Dɔ Tɔxɛ si Míawɔ tso October 16 Vaseɖe November 12!
1 “Ɣeyiɣi si me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða la Ðo Vɔ!” Esiae nye Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 37 lia si míama le xexeame godoo le ɣleti si gbɔna me ƒe tanya. Le October ƒe kwasiɖa eve gbãtɔawo me la, míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo le gbeadzi. Tso Dzoɖagbe, October 16 vaseɖe Kwasiɖagbe, November 12 dzi la, míaƒo mía ɖokui ɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 37 lia mama me vevie. Le dɔ tɔxɛ sia wɔɣi la, míama magazine yeyewo tsɔ kpe ɖe trakt la ŋu le kwasiɖanuwuwuwo.
2 Amesiwo Ate Ŋu Akpɔ Gome le Eme: Gbeƒãɖelawo katã adi be yewoakpɔ gome le eme bliboe. Ame aɖewo ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Ðe viwòwo kple wò Biblia-nusrɔ̃vi aɖewo li siwo le gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔma? De dzi ƒo na wo be woate ɖe hamemetsitsiwo ŋu akpɔe ɖa be yewodze anye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo hã. Anyo be hamemetsitsiwo nate ɖe amesiwo dzudzɔ gbeadzi dede ŋu ahade dzi ƒo na wo be woakpɔ gome le dɔ tɔxɛ sia wɔwɔ me, ɖewohĩ to dɔwɔwɔ aduadu kple gbeƒãɖela bibiwo me.
3 Míaɖo Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 37 lia ƒe agbɔsɔsɔme aɖe ɖe hamewo katã ale be gbeƒãɖela kple mɔɖela ɖesiaɖe nate ŋu axɔ ɖekaɖeka 50 ya teti. Ðetsɔlemetɔ siwo medze gbeƒãɖeɖe gɔme haɖe o ate ŋu axɔ atɔ̃ ama na woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. Ele be nɔviawo katã nabu trakt agbɔsɔsɔme si woma eye woaŋlɔ xexlẽmea ɖe woƒe octobre kple novembre gbeadzikɔntabubu gbalẽviawo megbe. Agbalẽŋlɔla nabu agbɔsɔsɔme si hame bliboa na eye wòaɖoe ɖe alɔdzedɔwɔƒea le ɣleti ɖesiaɖe ƒe nuwuwu. Ne Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ƒe ɖewo susɔ le dɔ tɔxɛa wɔwɔ vɔ megbe la, miate ŋu awɔ wo ŋudɔ le gbeadzi.
4 Nya si Míagblɔ: Na wò ɖaseɖinya nanɔ kpuie, elabena ewɔwɔ nenema awɔe be míatsɔ gbedasia aɖo ame geɖe gbɔ. Àte ŋu agblɔ be: “Míele agbalẽvi sia mam na amewo katã le xexeame. Nya vevi siwo le eme aɖe vi na wò. Tɔwòe nye esia. Adzɔ dzi nam be nàxlẽe.” Anyo wu ne míetsɔ míaƒe gbeadzidekplo ɖe asi o. Kpɔ egbɔ be yewɔ amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia ŋuti nuŋlɔɖi.
5 Anyigbamamawo Kpekpe Ðo: Anyo be míalé fɔ ɖe tso aƒeme yi aƒeme kple fiase me yi fiase me dɔa wɔwɔ ŋu atsɔ akpe míaƒe anyigbamamaa ɖo le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la mama me tsɔ wu be míanɔ emam le ablɔwo dzi. Miwɔ amesiwo ŋu mieke ɖo le aƒeme o ŋuti nuŋlɔɖiwo eye miadze agbagba atrɔ ayi wo gbɔ le ɣebubuɣi alo le ŋkeke bubu dzi le kwasiɖaa me. Tso Dzoɖagbe, November 6 dzi la, miate ŋu agblẽ trakt ɖeka ɖe amesiwo mietu le aƒeme o la ƒe ʋɔtru nu. Gake ne miaƒe hamea ƒe anyigbamama lolo akpa be miate ŋu akpee ɖo le dɔ sia wɔɣi o la, hamemetsitsiwo atso nya me ne ahiã be miagblẽ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la ɖi na amesiwo ŋu mieke ɖo le aƒeme o, le dɔ tɔxɛa wɔɣi katã.
6 “Babilon Gã la” ƒe tsɔtsrɔ̃ le aƒe tum kabakaba ŋutɔ. Ehiã be amewo nado go tso eme hafi woava tsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ. (Nyaɖ. 14:8; 18:8) Wɔ ɖoɖo fifia be nàkpɔ gome le dɔ tɔxɛ sia si míawɔ le xexeame katã la me bliboe atsɔ ana amewo nanya be alakpasubɔsubɔhawo ƒe nuwuwu ɖo vɔ!