Nyabiaɖaka
◼ Aleke wòle be míakpɔ dɔ siwo wode mía si le hamea me gbɔe?
Agbagba siwo Yehowa ƒe amewo dzena ɖekae ye wɔnɛ be hamea wɔa dɔ le ɖoɖo nu. (Kor. I, 14:33, 40) Bu dɔ siwo wɔwɔ hiã hafi woate ŋu awɔ hamea ƒe kpekpe ɖeka pɛ ŋu kpɔ. Hekpe ɖe nuƒo kple nufiame siwo woadzra ɖo ku ɖe kpekpea ŋutɔ ŋu ŋuti la, dɔ geɖe li nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo wɔna do ŋgɔ na kpekpea kple le kpakpã vɔ megbe. Wokpɔa dɔdasi vevi bubu aɖewo hã gbɔ, siwo menɔa nyanya na hamea me tɔ bubuwo o. Aleke mía dometɔ ɖesiaɖe awɔ akpe asi ɖe ɖoɖo sia ŋui?
Tsɔ ɖokuiwò na. Dɔ geɖe li amesiwo tsɔ wo ɖokui naa fa la ate ŋu awɔ. (Ps. 110:3) Tsɔ ɖe le eme na dɔnɔwo kple ame tsitsiwo. Kpɔ gome le Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo me. Dɔ nyui geɖe li míate ŋu awɔ esi mahiã be woabiae tso mía si hafi o. Ne didia nya le mía me ko.
Bɔbɔ ɖokuiwò. Ðokuibɔbɔlawo subɔa ame bubuwo dzidzɔtɔe. (Luka 9:48) Ðokuibɔbɔ awɔe be míaƒo asa na agbanɔamedziwo haha. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖokuibɔbɔ ana míanya afisi ŋusẽ si wona mí la se ɖo.—Lod. 11:2.
Ðee fia be yenye amesi dzi woate ŋu aka ɖo. Wode dzi ƒo na Mose be wòatia ‘ŋutsu anukwareɖila’ siwo dzi woate ŋu aka ɖo ne woakpɔ agbanɔamedzinɔƒewo gbɔ le blema Israel. (Mose II, 18:21) Nɔnɔme sia hiã egbea hã. Tso dzi blibo me nàwɔ dɔdasi ɖesiaɖe si nèxɔ la memie. (Luka 16:10) Ne màte ŋu awɔ dɔdasi aɖe o la, kpɔ egbɔ be yena wonya kaba be woawɔ ɖoɖo ame bubu nawɔe ɖe teƒewò.
Wɔ wò ŋutete ɖesiaɖe. Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woawɔ ŋutilãmedɔwo kura gɔ̃ hã kple luʋɔ blibo. (Kol. 3:22-24) Ele be woawɔe geɖe wu ne wole subɔsubɔ vavãtɔ ŋuti dɔwo wɔm. Ne dɔdasia le sue kura gɔ̃ hã la, eɖea vi na hamea ne wowɔe nyuie.
Dɔdasi ɖesiaɖe si míexɔna la naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple mía nɔviwo afia. (Mat. 22:37-39) Mina míakpɔ dɔ ɖesiaɖe si woade mía si le hamea me gbɔ nuteƒewɔwɔtɔe.