŋkuɖodzinya si wogblɔ le January 1, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ me dzi be: “Míele susua dom ɖa be gbeƒãɖela ɖesiaɖe naɖo taɖodzinu na eɖokui be yeana magazine 10 ɣleti sia ɣleti, le alesi woƒe nɔnɔmewo le nu; mɔɖelawo ate ŋu aminya 90.” Ðe taɖodzinu ma tɔgbe asɔ na wòa?
14 Hamemegãwo—Ðoɖowɔwɔ Nyuie Hiã: Mikpɔ egbɔ be ne anya wɔ la, woatsɔ Nyɔ! ƒe tata tɔxɛa awɔ dɔ le hamea ƒe anyigbamamã katã me. Milé ŋku ɖe dɔwɔwɔ le asitsaƒe si wode asi na hamea ŋu nyuie. Amesiwo awɔ dɔ le eme la nadzra ɖo nyuie ahado awu siwo le dzadzɛ. Mehiã na dzeɖonya sesẽ aɖeke o. Ne èɖo asitsala aɖe gbɔ la, àte ŋu agblɔ be zi geɖe la, yemedoa go asitsalawo le aƒeme o, eyatae yeva eƒe dɔwɔƒe be yeatsɔ nyati aɖe si adzɔ dzi nɛ godoo la nɛ. Emegbe àte ŋu agblɔ nya vevi aɖe nɛ tso magazine la me kpuie. Miwɔ ɖoɖo ɖe ablɔdziɖaseɖiɖi hã ŋu nyuie le hamea ƒe anyigbamamã me. Mɔ nyuitɔ si dzi woawɔ ablɔdzidɔa le enye be wò ŋutɔ nàte ɖe amesiwo va yina ŋu gbã tsɔ wu be nàlala be woawo nava ye gbɔ. Esi amewo ƒe ŋku anɔ ŋuwò ta la, ele be nàkpɔ egbɔ be bubu nanɔ wò dzedzeme ŋu. Ðewohĩ teƒe bubuwo hã anɔ miaƒe anyigbamamã me miate ŋu awɔ dɔ le le magazine la naɣi, abe yameʋudzeƒewo, kɔdziwo, ʋutɔɖoƒewo, abɔwo me, kple ame tsitsiwo dzikpɔƒewo ene. Hamemegãwo ƒe ha la nakpɔ ɖoɖo siwo sɔ woate ŋu awɔ be woaɖi ɖase le teƒe siawo le miaƒe hamea ƒe anyigbamamã me.
15 Yehowa nye dɔwɔla si mesea ɖeɖiteameŋu o. (Yoh. 5:17) Eyae wɔ dziƒo kple anyigba kpakple gbewo kple lãwo; gake eyi dɔwɔwɔ dzi vaseɖe esime wòwɔ eƒe dɔwɔwɔ si wòtsɔ ƒo etae ɖe anyigba dzi—amegbetɔ. Nyateƒe si wònye be agbe le mía me nye Mawu ƒe didi be yeawɔ dɔ la me tsonu tẽ. Esi míenye “mawusrɔ̃lawo” ta la, ele be míaƒe lɔlɔ̃ na eyama naʋã mí be ‘míado vevie nu le dɔ nyui wɔwɔ me.’ (Ef. 5:1; Tito 2:14) Esi Yehowa dze be wòaxɔ míaƒe agbagbadzedze nyuitɔ kekeake, eye esi veviedonula dina vevie be yeƒe dɔwɔna natse ku ta la, ele be míadi be míawɔ subɔsubɔdɔa memie. Le nyateƒe me la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe nusianu si míetsɔ saa vɔe ɖe eta la ŋu, eye míaƒe dɔwɔna manye dzodzro gbeɖe o. (Kor. I, 15:58) Eyata mina míatsɔ dzi kpɔŋudzedzewo ado vevie nu le April me, kple kakaɖedzi be Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple yayra anɔ edzi eye wòakpɔ dzidzedze geɖe!