Ta 22
Yi Edzi Nagblɔ Mawu ƒe Nya la Kple Dzideƒo
1. (a) Nyanyuie ka ƒe gbeƒãɖeɖe gɔmee Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dze le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi, gake aleke Yudatɔwo ƒe dziɖulawo kple ame tsitsiwo wɔ nu ɖe wo ŋue? (b) Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui tso esia ŋu?
NUDZƆDZƆ vevitɔwo kekeake le amegbetɔ ƒe ƒe 4,000 kple vɔ ƒe ŋutinya me la dzɔ. Wosi ami na Mawu ŋutɔ ƒe Vi, Yesu Kristo, abe Fia si ava ɖu anyigba katã dzi ene. Togbɔ be wowu Yesu le eƒe futɔ subɔsubɔhakplɔlawo ƒe nyaƒoɖeamenu ta hã la, Yehowa fɔ Via tso ame kukuwo dome. To eyama dzi la woate ŋu akpɔ xɔxɔ kple mɔkpɔkpɔ be yewoakpɔ agbe mavɔ. Gake tsitretsiɖeŋu vɔ̃ɖi aɖe do mo ɖa esime Yesu ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo ɖe gbe ƒã nyanyuie sia le gaglãgbe. Gbã la, wode apostoloawo dometɔ eve gaxɔ me, eye emegbe wode wo katã gaxɔ me. Woƒo wo eye wode se na wo be woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o. (Dɔw. 4:1-3, 17; 5:17, 18, 40) Nukae wòle be woawɔ? Nukae nawɔ? Ðe nayi edzi aɖe gbe ƒã dzideƒotɔea?
2. (a) Nya si gawɔ nuku wu gɔ̃ hã kae wòle be woaɖe gbe ƒãe le míaƒe ŋkekea me? (b) Amekawo ƒe agbanɔamedzie wònye be woawɔe?
2 Le ƒe 1914 M.Ŋ. la, nya aɖe si gawɔ nuku wu eye wòka xexeame katã la dzɔ. Woɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me anyi ŋutɔŋutɔ le dziƒo. Emegbe wotsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe ɖe anyigba dzi. (Nyaɖ. 12:1-5, 7-12) Nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamleawo dze egɔme. Hafi dzidzime si kpɔ ƒe 1914 ƒe nudzɔdzɔwo nu nayi la, Mawu atsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi bliboa katã. (Mat. 24:34) Agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ asu agbetsilawo si. Le Mawu ƒe tameɖoɖo gbãtɔ ƒe emevava me la, anyigba katã azu Paradiso. Ne èxɔ nya nyui sia xoxo la, ekema enye wò agbanɔamedzi be nagblɔe na ame bubuwo. (Mat. 24:14) Gake aleke nakpɔ mɔ be woaxɔ wòe?
3. (a) Aleke amewo wɔa nue ɖe Fiaɖuƒe gbedasia ŋu? (b) Eyata biabia kae wòle be míadze ŋgɔe?
3 Esime ame aɖewo axɔ wò dzidzɔtɔe abe Fiaɖuƒe gbeƒãɖela ene la, ame akpa gãtɔ matsɔ ɖeke le eme o. (Mat. 24:37-39) Ame aɖewo aɖu fewu le ŋuwò alo atsi tre ɖe ŋuwò vevie. Yesu gblɔe be tsitretsiɖeŋu aɖe ate ŋu atso wò ŋutɔ wò ƒometɔwo gbɔ. (Luka 21:16-19) Ate ŋu ava dziwò le wò dɔwɔƒe alo le suku. Le xexeame ƒe teƒe geɖe la, dziɖuɖua ɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi madzemadzetɔe gɔ̃ hã. Ne èdo go nɔnɔme siawo dometɔ aɖe alo wo katã la, ɖe nayi edzi agblɔ Mawu ƒe Nya la dzideƒotɔea?
4. Ðe mía ŋutɔwo ƒe tameɖoɖo kplikpaa anye kakaɖedzi be míayi edzi asubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔea?
4 Ðikeke manɔmee la, èdi be yeanye Mawu-subɔla dzideƒotɔ. Gake amesiwo susu be naneke mate ŋu agbugbɔ yewo o la dometɔ aɖewo megale Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo dome o. Ke ame bubuwo kple amesiwo vɔ̃na le dzɔdzɔme nu la yi edzi nye Mawu-subɔla siwo me dzo le, eye womegbugbɔna o. Aleke nate ŋu aɖo kpe edzie be yenye amesi ‘nɔa tsitre le xɔse me’?—Kor. I, 16:13.
Míganɔ Ŋu Ðom Ðe Mía Ŋutɔwo Míaƒe Ŋusẽ Ŋu o
5. (a) Nukae nye nudidi vevitɔwo dometɔ ɖeka ne míedi be míasubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe? (b) Nukatae kpekpewo hiã alea gbegbe?
5 Nyateƒee, elɔ nu geɖe ɖe eme be woanye Mawu-subɔla wɔnuteƒe. Gake nusiawo katã ƒe vevietɔ nye ŋu ɖoɖo ɖe Yehowa kple eƒe ɖoɖowo ŋu. Aleke míeɖea ŋuɖoɖeŋu ma fianae? Mɔ ɖekae nye to hamea ƒe kpekpewo yiyi dzi. Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míagagblẽ wo ɖi o. (Heb. 10:23-25) Amesiwo yi edzi nye Yehowa ƒe ɖasefo nuteƒewɔlawo le amewo ƒe ɖekematsɔleme alo yometiti me la dzea agbagba yia kpekpewo ɣesiaɣi kple hati tadeagulawo. Míaƒe Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze dzina ɖe edzi le kpekpe siawo me, gake menye nu yeyewo nyanya dzro koe hea mí o. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 17:21.) Míaƒe ŋudzedze kpɔkpɔ ɖe nyateƒe siwo míenya nyuie ŋuti la dzina ɖe edzi eye míaƒe ŋudzɔ nɔnɔ ɖe mɔ siwo nu míazã wo le ŋu la me sẽna ɖe edzi. Kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí la tsia susu kple dzi me na mí nyuie. (Ef. 4:20-24) Wohea mí vaa mía nɔvi Kristotɔwo gbɔe kpuie le ɖekawɔwɔ ƒe tadedeagu me eye wodoa ŋusẽ mí be míayi edzi awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Yehowa ƒe gbɔgbɔa naa mɔfiame to hamea dzi eye to gbɔgbɔ ma dzi la, Yesu nɔa mía dome ne míeƒo ƒu le eƒe ŋkɔa me.—Nyaɖ. 3:6; Mat. 18:20.
6. Le teƒe siwo woɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi le la, nukae wowɔna tso kpekpewo ŋuti?
6 Ðe nedea kpekpewo katã edziedzia, eye ɖe wò ŋutɔ newɔa nusiwo me wodzro nese la ŋudɔa? Ɣeaɖewoɣi ne woxe mɔ ɖe dɔa nu la, eva hiãna be woawɔ kpekpewo le ƒuƒoƒo suewo me le amewo ƒe aƒewo me. Woate ŋu atrɔ teƒeawo kple ɣeyiɣiawo eye womasɔ na mí ɣesiaɣi o; woate ŋu awɔ kpekpe aɖewo le zãtiƒe. Gake togbɔ be esia masɔ na woa ŋutɔwo o alo wòanye afɔku na wo hã la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nuteƒewɔlawo dzea agbagba vevie be yewoayi kpekpeawo dometɔ ɖesiaɖe.
7. (a) Aleke hãe míeɖea míaƒe ŋu ɖoɖo ɖe Yehowa ŋu fianae? (b) Aleke nusia akpe ɖe mía ŋue be míayi edzi anɔ nu ƒom dzideƒotɔe?
7 Ŋu ɖoɖo ɖe Yehowa ŋu gadzena to tɔtrɔ ɖe eyama ŋu le gbedodoɖa me ɣesiaɣi dzi—menye abe numãme dzro ko ene o, ke boŋ kple si dzedzee tso dzi me be míehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. Ðe newɔa ema? Yesu do gbe ɖa enuenu le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa me. (Luka 3:21; 6:12, 13; 9:18, 28; 11:1; 22:39-44) Eye le zã si do ŋgɔ na ehehe ɖe ati ŋu me la ede dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o!” (Mar. 14:38) Ne míedo go ɖekematsɔleme na Fiaɖuƒe gbedasia la, ate ŋu anye tetekpɔ na mí be míagbɔdzɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Ne amewo ɖu fewu le mía ŋu alo yometiti sẽŋu kura gɔ̃ hã li la, míate ŋu ase le mía ɖokui me be míazi ɖoɖoe be míaƒo asa nɛ. Gake ne míedo gbe ɖa vevie bia Mawu ƒe gbɔgbɔ be wòakpe ɖe mía ŋu be míayi edzi aƒo nu dzideƒotɔe la, akpɔ mía ta be míana ta le tetekpɔ ma me o.—Luka 11:13; Ef. 6:18-20.
Gbeƒãɖeɖe Dzideƒotɔe Ŋuti Nuŋlɔɖi
8. (a) Nukatae nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo me la ka mí vevie? (b) Ðo nyabiabia siwo le memamã sia ƒe nuwuwu la ŋu, eye nate gbe ɖe alesi nyatakaka la aɖe vi na míe dzi.
8 Nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me nye nusi me mí katã míatsɔ ɖe le vevie. Egblɔ alesi apostoloawo kple nusrɔ̃la gbãtɔ bubuwo, siwo nye amegbetɔ siwo ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔ la, ɖu mɔxenuwo dzie eye woɖo kpe edzi be yewonye Yehowa ƒe ɖasefo nuteƒewɔla siwo léa dzi ɖe ƒo. Mina míatsɔ nyabiabia siwo gbɔna kple ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la adzro nuŋlɔɖi ma ƒe akpa aɖe me kpɔ. Esi míele nusiawo xlẽm la, bu tame le alesi wò ŋutɔ nate ŋu akpɔ viɖe le nusi xlẽm nele mee la ŋuti.
Ðe apostoloawo nye agbalẽnyalagãwoa? Le dzɔdzɔme nu la, ɖe wonye amesiwo mevɔ̃na o, eɖanye nuka kee dzɔ oa? (Dɔw. 4:13; Yoh. 18:17, 25-27; 20:19)
Nukae kpe ɖe Petro ŋu be wòƒo nu kple dzideƒo le Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe si bu fɔ Mawu ŋutɔ ƒe Vi kwasiɖa ʋee aɖewo do ŋgɔ la? (Dɔw. 4:8; Mat. 10:19, 20)
Nukae apostoloawo nɔ wɔwɔm le kwasiɖa siwo do ŋgɔ na wo kpɔkplɔ va Sanhedrin la ŋku me la me? (Dɔw. 1:14; 2:1, 42)
Esi dziɖulawo de se na wo be woagafia nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o la, aleke Petro kple Yohanes ɖo nya ŋue na wo? (Dɔw. 4:19, 20)
Esi woɖe asi le wo ŋu megbe la, ameka ƒe kpekpeɖeŋue wogadi? Ðe woɖe kuku nɛ be wòaxe mɔ ɖe yometitia nua, alo aleke wowɔ? (Dɔw. 4:24-31)
Aleke Yehowa na kpekpeɖeŋue esime tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba be yewoaxe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu? (Dɔw. 5:17-20, 33-40)
Aleke apostoloawo ɖee fiae be yewose nusita woɖe yewo la gɔme? (Dɔw. 5:21, 41, 42)
Togbɔ be nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe kaka le yometitia ƒe sesẽ ta hã la, nukae woyi edzi wɔ? (Dɔw. 8:3, 4; 11:19-21)
9. (a) Emetsonu dodzidzɔname kawoe do tso nusrɔ̃la gbãtɔ mawo ƒe subɔsubɔdɔa me? (b) Aleke nusia lɔ mí ɖe emee?
9 Woƒe nyanyuiegbɔgblɔdɔ la mezu dzodzro o. Wonyrɔ̃ nusrɔ̃la siwo anɔ abe 3,000 ene la ɖe tsi me le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi. “Ame geɖe wu va kpe ɖe wo ŋu, amesiwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, ŋutsuwo kple nyɔnuwo fũ ŋutɔ.” (Dɔw. 2:41; 4:4; 5:14) Emegbe la woka nya ta be yometila vɔ̃ɖitɔwo dometɔ ɖeka si nye Saul si tso Tarso kura gɔ̃ hã trɔ zu Kristotɔ eye eya ŋutɔ le gbe ƒã ɖem nyateƒea dzideƒotɔe. Wova yɔe be apostolo Paulo. (Gal. 1:22-24) Dɔ si gɔme wodze le ƒe alafa gbãtɔ me la metɔ te o. Eva kpɔ ŋusẽ le ‘ŋkeke mamle’ siawo me eye wòɖo anyigba ƒe akpawo katã. Mɔnukpɔkpɔ su mía si be míakpɔ gome le eme, eye ne míele ema wɔm la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu si ɖasefo wɔnuteƒe siwo subɔ do ŋgɔ na mí ɖo ɖi la me.
10. (a) Mɔnukpɔkpɔ kawoe Paulo zã tsɔ ɖe gbe ƒãe? (b) Mɔ kawo dzie netona gblɔa Fiaɖuƒe gbedasia na ame bubuwo?
10 Esi Paulo srɔ̃ Yesu Kristo ŋuti nyateƒea la, mehe ɖe megbe o. “Enumake eɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti . . . bena eyae nye Mawu ƒe Vi la.” (Dɔw. 9:20) Ekpɔ ŋudzedze ɖe alesi Mawu ve enue la ŋu eye wòkpɔe dze sii be amesiame hiã nyanyuie si yexɔ la. Le ɣemaɣi ƒe kɔa nu la, esi wònye Yudatɔ ta eyia ƒuƒoƒe siwo nye Yudatɔwo ƒe dutoƒotakpeƒewo be yeaɖi ɖase. Eɖe gbe ƒã hã tso aƒeme yi aƒeme eye wòdzro nya me kple amewo le asi me. Elɔ̃ faa hã be yeaʋu ayi anyigbamamã yeyewo me be yeakaka nyanyuiea.—Dɔw. 17:17; 20:20; Rom. 15:23, 24.
11. (a) Aleke Paulo ɖee fiae be togbɔ be dzi le ye ƒo hã la, yedze aye hã, le mɔ si nu wòɖe gbe ƒã la me? (b) Aleke míate ŋu aɖe nɔnɔme ma afiae ne míele gbe ƒã ɖem na míaƒe ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo?
11 Dzi nɔ Paulo ƒo gake edze aye hã, eye ele be míawo hã míanɔ nenema. Ezã Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na wo fofowo la abe gɔmeɖoanyi ene heƒo nu na Yudatɔwo. Ezã nusiwo wonya nyuie abe gɔmeɖoanyi ene tsɔ ƒo nu na Helatɔwo. Ɣeaɖewoɣi la, ezã eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ le nyateƒea sɔsrɔ̃ me tsɔ ɖi ɖasee. Abe alesi wògblɔe ene la: “Nyanyuie la ta mewɔ wo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme.”—Kor. I, 9:20-23; Dɔw. 22:3-21.
12. (a) Togbɔ be dzi nɔ eƒo hã la, nukae Paulo wɔ be magakpe kple tsitretsiɖeŋulawo edziedzi o? (b) Ɣekaɣie nunya anɔ eme be míasrɔ̃ kpɔɖeŋu ma, eye alekee? (d) Afikae ŋusẽ tsona be míayi edzi aƒo nu kple dzideƒo?
12 Esi tsitre tsitsi ɖe nyanyuiea ŋu wɔe be gbe ƒã ɖeɖe le teƒe bubu hena ɣeyiɣi aɖe nyo wu la, Paulo wɔ esia le esi teƒe be wòanɔ akɔ kpem kple nyateƒea ƒe futɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu ɣesiaɣi. (Dɔw. 14:5-7; 18:5-7; Rom. 12:18) Gake nyanyuiea mekpe ŋu nɛ gbeɖe o. (Rom. 1:16) Togbɔ be alesi tsitretsiɖeŋulawo ɖia gbɔ Pauloe alo wosẽa ŋuta le eŋue la medzɔa dzi nɛ o hã la, ‘ekpɔ dzideƒo le mía Mawu me’ be wòayi gbeƒãɖeɖe la dzi. Togbɔ be ege ɖe nɔnɔme sesẽwo me hã la, egblɔ be: “Aƒetɔ la tsi tre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bena mawu gbeƒãɖeɖe la nu.” (Tes. I, 2:2; Tim. II, 4:17) Kristo-hamea ƒe ta, Aƒetɔ Yesu yi edzi gale ŋusẽ si hiã la nam hena dɔ si wògblɔ ɖi ɖe míaƒe ŋkekeawo ŋu la wɔwɔ.—Mar. 13:10.
13. Nukae ɖoa kpe edzi be dzideƒo le Kristotɔwo si, eye nuka gbɔe wòtso?
13 Susu geɖe li siwo ta míayi edzi agblɔ Mawu ƒe Nya la dzideƒotɔe abe alesi Yesu Kristo kple ƒe alafa gbãtɔ me Mawu-subɔla nuteƒewɔla bubuwo wɔe ene. Esia mefia be míaɖe adãwɔwɔ alo amemabumabu ƒe nɔnɔme afia o. Mehiã be míanye nugɔmemaselawo alo be míazi gbedasia ɖe amesiwo medii o la dzi o. Gake míenaa ta le esi amewo metsɔa ɖeke le eme o ta o, eye ŋɔ medzia mí míezia ɖoɖoe le tsitretsiɖeŋu ta o. Abe Yesu ene la, míefiaa asi Mawu ƒe Fiaɖuƒe be eyae nye dziɖuɖu si dze na anyigba katã. Míeƒoa nu kple kakaɖedzi elabena míele Yehowa, Xexeame Katã ƒe Fiagã teƒe eye gbedasi si míeɖea gbe ƒãe la metso mía gbɔ o, ke boŋ egbɔe wòtso.—Fil. 1:27, 28; Tes. I, 2:13.
Numetoto
● Nukatae wòle be ne anya wɔ la, míagblɔ Fiaɖuƒe gbedasia na amesiame? Gake aleke míakpɔ mɔ be woawɔ nue ɖe mía ŋu?
● Aleke míate ŋu aɖee afia be míele agbagba dzem be míaɖo dzi ɖe mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ ŋu be míatsɔ asubɔ Yehowae o?
● Nusɔsrɔ̃ vevi kawoe míekpɔ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me?