Míama Trakt Tɔxɛ Aɖe Tso October 20 Va Se Ðe November 16!
1 Tso Dzoɖa, October 20 dzi la, míadze trakt yeye si ƒe tanyae nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? mama gɔme, eye míamae kwasiɖa ene blibo. Enye míaƒe mɔkpɔkpɔ be traktmamadɔ tɔxɛ sia ana be ame geɖe wu nava tsɔ ɖe le nyateƒetsoƒe ɖeka kolia la me.—Yoh. 17:17.
2 Trakt la na nyabiase vevi ade siwo gbɔna la ƒe ŋuɖoɖo kpuiwo tso Biblia me: “Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vavãa?” “Ðe aʋawɔwɔ kple fukpekpe nu ava yi gbe aɖe gbea?” “Nu kae dzɔna ɖe ame siwo ku la dzi?” “Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe gali na kukuawoa?” “Aleke wòle be mado gbe ɖa hafi Mawu nasee?” kple “Aleke mawɔ akpɔ dzidzɔ le agbe me?” Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo mena nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo gbagbe aɖeke kpɔ o. Nya siawo ɖea fu na ame siwo menye Kristotɔwo o gɔ̃ hã, gake ɖewohĩ womenyae be nya siawo ƒe ŋuɖoɖo siwo me kɔ la le Biblia me o. Eya ta míele mɔ kpɔm be ame geɖe atsɔ ɖe le gbedeasi sia me.
3 Kpe Wò Anyigbamamaa Ðo: Dze agbagba ɖe sia ɖe si nàte ŋui be nàkpe wò anyigbamama si me nèwɔa tso aƒe me yi aƒe me dɔa le la ɖo. Ke hã, ne wò anyigbamama lolo la, hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo be nàgblẽ trakt ɖeka ɖi na ame siwo mele aƒe me o esi nèyi zi gbãtɔ. Ðo ŋku edzi nàna ɖe wò aƒelikawo, ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo, kple ame siwo gbɔ nètrɔ yina edziedzi la. Ðewohĩ àte ŋu awɔ ɖoɖo awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le October alo November me. Ne èkpɔe be viwò alo wò Biblia nusrɔ̃vi aɖe si le ŋgɔyiyi wɔm le nyateƒea me la dze akpɔ gome le traktmamadɔ sia me abe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ ene la, ke na hamemetsitsiwo nanya.
4 Nya Si Nàgblɔ: Be nàte ŋu aɖo ame geɖe wu gbɔ la, anyo ŋutɔ be wò ɖaseɖinya nanɔ kpuie. Nu si nàwɔ koe nye be nàbia nyabiase ade siwo le akpaa dzi la dometɔ ɖeka aƒemenɔlaa, eye nàhe eƒe susu ayi ŋuɖoɖo si wona le trakt la me dzi. Esia akpe ɖe gbeƒãɖelawo katã ŋu be woatrɔ asi le woƒe ɖaseɖinyawo ŋu wòasɔ na woƒe anyigbamamawo. Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia la, wɔ nuŋlɔɖi eye nàtrɔ ayi egbɔ. Le kwasiɖanuwuwuwo la, míate ŋu atsɔ trakt la akpe ɖe magazine yeyewo ŋu ana. Ne míewu traktmamadɔa nu le November 16 lia dzi la, míana Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa. Míana trakt siwo susɔ la abe ale si ko míenaa trakt bubuawoe ene.
5 Dze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme: Wotrɔ asi le trakt sia ŋu etɔxɛe be wòakpe ɖe mía ŋu míadze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme. Ne ètrɔ yi ame aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ la, àte ŋu abiae be, ‘Biblia me nyateƒe kae fa akɔ na wò le trakt sia me?’ He eƒe susu yi trakt la ƒe megbekpaa, afi si woƒo nu tso Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo ŋu le, la dzi, eye nàtsɔ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ɖeka nae. Ne anya wɔ la, dzro memama ɖeka alo eve me le tanya si ɖe nyati si wòtia me la me kplii.
6 Yehowa le ame siwo “atsɔ gbɔgbɔ kple nyateƒe ade ta agu” nɛ la dim. (Yoh. 4:23) Mina mí katã míakpɔ gome le traktmamadɔ tɔxɛ sia me bene míakpe ɖe amewo ŋu woava nya nyateƒea!