Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le November me: Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ. Mina Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza amesiwo si vi mele o. Midze agbagba miadze aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme ne miele agbalẽ gbadzaa ŋudɔ wɔm. December: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. January: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si ƒe akpa trɔ aŋutiɖiɖi alo si ƒe akpa ƒe amadede trɔ le esi wònɔ anyi didi ta alo agbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1990 si anɔ hamea si. Hame siwo si agbalẽ siawo mele o la ate ŋu ana Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee. February: Te Ðe Yehowa Ŋu.
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòatia nato hamea ƒe gakɔnta me le December 1 dzi, alo le ema megbe kpuie. Ne Fiaɖuƒe Akpata dzadzraɖo alo xɔtutudɔ ŋuti gadzraɖoƒe nuŋlɔɖi aɖe li la, ele be woawɔ ɖoɖo ato esia hã me. Ne miewɔ esia vɔ la, miɖe gbeƒãe na hamea le gakɔnta si akplɔe ɖo la xlẽɣi.
◼ Hameawo nadze ƒe 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! bablawo dɔdɔ gɔme le woƒe agbalẽ nudɔdɔ si woagaɖo ɖa me. Gbe siwo me agbalẽ babla siawo anɔ la adze le “Gbeƒãɖeɖe na Hamewo Katã” si míeɖona ɖe hamewo ɣleti sia ɣleti la dzi. Vaseɖe esime míaɖo agbalẽ bablaawo ɖe mi la, míaŋlɔ “Pending” (“Ava Emegbe”) ɖe agbalẽvi si akpe ɖe nusiwo míaɖo ɖe hamea ŋu dzi. Agbalẽ bablawo nye nudɔdɔ siwo ŋu ɖoɖo tɔxɛ le.