Dɔ si Mawu Le Megbe Na
1 Mawu ƒe subɔla siwo li egbea dometɔ akpa gãtɔ menye agbalẽnyala gãwo, kesinɔtɔwo, alo ame xɔŋkɔwo le fifi nuɖoanyi sia me o. Le esia ta ame aɖewo doa toku míaƒe subɔsubɔdɔa eye womebunɛ ɖe ɖeke me o. (Yes. 53:3) Gake Biblia ƒe hehenadɔ si wɔm míele la he akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ vɛ na ame miliɔn geɖe le xexeame godoo. Aleke wòdzɔe be kutsetse ɖedzesi siawo te ŋu do tso ame tsɛwo ƒe dɔwɔwɔwo me? Esi Mawu le megbe na mí tae. (Mat. 28:19, 20; Dɔw. 1:8) Apostolo Paulo ɖe eme be: “Mawu tia xexeame gbɔdzɔgbɔdzɔnuwo, bene wòado ŋukpe nu sesẽwo.”—Kor. I, 1:26-29.
2 Apostoloawo kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dometɔ akpa gãtɔ nye ‘ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo.’ (Dɔw. 4:13) Ke hã, wotsɔ dzinɔameƒo yi dɔ si wode asi na wo be woaɖe gbeƒã nyanyuia dzi, eye Yehowa yra woƒe agbagbadzedzewo. Togbɔ be mɔxenuwo kple tsitretsiɖeŋuwo nɔ anyi hã la, ‘Yehowa ƒe nya la tsi kple ŋusẽ, eye wòkpɔ dziɖuɖu.’ Esi wònye dɔ si Mawu le megbe na ta, naneke mete ŋu xe mɔ ɖe enu o. (Dɔw. 5:38, 39; 19:20) Alea tututu wòle le egbeŋkekewo hã me. Dziɖula sẽŋu siwo ɖoe kplikpaa be yewoaxe mɔ ɖe nyanyuia nu be wòagakaka ayi ŋgɔe o la mete ŋu kpɔ dzidzedze o.—Yes. 54:17.
3 Mawue Míetsɔa Kafukafu Ðesiaɖe Nana: Ðe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si su mía si be míanye Mawu ƒe subɔlawo fia be míado mía ɖokui ɖe dzia? Kura o. Paulo ŋlɔ tso míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu be: “Kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o.” (Kor. II, 4:7) Paulo kpɔe dze sii be Mawu ƒe ŋusẽdoame koe na yete ŋu wɔ yeƒe subɔsubɔdɔa dzidzedzetɔe.—Ef. 6:19, 20; Fil. 4:13.
4 Nenema ke míawo hã míenyae be ‘kpekpeɖeŋu si míexɔna tsoa Mawu gbɔ’ koe na míete ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm dzidzedzetɔe. (Dɔw. 26:22) Yehowa le míaƒe xexeame godoo gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele dzi tom le mɔ ɖedzesi aɖe nu le dukɔwo ʋuʋum—si nye ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna kpuie si wòatsɔ afanya dukɔwoe la ƒe dzesi. (Xag. 2:7) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si wònye na mí be míanye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” le gbɔgbɔ me nuŋeŋedɔ gã sia me!—Kor. I, 3:6-9.