“Ƒe Akpe Yeye La—Nukae Etsɔ si Gbɔna Ahe Vɛ na Wò?”
1 Biabia ma le susu me na amewo le xexeame godoo. Togbɔ be ameƒomea te ŋu wɔ nu geɖe le ƒe alafawo me hã la, dzi ɖe le amewo ƒo elabena kuxi vevi siwo le fu ɖem na amegbetɔwo ƒe akpe geɖe enye sia la gakpɔtɔ li. (Hiob 14:1; Ps. 90:10) Afikae ameƒomea ate ŋu akpɔ gbɔdzɔe le?
2 Le ɣleti siwo nye October kple November me la, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ asu mía si be míaɖo biabia ma ŋu na mía haviwo. To mɔ ka nu? To Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia mama me. Eƒe tanyae nye: “Ƒe Akpe Yeye La—Nukae Etsɔ si Gbɔna Ahe Vɛ na Wò?” Le October ƒe afã gbãtɔ me la, míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Emegbe tso Dzoɖa, October 16, vaseɖe Fiɖa, November 17 dzi la, míaƒe ŋku abiã ɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia mama ŋu. Le dɔ sia wɔɣi la, míaƒe susu anɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia mama le dɔwɔŋkekewo dzi wu koŋ. Le kwasiɖanuwuwuwo la, míanae akpe ɖe magazine yeye siwo le mía si ŋu.
3 Àkpɔ Gome Le Eme Bliboea? Hamemegãwo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple mɔɖelawo adi be yewoaxɔ ŋgɔ le dɔ sia wɔwɔ me elabena woawoe le ŋgɔ na dɔa. Gbeƒãɖela geɖe atrɔ asi le woƒe nɔnɔmewo ŋu be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ɣletia ɖeka alo eve siwo míatsɔ awɔ dɔae me. Ame bubuwo wɔ ɖoɖo be yewoazã ɣeyiɣi geɖe wu esi yewozãna tsã le subɔsubɔdɔa me.
4 Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlawo ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le dzidede ƒo na woƒe ƒuƒoƒoa me tɔ ɖesiaɖe be woakpɔ gome le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia mama me bliboe. Anɔ eme be gbeƒãɖela aɖewo li siwo megawɔa gbeƒãɖeɖedɔa ɣleti sia ɣleti o. Ele be hamemegãwo nasrã amesiawo kpɔ ahakpɔ nusi woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu. Ðewohĩ woate ŋu awɔ ɖoɖo be gbeƒãɖela bibi aɖe nazɔ kple amesiwo megadea gbeadzi kura o dometɔ ɖesiaɖe le gbeadzi le ɣleti siawo me. Ðewohĩ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia si nana le bɔbɔe la koe anye nusi hiã be gbeƒãɖela siawo nagadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme.
5 Esia hã anye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na Biblia-nusrɔ̃vi siwo awu Sidzedze-gbalẽa nu kpuie eye wodze azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo be woadze gbeadzi dede gɔme. Ðeviwo gɔ̃ hã ate ŋu akpɔ gome nyui aɖe le dɔ dodzidzɔname sia me.
6 Ðaseɖinya bɔbɔe aɖe koe hiã. Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Metsɔ ɖokuinye na be mana kpekpeɖeŋu be míama gbedasi vevi sia na ƒome ɖesiaɖe le [yɔ dua ƒe ŋkɔ]. Tɔwòe nye esi. Taflatse xlẽe.” Anyo be míagatsɔ gbedzidekplowo ɖe asi ne míele Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia mam o.
7 Kpekpe Hena Gbeadziyiyi ƒe Ðoɖowɔɖi Nyuiwo: Ele be hamemegãwo nakpɔ egbɔ be ɖoɖo si wowɔ ɖe gbeadziyiyi ŋu la nyo hesɔ ɖe gbeadzi ƒe nɔnɔmewo nu. Ele be subɔsubɔdɔdzikpɔla koŋ nakpɔ egbɔ be anyigbamama siwo me aƒewo kple dɔwɔƒewo le gbogbo aɖe li ale be amesiame nate ŋu akpɔ gome le dɔa me bliboe. Afisiafi si wòanya wɔ le la, ele be woawɔ ɖoɖo ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu le dɔwɔŋkeke ɖesiaɖe dzi, le kwasiɖanuwuwuwo, kple fiẽwo me. Woate ŋu awɔ ɖoɖowo hã be míakpe le ɣetrɔwo me be wòasɔ na sukuviwo, dɔwɔla siwo ƒe dɔmedeɣi trɔna, kple ame bubuwo.
8 Nusi Míawɔ le Amesiwo Míetu le Aƒeme O Ŋu: Míaƒe taɖodzinue nye be míaƒo nu na aƒemenɔla geɖe alesinu míate ŋui. Ne ame aɖeke mele aƒea me o la, de dzesi aƒea da ɖi eye nàgatrɔ yi ɣebubuɣi le ŋkekea me. Ne dɔa ƒe kwasiɖa mamlɛa ɖo eye mète ŋu ke ɖe aƒemenɔla siawo ŋu o la, ate ŋu agblẽ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia ɖeka ɖi na wo ɖe afisi amesiwo tsoa eme va yina makpɔe o. Ne hame aɖe le dɔ wɔm le kɔƒeduwo kple nuto siwo me anyigbamama geɖe le si woate ŋu akpe ɖo le dɔa wɔɣi la, miaƒe hamemegãwo ate ŋu ana hamea me tɔwo nagblẽ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia ɖeka ɖe amesiwo mele aƒeme o ƒe aƒewo me zi gbãtɔ si miayi.
9 Mina Míaɖo Movevi Ðe Eŋu! Hamewo nadze agbagba akpe woƒe anyigbamama ɖo hafi dɔa nawu enu le November 17 lia dzi. Ne miaƒe anyigbamama lolo ŋutɔ la, gbeƒãɖela aɖewo ate ŋu awɔ dɔ ɖekaɖekae le teƒe siwo wòanya wɔ eye woanɔ dedie le. Ðoɖo sia awɔe be míate ŋu aɖo amesiwo dze alesinu míate ŋui gbɔ. Kpɔ egbɔ be yewɔ nuŋlɔɖi nyuiwo le amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia ŋu. Àte ŋu aɖo nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔnamewo ɖe Habɔbɔa to hamemegãwo dzi.
10 Ele be hamemegãwo nalé ŋku ɖe magazine si ƒe xexlẽme hamea agahiã kpee ŋu ne woadɔe do ŋgɔ. Mehiã be miadɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia o, elabena míaɖo agbɔsɔsɔme aɖe ɖe hame ɖesiaɖe. Mɔɖela veviwo, gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo dometɔ ɖesiaɖe axɔ 200 ama, eye hamea me gbeƒãɖelawo dometɔ ɖesiaɖe axɔ 40. Èle klalo hele didim vevie be yeatsɔ moveviɖoɖo awɔ dɔ tɔxɛ siaea? Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye na mí be míana mía haviwo katã nanya ŋugbe si Mawu do le etsɔ si gbɔna kpuie la ŋu!