Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
April 11 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 4
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia (ne wosɔ na miaƒe anyigbamamaa) atsɔ awɔ alesi woate ŋu ana April 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple April 8 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawo. Miate ŋu azã dzeɖonya bubu siwo sɔ atsɔ ana wo. Wɔwɔfia ɖeka neku ɖe ablɔdziɖaseɖiɖidɔ ŋu.
15 min: “Ku Kutri le Gbeƒãɖeɖedɔa Wɔwɔ Me.”a Ne ɣeyiɣi li la, kpe nyaselawo woaɖe nu me tso mawunyakpukpui siwo woyɔ ŋu.
15 min: “Minyo Dɔme eye Mina Nu Ame.”b Ðe alesi miate ŋu atsɔ nya sia awɔ dɔe le mia gbɔ me, eye gblɔ mɔ ŋutɔŋutɔ siwo dzi míate ŋu ato akpe ɖe ame bubuwo ŋu.
Hadzidzi 47; gbedodoɖa na kpakpã.
April 18 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 76
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
20 min: “Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ—Akpa 8.”c Na woawɔ wɔwɔfia kpui aɖe si me gbeƒãɖela aɖe tsɔ agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse? na eƒe Biblia-nusrɔ̃vi yeye aɖe le. Gbeƒãɖelaa he nusrɔ̃via ƒe susu yi nɔnɔmetata si le agbalẽa ƒe axa 20 heƒo nu tso Dutoƒo Kpekpea ŋu kpuie. Eyɔ dutoƒonuƒo si woagaƒo la ƒe tanya hekpe nusrɔ̃via be wòava see.
15 min: Moxexinɔnɔ le Mɔ̃ɖaŋununya ƒe Ɣeyiɣi sia Me. (Tito 2:11, 12) Nuƒo si woatu ɖe numekuku siawo dzi: September 2002 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 8, memama 1-7, kple January 2000 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 5, memama 24-6, kple axa 6, memama 35-6. Ne ɣeyiɣi aɖe mɔ la, àte ŋu agblɔ January 2000 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me nya vevi bubu akpee ne asɔ le mia gbɔ.
Hadzidzi 169; gbedodoɖa na kpakpã.
April 25 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 111
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔntawo kple nudzɔdzɔ siwo mieɖo ɖa siwo va ka habɔbɔa si. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe April gbeadzikɔntawo ana. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia (ne wosɔ na miaƒe anyigbamamaa) atsɔ awɔ alesi woate ŋu ana April 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple April 22 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawo. Miate ŋu azã dzeɖonya bubu siwo sɔ atsɔ ana wo.
10 min: Mia gbɔ nuteƒekpɔkpɔwo. Kpe nɔviwo woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si le Minɔ Ŋudzɔ! ƒe agbalẽ gbadzaa mama me. Wɔ ɖoɖo do ŋgɔ woagbugbɔ awɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo ɖe dzesi dometɔ aɖewo ƒe wɔwɔfia. Kafu nɔviawo katã ɖe woƒe gomekpɔkpɔ le agbalẽmamadɔ tɔxɛa wɔwɔ me ta.
20 min: “Kpekpe Ðe Gbeƒãɖela Maxɔnyɔnyrɔwo Ŋu be Woayi Ŋgɔ.”d Subɔsubɔdɔ dzikpɔla ƒe dɔ. Yɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ agbɔsɔsɔ si wɔm miaƒe hamea le kple amesiwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me gake womexɔ nyɔnyrɔ haɖe o ƒe agbɔsɔsɔ. De dzi ƒo na nɔviwo katã be woakpe ɖe amesiawo ŋu woawɔ ŋgɔyiyi. De dzi ƒo na agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo dɔmenyotɔe be woakpe ɖe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ siwo le woƒe ƒuƒoƒoa me ŋu.
Hadzidzi 43; gbedodoɖa na kpakpã.
May 2 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 148
8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro nyati si nye “Minɔ Ŋudzɔ! Gbalẽ Gbadza la Sɔsrɔ̃,” si le axa 6, me kpuie. Gblɔe be ɖoɖowɔɖi sia dzie míazɔ ɖo atsɔ asrɔ̃ agbalẽ gbadza sia. De dzi ƒo na amesiame be wòadzra ɖo nyuie eye wòakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a si adze egɔme le May 23 ƒe kwasiɖaa me la me.
17 min: Biblia-nusɔsrɔ̃wo Gɔmedzedze Kple Amesiwo Xɔ Agbalẽ Gbadza Yeyea. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo si dzi subɔsubɔdɔ dzikpɔla akpɔ. Gbugbɔ dzro tɔtrɔyi ƒe wɔwɔfia si wowɔ le March 14 ƒe kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔ Kpekpea me la me kpuie, vevietɔ akpa si dzi wote gbe ɖo si dzi gbeƒãɖelaa he amea ƒe susu yii le dzeɖoɖoa ƒe nuwuwu. Na gbeƒãɖela mawo ke (ne anya wɔ) nazã nyati ma atsɔ awɔ tɔtrɔyi si kplɔe ɖo. Gbeƒãɖelaa zã agbalẽa ƒe axa 32 lia tsɔ do Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe aƒemenɔlaa gbɔ, eye wowɔ ɖoɖo be yewoadzro Nusi Mawu Di ƒe nusɔsrɔ̃ 1 me le sasrãkpɔ si akplɔe ɖo me. De dzi ƒo na nyaselawo katã be woadze agbagba adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple amesiwo xɔ Minɔ Ŋudzɔ! ƒe agbalẽ gbadza la.
20 min: “Woaxɔ Ameƒomeviwo Katã Ðe Agbe.”e Gblɔ alesi miatsɔ nya siwo le nyatia me awɔ dɔe le mia gbɔ.
Hadzidzi 112; gbedodoɖa na kpakpã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
b Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
c Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
d Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
e Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.