‘Dɔ Geɖe Li le Aƒetɔ la ƒe Dɔwɔwɔ Me’
1 Anɔ eme godoo be teokrasidɔwo ŋuti ɖoɖowɔɖi blibo le mía si si míele mɔ kpɔm na le April kple May me! Míaɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le April 14 lia dzi. Ele be míade dzi ƒo na ame geɖe be woava wɔna vevi ma teƒe: dɔwɔhatiwo, ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo, sukuhatiwo, ɖetsɔlemetɔ yeyewo, kple Biblia-nusrɔ̃viwo. Ŋlɔ amesiwo nèɖo be yeakpe ƒe ŋkɔwo ɖi be nàgaŋlɔ wo dometɔ aɖeke be o.
2 Le kwasiɖa si akplɔe ɖo me la, míade dzi ƒo na amesiwo katã va Ŋkuɖodzia ɖuƒe be woava se dutoƒonuƒo tɔxɛ la le April 23 lia dzi, si ƒe tanyae nye “Alakpasubɔsubɔhawo ƒe Nuwuwu Ðo Vɔ.” Míele mɔ kpɔm be ɖetsɔlemetɔ geɖe siwo ase gbedasi si le tẽ sia la akpɔ alesi wòhiã be woade ha kple hamea ɣesiaɣi, ke menye le wɔna tɔxɛwo dzi ko o la adze sii.
3 Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Tɔxɛ si Woaɖe Ðe Go: Nu vevi aɖe si anɔ kpekpe si woawɔ le April 23 lia dzi me anye axa ene ƒe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 34 lia si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi si míamã na ame geɖe vaseɖe May 14 lia dzi la ɖeɖeɖego. Mèkpɔe be ‘dɔ geɖe li le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me’ le Ŋkuɖodziɖuɣi sia me oa?—Kor. I, 15:58.
4 Míaɖo Fiaɖuƒe Ŋuti Nya ɖe hame ɖesiaɖe. Ele be miada aɖaka siwo me Fiaɖuƒe Ŋuti Nya le la ɖe teƒe nyui aɖe eye mele be miaʋu wo nu o vaseɖe esime kpekpea nawu enu le April 23 lia dzi hafi. Ɣemaɣie woamã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la na nɔviwo kple ame bubuwo. Le hame ƒe kpekpe, nutome sue takpekpewo, alo ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ siwo woawɔ le April 23 lia dzi ƒe nuwuwu la, woana ɖeka vavala ɖesiaɖe ale be woate ŋu anya emenyawo eye woanɔ dzadzraɖo ɖi ɖe emamã ŋu.
5 Dɔ Geɖe Anɔ Hamemegãwo Dzi: Ele be hamemegãwo ƒe ha la nakpe le ɣleti sia ƒe gɔmedzedze adzro dɔ tɔxɛ la ŋu nyawo me. Hamewo nadze agbagba akpe anyigbamamã si wode wo si la katã ɖo. Midze agbagba tɔxɛ miawɔ dɔ le anyigbamamã siwo miekpe ɖo o le ɣleti ade siwo va yi me la me hafi dɔ tɔxɛa nawu enu. Le dɔa ƒe vevienyenye ta la, míadi be míaɖo ɣeyiɣi geɖe ɖi ɖe subɔsubɔdɔa ŋu alesi míate ŋui. Ðikeke mele eme o be gbeƒãɖela geɖe wu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Anɔ eme be Biblia-nusrɔ̃vi geɖe hã adi be yewoazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ yeye siwo dzi woda asi ɖo awɔ dɔa kpli mí. Dzidzɔ kae nye si míakpɔ ne míele dɔ wɔm ɖekae le Aƒetɔ ƒe dɔ la me!
6 Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nawɔ ɖoɖo siwo dzi woazɔ ɖo na ƒuƒoƒo me ɖaseɖiɖi le Memleɖawo kple Kwasiɖagbewo. Mide dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ gome le eme vevie. Tsɔ kpe ɖe dɔwɔwɔ le kwasiɖanuwuwu ŋu la, miwɔ ɖoɖo ɖe fiẽsiɖaseɖiɖi hã ŋu zi ɖeka ya teti kwasiɖa sia kwasiɖa le dɔa wɔɣi. Ame aɖewo adi be yewoava kpe ta na subɔsubɔdɔa wɔwɔ le suku ƒe kpakpãɣi megbe ale be woawɔ dɔ kple sukuvi siwo adi be yewoagawɔ geɖe wu.
7 Miwɔ ɖoɖo ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu ale be gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo nate ŋu adze subɔsubɔdɔa gɔme kaba ŋkeke ɖesiaɖe. Ele be kpekpe siawo nanɔ kpuie. Miwɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la nana ƒe mɔnu bɔbɔe aɖe fia le kpekpe ɖesiaɖe me. Miate ŋu aɖo aɖaŋu ɖeka alo eve aɖewo le tɔtrɔ yi amesiwo xɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la gbɔ ŋu le ŋdɔ ƒe kpekpe hena gbeadziyiyi me. Gake gbeƒãɖela aɖewo adi be yewoanɔ emãm ŋdi kple ŋdɔ siaa. Ema ta subɔsubɔdɔdzikpɔla adi be yeakpɔ egbɔ be anyigbamamã si asu la li. Miŋlɔ amesiame si aɖe ɖetsɔleme afia ƒe ŋkɔ kple adrɛs ɖe aƒeme yi aƒeme ƒe nuŋlɔɖigbalẽvia dzi. Miate ŋu ade dzesi dze kpui si mieɖo me nya veviwo ɖe nya bubuwo ŋlɔɖoƒea. Esia adzra mɔ dzi ɖo na tɔtrɔyi emegbe le kwasiɖaa alo ɣletia me.
8 Ne hame aɖe kpe ɖe bubu ŋu wokpe eƒe anyigbamamã ɖo la, ele be woatrɔ amesiwo ƒe ŋkɔwo kple adrɛs woŋlɔ la na hame si ƒe anyigbamamãe wònye.
9 Dzilawo, ɖe mia viwo le agbagba dzem be yewoava zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃woa? Wokpɔe le hame aɖewo me be ɖevi siwo si nɔnɔme nyui le wɔ subɔsubɔdɔa kple wo dzilawo ƒe geɖe, eye ɖeviawo dze agbagba ŋutɔ togbɔ be womenye nyanyuia ƒe gbeƒãɖelawo haɖe o hã. Ele be dzilawo nabu eŋu akpɔ ne wo viwo dze na mɔnukpɔkpɔ sia. Hamemegã eve ate ŋu adzro nya veviawo katã me kple ƒomea ƒe ta la akpɔe ɖa be woate ŋu abu ɖevia gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃e hã.—om axa 99-100.
10 Ðe gbeƒãɖela aɖewo le miaƒe hamea ƒe anyigbamamã me siwo megale kafukafuvɔsa tsɔm na Yehowa oa? (Heb. 13:15) Ðewohĩ dziɖeleameƒo alo agbe me dzimaɖitsitsiwoe ɖu amesiwo me dzo megale o la dometɔ aɖewo dzi, togbɔ be woyi edzi le agbe nɔm ɖe Biblia me agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo nu hã. Hamemegã ɖeka si ayi aɖasrã wo kpɔ xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ate ŋu aʋã wo woagava nɔ ha dem kple hamea edziedzi eye woagadze dɔwɔwɔ gɔme le subɔsubɔdɔa me le ɣeyiɣi si sɔ me.
11 Amesiwo Katã Dze Ate Ŋu Akpɔ Gome le Dɔ Vivi Sia Me: Ðe wòsesẽna na mi ɖeviwo alo ƒewuivi aɖewo be miawɔ aƒeme yi aƒeme dɔ la? Ke mi ame yeye siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe mesu le gbeƒãɖeɖedɔa me o ya ɖe? Miakpɔe be Fiaɖuƒe Ŋuti Nya tɔxɛ sia nana vivi ŋutɔ! Dzeɖonya bɔbɔe aɖe koe hiã.
Àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Míele gbedasi vevi aɖe mãm le dukɔ 232 me le xexeame katã ɣleti sia. Gbedasia le vevie elabena ena susu vevi siwo ta míaxɔe ase be kuxi siwo míedoa goe egbea la gbɔ kpɔnu li la mí. Míadi be ɖe nasu wò ŋutɔ asiwò.”
Alo àte ŋu ate esia kpɔ:
◼ “Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo ade miliɔn atɔ̃ le gbedasi vevi aɖe mãm le gbegbɔgblɔ geɖe me ɣleti sia. Wotrɔ asi le eŋu na amesiwo adi be kuxi siwo mí katã míedoa goe egbea nawu enu. Wò ŋutɔ tɔe nye esia.”
Ðewohĩ Dzeɖonya bɔbɔe sia asɔ na wò:
◼ “Míele dzi dem ƒo na amesiame be wòaxlẽ gbedasi vevi sia si ƒe tanyae nye [xlẽ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya ƒe tanya]. De dzesi nya si wògblɔ le afisia le axa 2 lia le . . . ƒe kuxi siwo le dzidzim ɖe edzi ŋu [xlẽ nya siwo nètia tso Fiaɖuƒe Ŋuti Nya me]. Míeka ɖe edzi be gbedasi sia si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu ƒe akpa susɔea xexlẽ adzɔ dzi na wò. Tɔwòe nye sia.”
12 Tsɔ ɖe le ame ɖesiaɖe si axɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la me vevie. Ƒo nu blewu eme nakɔ; mehiã be nàgblɔ wò dzeɖonya la kabakaba o. Míedi be míakpe míaƒe anyigbamamã ɖo nyuie ahakpɔ egbɔ be míena Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la amesiwo katã di be yewoaxlẽe. Ne ame aɖeke mele aƒea me o la, de dzesii ɖe wò aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖigbalẽvia dzi nyuie ale be nàte ŋu atrɔ yi le ɣeyiɣi si sɔ me ana Fiaɖuƒe Ŋuti Nya aƒemenɔla la. Miate ŋu ana Fiaɖuƒe Ŋuti Nya sia le ablɔdziɖaseɖiɖi me ne amea di be yeaxlẽe. Mele be míatsɔ wo ana amesiame ko abe agbalẽ kakɛ si wotsɔ ɖea gbeƒã wɔna aɖee wonye ene o. Ke boŋ mite ɖe amesiwo va yina ŋu, eye miaƒo nu tso gbedasi vevi si le eme la ŋu. Zã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya le vomeɖaseɖiɖi me, abe ne èle mɔ zɔm, alo ne èle ɖase ɖim na dɔwɔhatiwo le ŋdɔnuɖuɣi ene. Amesiwo tsi teƒe ɖeka alo le dɔ lém ate ŋu ana ɖe amesiwo ava srã wo kpɔ, ɖɔktawo kple dɔnɔdzikpɔlawo, nudzralawo, kple ame bubu siwo ava woƒe aƒeme.
13 Tɔtrɔyi nenie nàwɔ le dɔa wɔɣi? Ðikeke mele eme o be àwɔ geɖe le esi wòle be míatrɔ ayi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ŋu gbɔ ta. Le yiyi zi gbãtɔ me la, anyo wu be nàna Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ɖeɖeko. Emegbe ne ètrɔ yi la, ƒo nu tso alesi Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la me gbedasia sɔ ɖe ɣeyiɣia nui ŋu kpuie. Ðo to nyuie ne aƒemenɔla le eƒe susu gblɔm le nusi wòxlẽ ŋu. Eƒe nyawo akpe ɖe ŋuwò nànya magazine yeye si nàtsɔ nɛ kple ɖewohĩ alesi nàdzra ɖo ɖe dzeɖoɖoa dzi yiyi ŋui. Ne ètrɔ yi eye woɖo to wò nyuie la, ke te kpɔ nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme.—Kor. I, 3:6, 7.
14 ‘Miaƒe Agbagbadzedze Menye Dzodzro O’: Ðe dɔ siawo katã aɖe via? Paulo na kakaɖedzi Korintotɔwo be: “Miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o.” (Kor. I, 15:58) Woyra ɖe agbagba siwo míedze be míamã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya le ƒe siwo va yi me dzi geɖe. Ŋutsu aɖe kple srɔ̃a siwo ʋu yi aƒe aɖe si me ame aɖeke menɔ o me kpɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya xoxo aɖe le kplɔ̃ŋuɖaka aɖe me. Ema koe nye nusi kpɔtɔ ɖe aƒe bliboa me. Esi woxlẽe vɔ la, wova kpɔ hame si le wo gbɔ la hebia be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli yewo. Wova nɔ kpekpewo katã dem eye emegbe wogblɔ be yewodi be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃. Ðewohĩ ɖeka aɖe si nàgblẽ ɖe ame aɖe gbɔ ahe emetsonu siawo tɔgbe vɛ!—Kpɔ Nyɔ!, November 8, 1976, Eŋlisigbe me tɔ, axa 15 hã.
15 Dɔ gã aɖe le mía ŋgɔ. Míaƒe taɖodzinue nye be hame ɖesiaɖe nakpe eƒe anyigbamamã ɖo hafi May 14 lia naɖo alo hafi ɣletia nawu enu ne eva hiã be miakeke Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la mãɣi ɖe enu. Míewɔ ɖoɖo be gbesiagbe mɔɖela kple kpekpeɖeŋu mɔɖela ɖesiaɖe naxɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 250. Hamea me gbeƒãɖela ɖesiaɖe axɔ abe 50 ene. Gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo naxɔ agbɔsɔsɔ si woate ŋu amã ko eye ele be woatrɔ kpɔtɔe ɖesiaɖe vɛ be ame bubuwo hã nazã. Dɔwɔwɔ nyuie aduadu le go sia me ana míamã gbedasi vevi sia geɖe wu ɖesiaɖe. Ne hame aɖewo mete ŋu kpe woƒe anyigbamamã ɖo hafi May ɣletia mã eme o le esi anyigbamamã la lolo ta la, anyo be woakpe hame siwo te ɖe wo ŋu be woakpe ɖe wo ŋu. Le hame bubuwo me la, woa ŋutɔwo woate ŋu akpɔ hiahiã la gbɔ ne gbeƒãɖelawo dzi woƒe dɔwɔwɔ ɖe edzi to kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ alo subɔsubɔdɔa wɔwɔ edziedzi me.
16 Abia ɖokuitsɔtsɔna Yehowa bliboe hafi míate ŋu awu míaƒe dɔa nu. (Kol. 3:23) Agbe ŋue nya la ku ɖo. Amewo mate ŋu aŋe aɖaba aƒu nusi xexeame ƒe nɔnɔme fia dzi o. Ɣeyiɣia le vɔvɔm. Ele be woakpɔe adze sii be amegbetɔ mate ŋu akpɔ xexe sia me kuxiwo gbɔ o. Mawue ate ŋu akpɔ wo gbɔ. Ele be amesiwo di be yewoakpɔ Mawu ƒe yayra la natso kaba awɔ nu nunyatɔe wòasɔ kple eƒe nudidiwo.
17 Ðe míaɖe míaƒe dɔwɔwɔ dzi akpɔtɔ ne míewu dɔ tɔxɛ la nu le May 14 lia dzia? Ao! Míayi edzi awɔ geɖe wòasɔ kple Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me.