Nudzeamewɔwɔ le Awudodo Kple Dzadzraɖo Me
1 “Ŋutsuwo katã kple ŋutsuviwo gɔ̃ hã bla taya. Nyɔnu tsitsiwo kple ɖetugbiwo, nyɔnuvi ƒewuiviwo kple nyɔnuvi suewo siaa do awu legbe loo alo skɛt. Màkpɔ ame aɖeke si do jeans alo do dziwui gbe taya babla o. Amesiame nya le kpɔkpɔm le afisia.” Aleae woka nya ta le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe mee. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒo ƒu ɖe nutome gã takpekpe aɖe me le ƒe si va yi me ŋue wonɔ nu ƒom le.
2 Le takpekpe aɖe me le United States la, nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ le Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ŋu be: “Ŋutsuawo katã dzra ɖo nyuie eye wodo kot hebla taya. Nyɔnuawo dzra ɖo ŋuɖɔɖotɔe eye wonya le kpɔkpɔm.” Nuteƒekpɔla bubu si nye dzɔla gblɔ be: “Mienye ame ɖɔŋuɖo siwo ŋu bubu le, siwo ŋuti kɔ, kple amesiwo le dzadzɛ. Nusiwo teƒe mekpɔ la nya kpɔ ŋutɔ. Le xexe ƒoɖi sia me la, miedze agbagba ɖe ɖia ɖa!” Ðase nyui ka gbegbee nye esi woɖi le mía ŋu! Ðe dzi medzɔ mí be wokafu míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa alea gbegbe oa? Nyateƒee, Ðasefowo ƒe ha la me tɔ ɖesiaɖe ƒe nuwɔnae na wokafua woƒe dzedzeme nyui la.
3 Wova nya mí le xexeame godoo be míaƒe dzedzeme to vovo sasasã. (Mal. 3:18) Nukatae? Elabena míewɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame dzi be ‘míado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le ŋuɖɔɖo kple ɖokuidziɖuɖu me, le nusi dze amesiwo ʋua Mawu ƒe subɔsubɔ me la me.’—Tim. I, 2:9, 10.
4 Nukae Wò Awudodo Kple Dzadzraɖo Ðena Fiana? Awu siwo míedona kple alesi míedoa woe ɖia ɖase le mía ŋu—ku ɖe míaƒe dzixɔsewo, nɔnɔme, kple tameɖoɖowo ŋu. Mía nɔvinyɔnu ɖetugbi aɖewo doa wu kpuiwo alo esiwo mia wo si tɔa ŋku vevietɔ ne wonɔ anyi alo bɔbɔ. Bubuwo doa atalegbe vaa kpekpe siawo. Atsyã siwo tɔgbe míetɔna ɖia ɖase le amesiwo míenye kple amesi ƒe dɔtsɔlawo míenye ŋu. Migana míaƒe nuwɔna nade nukpɔsusu kple agbenɔnɔ ɖigbɔ siwo bɔ ɖe xexeame la dzi gbeɖe o. Menye ne awudodo aɖe le tsia dzi alo mele tsia dzi o ye nye nu vevitɔ na mí o, ke boŋ ne edze na amesi gblɔna be Mawu ƒe subɔla yenye. (Rom. 12:2) Le esi teƒe be míana míaƒe dzedzeme naɖe ɖokuisinɔnɔ ƒe gbɔgbɔ alo agbegbegblẽnɔnɔ afia la, míedi be míaɖee afia be nyateƒee ‘míekafua Mawu.’—Pet. I, 2:12.
5 Ɣeaɖewoɣi la amesi nye ame yeye, si si nuteƒekpɔkpɔ mele o, alo amesi gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me akpɔ ŋudzedze ɖe awudodo kple dzadzraɖo ɖesiaɖe si xexeame kafuna ŋu esime mede ŋugble le alesi wòana amewo nabu Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu kpɔ gbã o. Anyo be mí katã míado mía ɖokui akpɔ be ɖe xexeame ƒe nukpɔsusu le ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi hã. Míate ŋu ate ɖe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu tsitsi alo nɔvinyɔnu tsitsi si ŋu bubu le ŋu be wòagblɔ nusi wòkpɔ le awu si tɔgbe míedona kple míaƒe dzadzraɖo ŋu faa na mí, emegbe míabu aɖaŋuɖoɖo si míexɔ la ŋu vevie.
6 Ame aɖewo lɔ̃na ɖe edzi bɔbɔe be ele be yewoanɔ ŋudzɔ ɖe alesi yewodoa awui ŋu le takpekpe wɔɣi. Gake woƒe susu manɔ dzidzenu vevi sia ŋu le ɖiɖiɖemeɣiwo ne wokpa takpekpea o. Lé dzidzenu kɔkɔ si dze na subɔla Kristotɔwo me ɖe asi. (Kor. II, 6:3, 4) Afisiafi si míayi le amewo dome la, míaƒe akɔtagbalẽvi tsɔ kpe ɖe míaƒe awudodo nyuie kple dzadzraɖo ŋu ɖea mí fiana be míenye Yehowa Ðasefowo. Eyata ele be míado awu nyuie le ŋuɖɔɖɔɖo me ɣesiaɣi ne wòafia be ‘míenye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’—Yoh. 15:19.
7 Mina míawɔ nusianu si míate ŋui le ƒe sia ƒe “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpea me atsɔ aɖee afia be míenye “dukɔ kɔkɔe na Yehowa, [mía] Mawu la.” Dɔ nyui si wòawɔ ɖe amewo dzi adzi Yehowa ƒe “kafukafu, bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo” ɖe edzi.—Mose V, 26:19.
[Aɖaka si le axa 6]
Alesi Míakafu Yehowae:
■ Do awu le nɔnɔme si dze na Mawu ƒe subɔla.
■ Tsri xexeame ƒe atsyã maɖɔʋuwo.
■ Nye nudzeamewɔla, si aɖee afia be èɖua ɖokuiwò dzi.