Nyabiaɖaka
◼ Awu ka ƒomeviwoe sɔ be míado ne míele teƒe siwo míezãna na Yehowa subɔsubɔ la yim?
Le xexea me godoo la, Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, Betel ƒewo, kple alɔdzedɔwɔƒewo nye teƒe siwo ŋu wokɔ hena Yehowa subɔsubɔ. Wonye teƒe siwo womedo atsya na fũu o siwo le dzadzɛ hele ɖoɖo nyui nu eye wodze bubuteƒewo. Teƒe siawo to vovo kura tso esiwo le Satana ƒe xexea me gbɔ ŋutɔ! Ele be woade dzesi ame siwo ɖia tsa yia teƒe siwo míezãna na Yehowa subɔsubɔ la hã be wonye Yehowa tɔwo, ame siwo le eƒe lɔlɔ̃nu wɔm.
Esi míenye Kristotɔwo ta la, “míeɖea mía ɖokui fiana le mɔ sia mɔ nu be míenye Mawu ƒe subɔlawo.” Míewɔa esia to míaƒe awudodo kple dzadzraɖo si sɔ hele ɖoɖo nu hã dzi. (2 Kor. 6:3, 4) Wodi tso mía si hã be míaɖe agbenɔnɔ nyui afia. Ele be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo naɖe agbe dzadzɛ nɔnɔ kple bubu si dze na Yehowa Mawu subɔlawo la afia ɣesiaɣi. Esia le vevie ŋutɔ ne míeɖi tsa yi habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le New York ƒe dɔwɔƒewo kple alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me godoo siaa.
Esi Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa nɔ nu ƒom tso vevienyenye si le awudodo kple dzadzraɖo nyuie ŋu la, egblɔ ale si wòhiã be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã me, ado awu siwo sɔ ahadzra ɖo nyuie ne míele gbeadzi alo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo yim. Egblɔ emegbe le axa 138 memama 3 lia me be: “Ðo ŋku edzi be ŋkɔ Betel gɔmee nye ‘Mawu ƒe aƒe.’ Eya ta ele be míaƒe awudodo, dzadzraɖo, kple agbenɔnɔ nanɔ abe ale si wodi tso mía si ne míeyi kpekpewo hena tadedeagu le Fiaɖuƒe Akpata me ene.” Ele be Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo tso kpuiƒe kple didiƒe siwo va ɖia tsa le Betel la nawɔ ɖe dzidzenu kɔkɔ sia dzi. Vavala siawo toa esia dzi ɖea woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple bubu fiana.—Ps. 29:2.
Ele be míaƒe awudodowo nana woade dzesi mí be ‘míevɔ̃a Mawu.’ (1 Tim. 2:10) Míaƒe awudodo kple dzadzraɖo si da sɔ ana amewo nade bubu Yehowa ƒe tadedeagu vavã la ŋu. Ke hã, wode dzesii be ne nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo yi be yewoaɖaɖi tsa le teƒe siwo míezãna na Yehowa sɔbɔsubɔ la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo doa awu aɖewo siwo mesɔ kura na teƒea o, wodoa awu ɖekematsɔlemetɔe, alo doa awu siwo me ametia dzena le la vaa teƒe siawoe. Mesɔ be Kristotɔwo nado awu siawo ɣeaɖekeɣi kura o. Le awudodo ƒe nya sia me la, míedi be míayi edzi alé dzidzenu kɔkɔ siwo dea vovototo Mawu ƒe amewo kple xexea dome la me ɖe asi, abe ale si wòle be wòanɔ le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo me ke ene, eye míawɔ nuwo katã na Mawu ƒe ŋutikɔkɔe.—Rom. 12:2; 1 Kor. 10:31.
Eya ta ne èyina tsaɖiƒe le alɔdzedɔwɔƒea, eɖanye ɖe nèɖoe yi alo ɖe nèɖi tsa yi afi aɖe hafi yi o, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nye awudodo kple dzadzraɖo ɖe dadasɔ, dzadzɛnyenye, kple bubu si le teƒe si meyina tsa ɖi ge le la fia? Ðe wòaƒo nu nyui tso Mawu si mesubɔna la ŋua? Ðe nye dzedzeme ahe amewo ƒe susu alo aɖe fu na woa?’ Mina míato míaƒe awudodo kple dzadzraɖo dzi ‘aɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía Xɔla, ƒe nufiafia la le nuwo katã me’!—Tito 2:10.