INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/02 axa 2
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Awu ka ƒomeviwoe sɔ be míado ne míele teƒe siwo míezãna na Yehowa subɔsubɔ la yim?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nu Si Tae Wòle Be Míabu Míaƒe Awudodo Kple Dzadzraɖo Ŋu Nyuie
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Wole Ame Sia Ame Kpem!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 6/02 axa 2

Nyabiaɖaka

◼ Aleke wòle be míado awu ahadzra ɖoe ne míeyina Betel-ƒewo me kple alɔdzedɔwɔƒewo?

Ne míeɖi tsa yi Betel, eɖanye bene woakplɔ mí atsae le teƒea alo be míasrã Betel-ƒomea me tɔ aɖe kpɔ o, “ele be míaƒe awudodo, dzadzraɖo kple nɔnɔme nanɔ abe nusi wodina tsoa mía si nenye be míeyi kpekpewo hena tadedeagu le Fiaɖuƒe Akpata me ene.” (om-EW 131) Gake wode dzesii be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo doa nusianu ko tsɔ vaa alɔdzedɔwɔƒea. Awu mawo tɔgbe masɔ woatsɔ ava teƒe siawoe o. Ele be míaɖo kpɔɖeŋu nyui le míaƒe awudodo kple dzadzraɖo me, wòaɖe ʋuɖɔɖɔ kple bubu si dze Yehowa Mawu subɔlawo la afia.—Tim. I, 2:9, 10.

Esia le vevie ŋutɔ ne míeyina Betel-ƒewo me kple alɔdzedɔwɔƒewo elabena teƒe siawo hea ame geɖe siwo menye Ðasefowo o ƒe susu wonɔa ŋku lém ɖe mía ŋu. Nukpɔla siawo anɔ te ɖe nusiwo wokpɔ dzi abu susu aɖe ɖe Mawu ƒe amewo kple eƒe habɔbɔa ŋu. Anyo be míaƒo nu na míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo kple ame bubu siwo adi be yewoaɖi tsa ava atsɔ aɖo ŋku alesi wòle vevie be woadzra ɖo nyuie eye woado awu siwo sɔ la dzi na wo. Betel-ƒomea akpɔ ŋudzedze ɖe alesi miakpe asi ɖe esia wɔwɔ ŋui la ŋu ŋutɔ.

Ele be mí subɔla Kristotɔwo míakpɔ nyuie be míaƒe dzedzeme nagazu nuɖiaɖia na ame aɖeke o. (Kor. II, 6:3, 4) Ke boŋ ɣesiaɣi mina míato míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nyuie dzi “aɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me.”—Tito 2:10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe