Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
Mide Dzesii: Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi adze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me kwasiɖa ɖesiaɖe hena ɣleti siwo me woawɔ nutome gã takpekpewo. Hamewo ate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã be woade “Zɔ Kple Mawu” Nutome Gã Takpekpea. Le afisi wòanya wɔ le la, mizã miniti 15 le Subɔsubɔ Kpekpe mamlɛtɔ si miawɔ do ŋgɔ na takpekpea me agbugbɔ adzro aɖaŋuɖoɖo tɔxɛ aɖewo siwo dze le ɣleti sia ƒe emedegbalẽvia me siwo asɔ ɖe miaƒe hiahiã nu. Le February me la, woawɔ Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi aɖe koŋ atsɔ adzro takpekpea me nya veviwo me. Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ nuŋlɔɖi nyuiwo le takpekpea me, kple nya vevi aɖewo siwo ŋu míadi be míawɔ dɔ tsoe le mía ŋutɔwo míaƒe agbe me kple le gbeadzi atsɔ adzra ɖo ɖe numedzodzro sia ŋu. Esia ana míade dzi ƒo na ame bubuwo to alesi míewɔ aɖaŋuɖoɖoawo dzii la gbɔgblɔ me.
November 8 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 180
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.
15 min: “Mina Míaƒo Kpli Ado Eƒe Ŋkɔ Ðe Dzi.”a Hamea ƒe agbalẽŋlɔla ƒe dɔ, si me wòazã biabia siwo le eme le. Yɔ takpekpe si wotia na miaƒe hamea. Wota takpekpea ƒe gamewo ɖe June 2004 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me. Àte ŋu ahe susu ayi nya vevi bubu siwo sɔ le emedegbalẽvi ma me la dzi.
20 min: “Gbɔgbɔmenuɖuɖu le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi.”b Zã biabia siwo le eme. Ne èle memama 2 lia me dzrom la, na nyaselawo dometɔ ɖeka alo eve nagblɔ nya kpui aɖewo tso takpekpe aɖe si wode si dzi wogaɖoa ŋkui la ŋu. Le etaƒoƒo me la, bia nyabiase eve alo etɔ̃ tso nyati si nye “Minɔ Kɔkɔe le Miaƒe Agbenɔnɔ ƒe Akpa Sia Akpa” me eye nàgblɔ be woadzro wo me le kwasiɖa si gbɔna ƒe Subɔsubɔ Kpekpea me.
Hadzidzi 80; gbedodoɖa na kpakpã.
November 15 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 170
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia (ne wosɔ na miaƒe anyigbamamaa) atsɔ awɔ alesi woana November 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple Eŋlisigbe me November 8 ƒe Nyɔ! ƒe wɔwɔfiae. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe me la, na woafia alesi woato mɔ vovovowo dzi aɖo dzeɖonyanutsinya si nye “Nyemele Yehowa Ðasefowo ƒe nya dim be mase o” ŋu.—Kpɔ Reasoning-gbalẽa, axa 17-18 (alo Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe agbalẽvia, axa 9-10).
15 min: “Minɔ Kɔkɔe le Miaƒe Agbenɔnɔ ƒe Akpa Sia Akpa.”c Zã biabia siwo le eme. Kpe nyaselawo woagblɔ alesi wode dzesii be agbenɔnɔ nyui le takpekpewo me hea kafukafu vɛ na Yehowa.
20 min: “Dzadzraɖo si Sɔ Hedze Kafukafu.”d Zã biabia siwo le eme. Xlẽ ŋɔŋlɔ siwo woyɔ eye nàdzro wo me le alesi ɣeyiɣia aɖe mɔe nu.
Hadzidzi 164; gbedodoɖa na kpakpã.
November 22 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 199
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
15 min: Nyabiaɖaka. Hamemegã ƒe nuƒo.
20 min: “Hiahiã Kpata ƒe Susu Nenɔ Asiwò!”e Gblɔ nya aɖewo tso Gbetakpɔxɔ, January 15, 2000, axa 12-13 me kpee.
Hadzidzi 19; gbedodoɖa na kpakpã.
November 29 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 23
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe November gbeadzikɔntabubu ana. Ne aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia sɔ na miaƒe hamea ƒe anyigbamama la, ekema na woazã wo atsɔ awɔ alesi woana November 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple November 22 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfia. Woate ŋu azã dzeɖonya bubu siwo sɔ atsɔ ana wo.
15 min: Na Subɔsubɔ Kpekpea Naɖe Vi na Wò Bliboe. Numedzodzro kple nyaselawo si woatu ɖe Míaƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽa ƒe axa 71-2 dzi. Go atɔ̃ kawo mee Subɔsubɔ Kpekpea kpena ɖe mía ŋu míezua Kristotɔ subɔla siwo bi wu le? Gblɔ kpɔɖeŋu aɖewo tso ɣleti sia ƒe ɖoɖowɔɖia me. Vi kae wòɖena be míadzra ɖo ɖe kpekpea ŋu do ŋgɔ? Nukatae wòle be míanɔ kpekpea dem edziedzi? Kpekpe sia ƒe kpɔɖeŋu kae le Ŋɔŋlɔawo me?
20 min: “Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ—Akpa 3.”f Zã biabia siwo le eme. Ne miedzro memama 3 lia me vɔ la, na woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe wɔwɔfia kpui aɖe le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 5, memama 1 me. Mitsɔe be woxlẽ memamaa heɖo nyabiasea ŋu vɔ. Azɔ nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa kple nusrɔ̃via xlẽ Yesaya 45:18 kple Nyagblɔla 1:4 hedzro wo me. Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa zã nyabiase bɔbɔe aɖewo na nusrɔ̃via ɖe alesi mawunyakpukpui ɖesiaɖe ku ɖe nya si me dzrom wole ŋu me.
Hadzidzi 178; gbedodoɖa na kpakpã.
December 6 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 96
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Yɔ agbalẽ si míana le December me. Na woawɔ wɔwɔfia ɖeka alo eve siwo woate ŋu azã atsɔ ana Ame Vevitɔ Kekeake ƒe agbalẽa.
15 min: Ènya Dzidzɔ si Le Nunana Mea? Nuƒo si woatu ɖe November 1, 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 19-23 dzi.
20 min: “Àte Ŋu Ana Kpekpeɖeŋua?”g Bia gbe gbeƒãɖela ɖeka alo eve siwo kpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu alo dzideƒo si ame bubuwo na wo ŋu.
Hadzidzi 91; gbedodoɖa na kpakpã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
b Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
c Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
d Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
e Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
f Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
g Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.