Dzadzraɖo si Sɔ Hedze Kafukafu
1. Nukata wòle be míabu alesi míadzra ɖoe ŋu ne míele ɖoɖo wɔm na nutome gã takpekpea?
1 “Yehowa Ðasefowoe nye ame nyuitɔwo kekeake! Miaƒe hameviwo ƒe dɔme nyo eye wodzrana ɖo nyuie, eye wobuna ame ŋutɔ.” Aleae amedzrodzeƒe dzikpɔla aɖe gblɔ le nɔvi siwo de nutome gã takpekpe aɖe le ƒe si va yi me ŋu. Le nutome gã takpekpe bubu aɖe me la, amedzrodzeƒe dɔwɔla aɖe gblɔ be: “Edze ƒã be miedzrana ɖo be yewoadze Mawu ŋu.” Ẽ, amewo léa ŋku ɖe mía ŋu ne míede nutome gã takpekpewo. Eyata míedi be míado awu ‘abe alesi wòdze na nyanyui la ene,’ eye zi geɖe la, esia naa egodotɔwo kafua mí henaa wòdzena ƒã be Mawu ƒe subɔlawoe míenye. (Fil. 1:27) Esi míele dzadzram ɖo na nutome gã takpekpe si gbɔna la, esɔ be míalé ŋku ɖe alesi míado awui ŋu do ŋgɔ.
2. Nukatae wòsesẽna be woado awu ahadzra ɖo ɖe nɔnɔme si sɔ me?
2 Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ be: “Nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna.” (Yak. 3:17) Be míaƒe dzadzraɖo nanɔ kɔkɔe ate ŋu anye nu sesẽ. Satana ƒe xexe gbegblẽ sia ƒonɛ ɖe amewo nu wodoa awu ŋumaɖɔɖotɔe, si nyɔa agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzodzro ɖe ame me, hetɔa ŋku, eye mesɔ o. (Yoh. I, 2:15-17) Le esia ta ne míele nya me tsom le awu si míado kple alesi míadzra ɖoe ŋu la, ehiã be míawɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃amenya sia dzi, be “míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye míanɔ anyi le ɖokuidziɖuɖu . . . me le xexe sia me.” (Tito 2:12) Míadi gbeɖe be míana míaƒe dzadzraɖo naɖe fu na amewo o, woɖanye mía nɔviwo, amedzrodzeƒe kple nuɖuɖudzraƒe dɔwɔlawo, alo ame bubu siwo léa ŋku ɖe mía ŋu o.—Kor. I, 10:32, 33.
3. Nyabiabia kawoe akpe ɖe mía ŋu míade ŋugble le alesi míadzra ɖoe ŋu?
3 Awudodo Nyui le Ŋuɖɔɖo Me: Ne èle dzadzram ɖo na takpekpea la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe medoa awu le ŋuɖɔɖo mea, alo ɖe wòhea amewo ƒe susu vaa dzinye madzemadzea? Ðe wòaɖee afia be medea bubu ame bubuwo ƒe seselelãmewo ŋua? Ðe wotso nye awuwo ƒe kɔme va anyi akpa alo awua le kpui akpaa? Ðe nye awuwo aɖe nye ameti bliboa afia alo ɖe womiam akpaa? Ðe awu si mado la le dzadzɛ eye ʋeʋẽ aɖeke mele eme si aɖe fu na amewo oa? Togbɔ be awu ƒe atsyã aɖe anɔ tsia dzi hã la, ɖe wòasɔ be woadoe ava Fiaɖuƒe Akpata mea? Ne mele nu ɖum le amedzrodzeƒe alo le ɖiɖim ɖe eme le ɖoɖowɔɖia megbe la, ɖe nye dzedzeme aɖee afia be menye subɔla si le dzadzɛa, alo ɖe nye awudodo anɔ ɖewoɖewoe, anye esi le tsia dzi, si mesɔ ɖe afisi mele nu o, eye mesɔ be takpekpevala si ŋu akɔtagbalẽvi le nado oa? Ðe alesi medoa awui le kpakpã megbe awɔe be nyemate ŋu aɖi vomeɖase na amewo oa?’—Rom. 15:2, 3; Tim. I, 2:9.
4. Aleke ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe dzadzraɖo nasɔ?
4 Ŋkuléle ɖe Kristotɔ tsitsiwo ŋu ate ŋu aɖe vi na mí. Ele be srɔ̃nyɔnuwo nabia wo srɔ̃wo be aleke amewo asusu tso yewoƒe awudodo ŋui hã. Dzila Mawu vɔ̃lawo ate ŋu akpe ɖe wo vi ƒewuiviwo ŋu le awudodo si sɔ tiatia me. Gawu la, nɔvinyɔnu tsitsi Mawu vɔ̃lawo ate ŋu “[axlɔ̃] nu ɖetugbiwo, ne . . . woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo” le woƒe dzadzraɖo me “bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.” (Tito 2:3-5) Awu nyui siwo míado ŋuɖɔɖotɔe ƒe kpɔɖeŋu geɖewo le míaƒe agbalẽwo me siwo akpe ɖe mía ŋu.
5. Aleke mí katã míate ŋu ahe kafukafu vɛ na Yehowa le takpekpea wɔɣi?
5 He Kafukafu Vɛ na Yehowa: Nutome gã takpekpewo nye mɔnukpɔkpɔ nyui ŋutɔ aɖe na mí katã, menye na amesiwo aƒo nuƒowo ɖeɖeko o, be míakafu Yehowa. Enye nyateƒe be míetoa míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kple nuƒoƒo dzi dea bubu Yehowa ŋu. Gake nu gbãtɔ si ŋu amewo léa ŋku ɖo le mía ŋue nye míaƒe awudodo kple dzadzraɖo. Neva eme be mí katã míahe kafukafu vɛ na Yehowa to míaƒe dzadzraɖo si sɔ hedze kafukafu dzi.—Ps. 148:12, 13.
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Nusiwo Akpe Ðe Mía Ŋu be Míaƒe Dzedzeme Nadze Kafukafu
◼ Mawu ƒe Nya la
◼ Ðokuimedzodzro
◼ Ŋkuléle ɖe ame bubuwo ŋu
◼ Kristotɔwo ƒe agbalẽwo