INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/09 axa 2
  • Dzra Ðo Nyuie Ðe Nufiafia Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzra Ðo Nyuie Ðe Nufiafia Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woava Xɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Ðo Wò Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe Dzi Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 6/09 axa 2

Dzra Ðo Nyuie Ðe Nufiafia Ŋu

1. Nu ka tae wòle be míadze agbagba vevie akpe ɖe Biblia nusrɔ̃via ŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖe nu si srɔ̃m wòle la ŋu?

1 Ne míele Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm la, ele be míadzra ɖo nyuie ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu be míate ŋu aʋã nusrɔ̃via be wòasubɔ Yehowa. Míaƒe agbagbadzedze aɖe vi ne míekpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖe Bible me nyateƒea ŋu. Esia aʋãe wòawɔ ŋgɔyiyi. (5 Mose 6:5; Lod. 4:23; 1 Kor. 9:26) Gake mɔ ka dzie míato awɔ esia?

2. Akpa kae gbedodoɖa wɔna le dzadzraɖo nyuie wɔwɔ ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu me?

2 Do Gbe Ða Hafi Nàdzra Ðo Ðe Nusɔsrɔ̃a Ŋu: Esi wònye be Yehowae naa nyateƒea ƒe ku tsina le nusrɔ̃viwo ƒe dzi me ta la, asɔ be míatsɔ gbedodoɖa ɖe nusrɔ̃via ta kpakple tso eƒe nuhiahiã veviwo ŋu adze dzadzraɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu gɔme. (1 Kor. 3:6; Yak. 1:5) Gbedodoɖa alea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã míanya mɔ si dzi míato aƒã Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋuti “sidzedze vavãtɔ” ɖe eƒe dzi me geɖe wu.—Kol. 1:9, 10.

3. Aleke míana nusrɔ̃via nanɔ susu me na mí ne míele dzadzram ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu?

3 Bu Nusrɔ̃via Ŋu: Yesu nyae be, be wofia nu nyuie la, ebia be woabu nyaselawo ŋu. Ne mede ɖeke o la, wobia Yesu wu zi ɖeka ya teti be: “Nu ka wɔwɔe ana manyi agbe mavɔ dome?” Le ŋuɖoɖoawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, ezã mɔnu bubu. (Luka 10:25-28; 18:18-20) Ele be nusrɔ̃via nanɔ susu me na mí ne míele dzadzram ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ kawoe míaxlẽ? Nu agbɔsɔsɔme kae míasrɔ̃? Nu kawoe le nusɔsrɔ̃a me siwo gɔme sese asesẽ na nusrɔ̃via, eye kawoe asesẽ nɛ be wòaxɔ ade eme? Ne míebu nya siwo wòate ŋu abia dometɔ aɖewo ŋu do ŋgɔ la, akpe ɖe mía ŋu be míadzra ɖo aɖo wo ŋu nyuie wu.

4. Nu kawoe dzadzraɖo nyui wɔwɔ bia?

4 To Nusɔsrɔ̃a Me Do Ŋgɔ: Zi gbɔ zi nenie míeɖasrɔ̃ nyatia kple amewo va yi o, emae anye zi gbãtɔ si míasrɔ̃e kple nusrɔ̃via ya. Eya ta ele vevie be míawɔ dzadzraɖo nyuie hafi míate ŋu aɖo eƒe dzi gbɔ. Esia fia be mía ŋutɔwo míawɔ nu si ƒe dzi míedea ƒo na nusrɔ̃via. Nusrɔ̃via nenɔ susu me na wò nàto nyatia kple mawunyakpukpui siwo woyɔ la me, eye ɖewohĩ anyo be nàte fli ɖe nya veviawo te.—Rom. 2:21, 22.

5. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowae?

5 Yehowa tsɔ ɖe le Biblia nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe ƒe ŋgɔyiyi me vevie. (2 Pet. 3:9) Ɣeyiɣididi atsɔ adzra ɖo ɖe Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu ɖenɛ fiana be míawo hã míetsɔ ɖe le eme na wo lɔlɔ̃tɔe nenema ke.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe