INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/03 axa 5
  • Awudodo Ðe Nɔnɔme Nyui me Ðea Mawuvɔvɔ̃ Fiana

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Awudodo Ðe Nɔnɔme Nyui me Ðea Mawuvɔvɔ̃ Fiana
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nudzeamewɔwɔ le Awudodo Kple Dzadzraɖo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nu Si Tae Wòle Be Míabu Míaƒe Awudodo Kple Dzadzraɖo Ŋu Nyuie
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Awu ka ƒomeviwoe sɔ be míado ne míele teƒe siwo míezãna na Yehowa subɔsubɔ la yim?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Dzadzraɖo si Sɔ Hedze Kafukafu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 11/03 axa 5

Awudodo Ðe Nɔnɔme Nyui me Ðea Mawuvɔvɔ̃ Fiana

1. Aleke míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe míaƒe nutome gã takpekpe si gbɔna ŋu?

1 Esusɔ vie mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míanye Yehowa ƒe amekpekpewo le ƒe 2003 “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Nutome Gã kple Dukɔwo Dome Takpekpea me. Aleke gbegbe míeda akpe na Yehowa be wòkpe mí ɖe gbɔgbɔmekplɔ̃ nyui sia ŋu enye esi! Míate ŋu ato míaƒe awudodo kple dzadzraɖo dzi aɖe bubu deto kple ŋudzedzekpɔkpɔ afia eyama ɖe eƒe gbɔgbɔmeɖoɖo si wòwɔ na mí la ŋu.—Ps. 116:12, 17.

2. Nukatae wòle vevie be míanɔ dzadzɛ le míaƒe dzadzraɖo me?

2 Wò Dzadzraɖo Nenɔ Dzadzɛ: Ele be miaƒe dzedzeme nasɔ kple mía Mawu, amesi le dzadzɛ eye wòwɔa nu ɖe nɔnɔme nyui me, ƒe dzidzenu kɔkɔwo. (Kor. I, 14:33; Kor. II, 7:1) Ele be míaƒe ametia, míaƒe ɖa, kple míaƒe fewo nanɔ dzadzɛ, eye míadzra ɖo ɖe nɔnɔme nyui me. Dzadzraɖo ɖewoɖewoe bɔ egbea. Gake mele be Kristotɔ nado awu ɖekematsɔlemetɔe le esi modzakaɖela alo kamedefefewɔla xɔŋkɔ aɖe hã donɛ nenema ta o. Ne míekplɔ atsyã siwo bɔ egbea ɖo la, asesẽ na amewo be woade dzesi vovototo si le amesiwo subɔa Mawu vavã la kple amesiwo mesubɔnɛ o dome.—Mal. 3:18.

3. Aleke míawɔ be míaƒe dzedzeme nasɔ kple aɖaŋuɖoɖo si dze le Timoteo I, 2:9, 10?

3 Awudodo si Dze Kristotɔ Subɔlawo: Esi apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ dzikpɔla Timoteo la, ede dzi ƒo na ‘nyɔnuwo be woado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; alesi dze nyɔnu, siwo ʋua Mawu ƒe subɔsubɔ me, to dɔwɔna nyuiwo me.’ (Tim. I, 2:9, 10) Nuŋububu nyuie hiã be míaƒe nudodowo nanɔ nɔnɔme nyui me. Ele be míatsri atsyã si ƒomevi ate ŋu ana woabu ame agbegbegblẽnɔlae. Ele be míaƒe nudodowo nanɔ dzadzɛ, wòanɔ kɔkɔe, eye wòada asɔ—ke manye esi wotɔ ɖewoɖewoe, esi me ametia dzena le, alo esi tɔa ŋku o.—Pet. I, 3:3.

4, 5. Nuxlɔ̃amenya ka dzie wòle be Kristotɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo nawɔ ɖo?

4 Paulo ƒo nu tsi tre ɖe nuwɔwɔ wòagbɔ eme to “ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo” me hã ŋu. (Tim. I, 2:9) Dadasɔ le sikanuwo, lekewɔnuwo, kple atsyɔ̃ɖonu bubuwo ŋudɔwɔwɔ me nye nusi me nunya le na Kristotɔ nyɔnuwo.—Lod. 11:2.

5 Gɔmeɖose si dze le aɖaŋu si Paulo ɖo na Kristotɔ nyɔnuwo me la ku ɖe Kristotɔ ŋutsuwo hã ŋu. Ele be nɔviŋutsuwo natsri atsyã si ɖea xexeame ƒe nɔnɔme fiana. (Yoh. I, 2:16) Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ aɖewo me la, awu gã gblotowo dodo bɔ, gake atsyã sia menye dzedzeme nyui si sɔ na Mawu ƒe subɔla o. Nenema ke getsuiwo ɖoɖo hã mesɔ o.—be-EW axa 133, mm. 1.

6. Nukata wòle be míalé dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi le míaƒe awudodo kple dzadzraɖo me ne míele mɔ zɔm yina takpekpea kple ne míetrɔ gbɔna, ne míele takpekpea me, kpakple le kpakpã vɔ megbe?

6 Le Kpakpã Vɔ Megbe: Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo dometɔ akpa gãtɔ ɖoa kpɔɖeŋu nyui ne woyina takpekpewo le awudodo kple dzadzraɖo gome. Gake nyatakakawo ɖee fia be ame aɖewo va ɖea ŋu ɖi ne wole mɔ zɔm yina takpekpea wɔƒe kple ne wotrɔ gbɔna alo ne wole modzaka ɖem le kpakpã vɔ megbe. Le Nyateƒe me la, míaƒe dzedzeme—eɖanye le takpekpewo wɔɣi alo ɣeyiɣi bubuwo o—kpɔa ŋusẽ ɖe alesi amewo bua Mawu ƒe amewoe dzi. Esi míekplaa míaƒe takpekpe ƒe akɔtagbalẽviwo ta la, ele be míado awu alesi dze Kristotɔ subɔlawo ɣesiaɣi. Zi geɖe la, esia naa amewo gblɔa nya nyui le mía ŋu eye wòʋua mɔ ɖi na mí be míaɖi ɖase na wo.—Kor. I, 10:31-33.

7. Ŋusẽ kae míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nyuie kpɔna ɖe amewo dzi?

7 Abe alesi alɔgbɔnukoko xɔlɔ̃wɔwɔtɔe nana míaƒe mo ƒe dzedzeme nya kpɔna ɖe edzii ene la, nenema ke awudodo ɖe nɔnɔme nyui me dea bubu míaƒe gbedasia kpakple habɔbɔ si me míele la ŋu. Ate ŋu aʋã amesiwo alé ŋku ɖe mía ŋu le “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Takpekpea me le ƒe sia me be woabia nusita míeto vovo eye woate ŋu aƒo nya ta mlɔeba be: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zax. 8:23) Neva eme be mía dometɔ ɖesiaɖe naɖe Yehowa vɔvɔ̃ afia le míaƒe awudodo kple dzadzraɖo me.

[Aɖaka si le axa 5]

Na Bubu Nanɔ Wò Dzedzeme Ŋu

▪ Ne èle mɔ zɔm

▪ Le takpekpea me

▪ Le kpakpã vɔ megbe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe