Akpa 6—Biblia Nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
Ne Nusrɔ̃via Bia Nya Aɖe
1 Ne míenya ɖo Biblia-nusɔsrɔ̃ anyi nyuie ko la, anyo be míadzro Biblia me nufiafiawo me ɖe ɖoɖo nu ɣesiaɣi tsɔ wu be míadzo kpo to nyati aɖe dzi ayi bubu dzi. Esia kpena ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòaɖo sidzedze vavãtɔ gɔme anyi nyuie eye wòawɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi. (Kol. 1:9, 10) Gake zi geɖe la, nusrɔ̃viawo biaa nya edziedzi ku ɖe nyati vovovowo ŋu ne míele nu srɔ̃m kpli wo. Aleke míakpɔ nya siawo gbɔe?
2 Ðɔ Ŋu Ðo: Ɣesiaɣi si nyabiaseawo aku ɖe nusɔsrɔ̃nyati si me dzrom miele ŋu la, àte ŋu aɖo wo ŋu enumake. Ne woava ɖo nyabiasea ŋu le nusrɔ̃gbalẽa me emegbe la, na wòanya ko evɔ. Gake ne nyabiasea meku ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu o alo ahiã numekuku be nàte ŋu aɖo eŋu alesi dze la, ɖewohĩ anyo wu be miadzro nyaa me le nua sɔsrɔ̃ vɔ megbe alo ɣebubuɣi. Gbeƒãɖela aɖewo kpɔe be ne yewoŋlɔ nyabiasea ɖi la, enaa kakaɖedzi nusrɔ̃via be wobu yeƒe biabiaa be ele vevie, eye ewɔnɛ be eƒe susu medzona le nusɔsrɔ̃a me nya veviawo dzi o.
3 Wodzro Biblia me nufiafia geɖe me kpuie ko le agbalẽ siwo koŋ míezãna tsɔ srɔ̃a nu kple amewo me. Nukae nàwɔ ne nufiafia aɖe gɔmesese sesẽ na nusrɔ̃via alo egalé aʋatsodzixɔse aɖe me ɖe asi kokoko? Ðewohĩ anyo be miakpɔ agbalẽ bubu siwo dzro nusi Biblia fia le nyatia ŋu me nyuie wu. Ne numeɖeɖea me mekɔ na nusrɔ̃via kokoko o la, miɖe asi le nya si wòbia ŋu hena ɣebubuɣi eye miayi nua sɔsrɔ̃ dzi. (Yoh. 16:12) Ne sidzedze geɖe wu va le esi sum eye wòle gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi wɔm la, ɖewohĩ ava se Biblia ƒe nufiafia ma gɔme.
4 Ðe Ðokuibɔbɔ Fia: Ne mèka ɖe nyabiase aɖe ƒe ŋuɖoɖo dzi o la, ƒo asa na agbagbadzedze be yeagblɔ ye ŋutɔ yeƒe nukpɔsusu. (Tim. II, 2:15; Pet. I, 4:11) Ðe eme nɛ be yeava wɔ numekuku le nyaa ŋu eye yeatrɔ ava ɖo eŋu nɛ. Ðewohĩ àte ŋu azã mɔnukpɔkpɔa atsɔ afia nusrɔ̃via alesi wòawɔ numekukui. Kpe ɖe eŋu vivivi wòanya alesi wòazã numekugbalẽ siwo Yehowa ƒe habɔbɔa ta na mí. Ewɔwɔ alea ana wòava su te mlɔeba aɖo eya ŋutɔ ƒe nyabiasewo ŋu.—Dɔw. 17:11.