INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/05 axa 3-6
  • Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbalẽ Siwo Wokafu
  • Alesi Nàdzra Ðoe
  • Nusɔsrɔ̃a Nesɔ Ðe Nusrɔ̃via ƒe Nuhiahiãwo Nu
  • Nufiafiaa Netso Mawu ƒe Nya la Me
  • Dzesidede Ŋuɖoɖoawo Kple Nuŋlɔɖiwo Wɔwɔ
  • Nyati Bliboa Nyanya Kple Numetoto
  • Tu Xɔse Sẽŋu Ðo ɖe Eme
  • Na Nusɔsrɔ̃a Nazɔ Tẽ
  • Ðɔ Ŋu Ðo
  • Ðe Ðokuibɔbɔ Fia
  • Alesi Míadze Gbedodoɖa Gɔmee
  • Nya si Míate Ŋu Agblɔ le Gbedodoɖa Me
  • Hame ƒe Kpekpewo
  • Zã Videowo Nàtsɔ Atu Woƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðo
  • De Dzi Ƒo na Wo be Woaɖi Ðase
  • Na Hehe Wo be Woaƒo Nu tso Woƒe Dzixɔsewo Ŋu
  • Dzadzraɖo Ðekae
  • Gbeƒãɖeɖe Ðekae
  • Dzadzraɖo ɖe Tɔtrɔyi Wɔwɔ Ŋu
  • Tɔtrɔyi Wɔwɔ Veviedodotɔe
  • Biblia-nusɔsrɔ̃ Dodo Ðe Amewo Gbɔ
  • Hehe Nana Nusrɔ̃viwo be Woanye Nufialawo:
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Gbãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woava Xɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Evelia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Dzra Ðo Nyuie Ðe Nufiafia Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 9/05 axa 3-6

Dzrae Ðo

Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ

Emedegbalẽvi sia me nyawo nye nya vevi siwo woɖe tso Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyati siwo kplɔ wo nɔewo ɖo ku ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔ wɔwɔ ŋu la me. Míele dzi dem ƒo na amesiame be wòadzra emedegbalẽvia sia ɖo ahawɔ ɖe mɔfiameawo dzi le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me. Hekpe ɖe eŋu la, miate ŋu adzro emenyawo me le kpekpe hena gbeadziyiyi me, eye subɔsubɔdɔ dzikpɔlawo ate ŋu atu woƒe nuƒowo ɖe edzi ne wole agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowo srãm kpɔ.

Akpa 1: Nukae Nye Biblia-nusɔsrɔ̃?

Ne èɖoa dze tso Biblia me edziedzi kple ame aɖe, ɖe ɖoɖo aɖe koŋ nu, metsɔ le eme be dzeɖoɖoa le kpuie o, si me nèzãa Biblia alo woa kple agbalẽ siwo wokafu na mí dometɔ ɖeka le ko la, Biblia-nusɔsrɔ̃ enye ma wɔm nèle. Ne miesrɔ̃ nu zi eve le esi nèɖe alesi míewɔa nusɔsrɔ̃ae me na aƒemenɔlaa vɔ megbe eye ne èka ɖe edzi be nusɔsrɔ̃a ayi edzi ko la, ekema àte ŋu abu eŋuti kɔnta.—km-EW 7/04 axa 1.

Agbalẽ Siwo Wokafu

◼ Nukae Mawu Di tso Mía Si?

◼ Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me

◼ Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La

◼ Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃! nye agbalẽ si míate ŋu azã atsɔ asrɔ̃ nu kple amesiwo menya agbalẽ boo o alo amesiwo menya nuxexlẽ nyuie o.

Akpa 2: Dzadzraɖo ɖe Nusɔsrɔ̃a Wɔwɔ Ŋu

Ehiã be míanya alesi míafia nui be wòaʋã nusrɔ̃via ƒe dzi. Esia bia be míabu nusrɔ̃via ŋu ahadzra ɖo nyuie be wòaɖe vi nɛ.—km-EW 8/04 axa 1.

Alesi Nàdzra Ðoe

◼ De ŋugble le nusɔsrɔ̃a ƒe tanya, tanya sueawo, kple nɔnɔmetata siwo anɔ nusɔsrɔ̃nyatia me ŋu.

◼ Di ŋuɖoɖo na nyabiase siwo le agbalẽa me, eye te fli ɖe nya alo nyagbɔgblɔ veviawo ko te.

◼ Tia mawunyakpukpui siwo woyɔ siwo miaxlẽ le nua srɔ̃ɣi. Wɔ nuŋlɔɖi kpui aɖe tso wo ŋu ɖe agbalẽa ƒe axa ƒe teƒe siwo le ƒuƒlu.

◼ Dzra numetoto kpui aɖe si ku ɖe nya veviawo ŋu ɖo.

Nusɔsrɔ̃a Nesɔ Ðe Nusrɔ̃via ƒe Nuhiahiãwo Nu

◼ Tsɔ nusrɔ̃via kple eƒe nuhiahiãwo de gbedodoɖa me.

◼ Dze agbagba nàbu tame le akpa siwo ɖewohĩ asesẽ na nusrɔ̃via be wòase wo gɔme alo alɔ̃ ɖe wo dzi la ŋu do ŋgɔ.

◼ Bia ɖokuiwò be: Nuka gɔmee wòhiã be wòase alo si ŋu wòle be wòatrɔ asi le ale be wòate ŋu ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me? Aleke mawɔ aɖo eƒe dzi gbɔ?

◼ Ðewohĩ àkpɔe be ehiã be yeadzra ɖo ɖe kpɔɖeŋu aɖe, numeɖeɖe aɖe, alo nyabiase vovovo aɖewo siwo akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòase nya aɖe alo mawunyakpukpui aɖe gɔme nyuie ŋu.

Akpa 3: Ŋɔŋlɔawo Zazã Nyuie

Taɖodzinu si ta míesrɔ̃a Biblia kple amewo ɖoe nye be míawɔ wo “woanye nusrɔ̃lawo” to alesi míakpe ɖe wo ŋu woase Mawu ƒe Nya la ƒe nufiafiawo gɔme, alɔ̃ ɖe wo dzi, ahatsɔ wo awɔ dɔe dzi. (Mat. 28:19, 20; Tes. I, 2:13) Eyata ele be míatu nusɔsrɔ̃a ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi.—km-EW 11/04 axa 4.

Nufiafiaa Netso Mawu ƒe Nya la Me

◼ Fia nusrɔ̃via alesi wòawɔ ake ɖe mawunyakpukpui siwo woyɔ ŋu le eya ŋutɔ ƒe Biblia me.

◼ Tia mawunyakpukpui siwo fia be míaƒe dzixɔsewo nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi eye miaxlẽ wo ahadzro wo me.

◼ Zã nyabiasewo. Le esi teƒe be nàɖe mawunyakpukpuiawo me na nusrɔ̃via la, na eya ŋutɔ boŋ naɖe eme nàse.

◼ Na nusɔsrɔ̃a nanɔ bɔbɔe. Ƒo asa na mawunyakpukpui ɖesiaɖe me nyawo me dzodzro tsitotsito. Gblɔ nya siwo ko hiã be wòase nya vevi si me dzrom miele gɔme.

◼ Fia alesi wòatsɔ nyaa awɔ dɔe ŋutɔŋutɔ. Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔ alesi Biblia me nyawo ku ɖe eya ŋutɔ ŋui.

Akpa 4: Hehenana Nusrɔ̃via be Wòadzra Ðo

Zi geɖe la, nusrɔ̃vi si toa nusɔsrɔ̃a me doa ŋgɔ, tea fli ɖe ŋuɖoɖoawo te, hebua tame le alesi wòaɖo nya ŋui le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me ŋu la wɔa gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kabakaba. Eyata ne mienya wɔ nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo ko la, dzra nusɔsrɔ̃ ɖeka ɖo kple nusrɔ̃via atsɔ afiae alesi eya ŋutɔ adzra ɖoe. Le nusrɔ̃vi akpa gãtɔ gome la, anyo be míadzra ta blibo alo nusɔsrɔ̃ blibo aɖe ɖo kplii.—km-EW 12/04 axa 1.

Dzesidede Ŋuɖoɖoawo Kple Nuŋlɔɖiwo Wɔwɔ

◼ Fia alesi wòawɔ akpɔ ŋuɖoɖo tẽ na nyabiase siwo le agbalẽa me lae.

◼ Tsɔ wò nusrɔ̃gbalẽ si me nète fli ɖe nya veviawo ko te le la fia nusrɔ̃via.

◼ Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔe be mawunyakpukpui ɖesiaɖe si woyɔ la te gbe ɖe nya vevi aɖe dzi le memamaa me, eye nàfiae alesi wòawɔ nuŋlɔɖi kpui aɖewo ɖe eƒe nusrɔ̃gbalẽa ƒe axawo dzi.

Nyati Bliboa Nyanya Kple Numetoto

◼ Fia nusrɔ̃via alesi wòalé ŋku ɖe nyatia alo nusɔsrɔ̃a ƒe tanya, tanya suewo, kple nɔnɔmetatawo ŋu akpɔ nyati bliboa le susu me do ŋgɔ hafi adze eƒe dzadzraɖoa gɔme.

◼ De dzi ƒo nɛ be hafi wòawu eƒe dzadzraɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu nu la, negbugbɔ to nya vevi siwo le nusɔsrɔ̃a me la me.

Akpa 5: Nu Agbɔsɔsɔme si Miasrɔ̃

Nu agbɔsɔsɔme si woate ŋu asrɔ̃ la anɔ te ɖe nufialaa kple nusrɔ̃via siaa ƒe ŋutete kple nɔnɔmewo dzi.—km-EW 1/05 axa 1.

Tu Xɔse Sẽŋu Ðo ɖe Eme

◼ Ne nusrɔ̃via mele Mawu ƒe Nya la gɔme sem nyuie o la, mele be míaŋe aɖaba aƒu edzi ahadze agbagba be míawu agbalẽa nu kaba o.

◼ Zã ɣeyiɣi geɖe alesinu hiã nàtsɔ akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòase nusi srɔ̃m wòle tso Mawu ƒe Nya la me gɔme eye wòaka ɖe edzi.

◼ Zã ɣeyiɣi sɔgbɔ nàtsɔ adzro mawunyakpukpui vevi siwo dzi wotu nufiafiaa ɖo la me.

Na Nusɔsrɔ̃a Nazɔ Tẽ

◼ Ne enye numame na nusrɔ̃via be wòaƒo nu tso eya ŋutɔ ƒe nyawo ŋu fũ le nusɔsrɔ̃a wɔɣi la, ɖewohĩ anyo be miawɔ ɖoɖo adzro wo me le nusɔsrɔ̃a megbe.

◼ Tsri nya geɖe gbɔgblɔ le nusɔsrɔ̃a wɔɣi. Kpɔɖeŋu bubuwo alo nuteƒekpɔkpɔwo megasɔ gbɔ alo adidi ale gbegbe be woahe nusrɔ̃via ƒe susu ɖa le Biblia me gɔmedzenufiafiawo ŋuti sidzedze vavãtɔ si xɔm wòle la ŋu o.

Akpa 6: Ne Nusrɔ̃via Bia Nya Aɖe

Ne míenya ɖo Biblia-nusɔsrɔ̃ anyi nyuie ko la, anyo be míadzro Biblia me nufiafiawo me ɖe ɖoɖo nu ɣesiaɣi tsɔ wu be míadzo kpo to nyati aɖe dzi ayi bubu dzi. Esia kpena ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòaɖo sidzedze vavãtɔ gɔme anyi nyuie eye wòawɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi.—km-EW 2/05 axa 5.

Ðɔ Ŋu Ðo

◼ Zi geɖe la, àte ŋu aɖo nyabiase siwo aku ɖe nusɔsrɔ̃nyati si me dzrom miele ŋu la ŋu enumake.

◼ Ne nyabiasea meku ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu o alo ahiã numekuku be nàte ŋu aɖo eŋu alesi dze la, ɖewohĩ anyo wu be miadzro nyaa me le nua sɔsrɔ̃ vɔ megbe alo ɣebubuɣi. Ate ŋu aɖe vi ne èŋlɔ nyabiaseawo ɖi.

◼ Ne nufiafia aɖe gɔmesese sesẽ na nusrɔ̃via la, anyo be nàzã agbalẽ bubu siwo dzro nyati ma me nyuie wu.

◼ Ne numeɖeɖea me mekɔ na nusrɔ̃via kokoko o la, miɖe asi le nya si wòbia ŋu hena ɣebubuɣi eye miayi nua sɔsrɔ̃ dzi.

Ðe Ðokuibɔbɔ Fia

◼ Ne mèka ɖe nyabiase aɖe ƒe ŋuɖoɖo dzi o la, ƒo asa na agbagbadzedze be yeagblɔ ye ŋutɔ yeƒe nukpɔsusu.

◼ Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu vivivi wòanya alesi wòawɔ numekukui.

Akpa 7: Gbedodoɖa le Nua Srɔ̃ɣi

Yehowa ƒe yayra hiã vevie be Biblia-nusrɔ̃viwo nate ŋu ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me. Eyata esɔ be míado gbe ɖa le nusɔsrɔ̃ si míeɖo anyi la ƒe gɔmedzedze kple nuwuwu.—km-EW 3/05 axa 8.

Alesi Míadze Gbedodoɖa Gɔmee

◼ Míate ŋu ado gbe ɖa zi gbãtɔ si míasrɔ̃ nu kple amesiwo tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me vevie.

◼ Le ame bubuwo ya gome la, ɖewohĩ ahiã be míanya ɣeyiɣi si sɔ be míadze gbedodoɖa gɔme le nusɔsrɔ̃a me.

◼ Àte ŋu azã Psalmo 25:4, 5 kple Yohanes I, 5:14 atsɔ aɖe nusita wòhiã be míado gbe ɖa me.

◼ Àte ŋu azã Yohanes 15:16 atsɔ aɖe alesi wòle vevie be míado gbe ɖa na Yehowa to Yesu Kristo dzi la me.

Nya si Míate Ŋu Agblɔ le Gbedodoɖa Me

◼ Esɔ be míakafu Yehowa be Eya gbɔe nufiamea tso.

◼ Míate ŋu agblɔ nya aɖewo siwo aɖe alesi míetsɔ ɖe le nusrɔ̃via me vavãe afia.

◼ Míagblɔ alesi míekpɔ ŋudzedze ɖe habɔbɔ si zãm Yehowa le ŋu.

◼ Míabia be Yehowa nayra agbagba siwo dzem nusrɔ̃via le be wòatsɔ nusiwo srɔ̃m wòle ade dɔwɔwɔ me.

Akpa 8: Nusrɔ̃via ƒe Susu Hehe Yi Habɔbɔa Dzii

Menye taɖodzinu si le mía si le Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me enye be míana amewo nanya nufiafia veviwo ko evɔ o, ke míedi be míakpe ɖe nusrɔ̃viawo ŋu woava nɔ Kristo-hamea me hã. Zã miniti ʋɛ aɖewo le nusɔsrɔ̃a me kwasiɖa ɖesiaɖe nàtsɔ afia nane wo tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu.—km-EW 4/05 axa 8.

Hame ƒe Kpekpewo

◼ Àte ŋu aƒo nu tso hame ƒe kpekpe ɖesiaɖe ŋu na wo ɖekaɖeka. Kpe wo tso nusɔsrɔ̃ gbãtɔa wɔɣi ke be woade kpekpeawo.

◼ Ƒo nu tso nya vevi siwo nèse le kpekpeawo me ŋu na wo.

◼ Na woakpɔ ŋudzedze ɖe Ŋkuɖodzia, takpekpewo, kple nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔ ŋu.

◼ Zã foto siwo dzena le míaƒe agbalẽwo me nàtsɔ akpe ɖe wo ŋu woakpɔ nusi ŋutɔŋutɔ yia edzi le kpekpeawo me.

◼ De dzi ƒo na wo be woaxlẽ agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?

Zã Videowo Nàtsɔ Atu Woƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðo

◼ Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name

◼ Our Whole Association of Brothers

◼ United by Divine Teaching

◼ To the Ends of the Earth

Akpa 9: Hehe Nana Nusrɔ̃viwo be Woaɖi Vomeɖase

Ne Biblia-nusrɔ̃viwo dze egɔme le nusi srɔ̃m wole la dzi xɔm se ko la, eʋãa wo be woaƒo nu le eŋu.—km-EW 5/05 axa 1.

De Dzi Ƒo na Wo be Woaɖi Ðase

◼ Ðe xɔlɔ̃ kple ƒometɔ aɖewo li siwo wòate ŋu akpe be woava kpɔ gome le nusɔsrɔ̃a mea?

◼ Ðe woƒe dɔwɔhati, sukuhati, alo ame nyanyɛ bubu aɖewo ɖe ɖetsɔleme fia?

Na Hehe Wo be Woaƒo Nu tso Woƒe Dzixɔsewo Ŋu

◼ Ne mieɖo nusɔsrɔ̃a ƒe teƒe vevi aɖewo la, bia nusrɔ̃via be, “Aleke nàzã Biblia atsɔ aɖe nyateƒenya sia me na wò ƒometɔwoe?”

◼ Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔe be ehiã be wòaɖe nugɔmesese, bubu, kple ameŋububu afia ne ele nu ƒom na amewo tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu.

◼ Nusrɔ̃viawo ate ŋu azã agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse? atsɔ akpe ɖe wo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ŋu woase egɔme be míaƒe dzixɔsewo kple míaƒe dɔa wɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia.

Akpa 10: Hehe Nana Nusrɔ̃viwo le Aƒeme Yi Aƒeme Subɔsubɔdɔa Me

Ne hamemegãwo kpɔ be Biblia-nusrɔ̃vi aɖe dze asubɔ abe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ ene la, woate ŋu aɖe mɔ nɛ be wòadze hahoo gbeƒãɖeɖedɔa gɔme kple hamea.—km-EW 6/05 axa 1.

Dzadzraɖo Ðekae

◼ Fia gbeƒãɖela yeyea afisi wòate ŋu akpɔ dzeɖonyawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo le.

◼ Kpe ɖe eŋu wòatia dzeɖonya aɖe si le bɔbɔe eye wòsɔ na miaƒe anyigbamamaa.

◼ De dzi ƒo nɛ be wòazã Biblia le eƒe subɔsubɔdɔa me.

◼ Miwɔ dzeɖonyaa ƒe wɔwɔfia ɖekae. Fiae alesi wòaɖo nya aɖewo ŋu le ŋuɖɔɖo me.

Gbeƒãɖeɖe Ðekae

◼ Na nusrɔ̃via nalé ŋku ɖe alesi nèzã dzeɖonya si miedzra ɖo ɖekae la ŋu.

◼ Nusrɔ̃via ƒe amenyenye kple eƒe ŋutete nanɔ susu me na wò. Ɣeaɖewoɣi la, anyo be wòagblɔ dzeɖonyaa ƒe akpa aɖe ko.

◼ Kpe ɖe gbeƒãɖela yeyea ŋu be wòaɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ na gbeadzi dede edziedzi.

Akpa 11: Kpekpe Ðe Gbeƒãɖela Yeyewo Ŋu be Woawɔ Tɔtrɔyi

Dzadzraɖo ɖe tɔtrɔyi wɔwɔ ŋu dzea egɔme tso yiyi zi gbãtɔ dzi. De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòatsɔ ɖe le amesiwo wòƒo nu na la me vevie. Na hehee vivivi be wòakpe ɖe aƒemenɔlawo ŋu woagblɔ woƒe susu, be wòalé to ɖe aƒemenɔlawo ƒe numeɖeɖewo ŋu, eye be wòaŋlɔ nusiwo me wotsɔ ɖe le la ɖi.—km-EW 7/05 axa 1.

Dzadzraɖo ɖe Tɔtrɔyi Wɔwɔ Ŋu

◼ Mito nusiwo miede dzesi le yiyi zi gbãtɔ me la me, eye fia nusrɔ̃via alesi wòatia Fiaɖuƒegbedasia ŋu nya aɖe si alé dzi na aƒemenɔlaa.

◼ Midzra dzeɖonya kpui aɖe ɖo, si me miazã mawunyakpukpui ɖeka kple memama ɖeka tso agbalẽ aɖe me.

◼ Midzra nyabiase aɖe ɖo, si miagblẽ ɖe amea gbɔ le dzeɖoɖoa ƒe nuwuwu.

Tɔtrɔyi Wɔwɔ Veviedodotɔe

◼ De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòatrɔ ayi amesiwo katã tsɔ ɖe le eme gbɔ kaba.

◼ Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔe be ehiã be míaku kutri le agbagbadzedze be míake ɖe amesiwo kpɔkpɔ sesẽ ŋu me.

◼ Fia gbeƒãɖela yeyea alesi wòawɔ anya ɣeyiɣi si asɔ na aƒemenɔlaa, si dzi woalɔ̃ ɖo, eye nàkpe ɖe eŋu wòakpɔ nusita wòhiã be wòatrɔ ayi abe alesi wòdo ŋugbee ene la adze sii.

Akpa 12: Kpekpe Ðe Nusrɔ̃viwo Ŋu be Woadze Biblia-Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ Gɔme Ahayi Edzi

Yesu ƒe nɔnɔme sɔsrɔ̃ to kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ɖi le wò subɔsubɔdɔa me le vevie ŋutɔ. Ne wò nusrɔ̃via le ŋku lém ɖe wò kpɔɖeŋua ŋu le subɔsubɔdɔa me la, ase egɔme be susu si ta míewɔa tɔtrɔyiwo ɖo enye be míadze Biblia-nusrɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme.—km-EW 8/05 axa 1.

Biblia-nusɔsrɔ̃ Dodo Ðe Amewo Gbɔ

◼ Ðe eme na nusɔsrɔ̃via be mahiã be míaɖe nusrɔsrɔ̃a wɔwɔ ŋuti ɖoɖowo me na amea tsitotsito o.

◼ Zi geɖe la, memama ɖeka alo eve sɔsrɔ̃ le nusrɔ̃gbalẽa me kple amea ye nye mɔ nyuitɔ si dzi míato ana aƒemenɔlaa nakpɔ alesi míewɔa nusɔsrɔ̃ae.

◼ Mia kple nusrɔ̃via miwɔ numetoto, miazã dzeɖonya siwo fia alesi woadze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmee dometɔ ɖeka atsɔ awɔ eƒe wɔwɔfia.—km-EW 8/05 axa 8; km-EW 1/02 axa 6.

Hehe Nana Nusrɔ̃viwo be Woanye Nufialawo:

◼ De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me.

◼ Wɔ ɖoɖo be gbeƒãɖela yeyewo nazɔ kpli wò ne èyina Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔ ge kple ame bubuwo, bena woakpɔ gome le nufiafiaa me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe