INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/06 axa 7
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 2/06 axa 7

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Woadzro biabia siwo gbɔna me eye woagblɔ ŋuɖoɖoawo tẽ le February 27, 2006, ƒe kwasiɖaa ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Sukudzikpɔlaa akpɔ miniti 30 ƒe numetoto si wotu ɖe January 2 vaseɖe February 27, 2006, ƒe dɔdasiwo dzi la dzi. [Mide Dzesii: Le biabia siwo yome womefia asi nyawo tsoƒe o la, ahiã be wò ŋutɔ nàwɔ wò numekuku be nàke ɖe ŋuɖoɖoawo ŋu.—Kpɔ Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 36-7.]

NUƑOƑO ƑE NUDIDIWO

1. Mɔ kawo nue Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kpena ɖe mía ŋu le be ‘míatsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam eye míanɔ eŋkɔ me ʋum’? (Heb. 13:15) [be-EW axa 5 mm. 3–axa 6 mm. 1]

2. Nukatae wòle be míadze agbagba vevie be míaxlẽ nu nyuie? [be-EW axa 83 mm. 1-axa 84 mm. 1]

3. Ne míele nu ƒom kple ne míele nu fiam la, nukata wòle vevie be míagblɔ nyawo wo me nakɔ? [be-EW axa 86 mm. 1-6]

4. Nukatae nyawo yɔyɔ wòasɔ pɛpɛpɛ le vevie, eye nukawoe wòle be míanya? [be-EW axa 89 mm. 1–axa 90 mm. 3, aɖaka]

5. Aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe mía ŋu míaƒo nu wòazɔ tẽ le míaƒe dzeɖoɖo me ƒe ɖewo ɖe? [be-EW axa 94 mm. 4–5, aɖaka]

DƆDASI GBÃTƆ

6. Aleke Kronika II, 36:17-23 ɖo kpe míaƒe kaka ɖe Biblia me nyagblɔɖiwo dzi la dzii? [si-E axa 84 (si-F axa 85) mm. 35]

7. Nudzɔdzɔ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo kawoe wɔe be wòte ŋu dzɔ be Yudatɔwo trɔ yi wo denyigba dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me hena Yehowa ƒe aƒea gbugbɔgatu? [si-E axa 85 (si-F axa 85-6) mm. 1-3]

8. Aleke Ezra ƒe agbalẽa ʋli Yehowa ta be eyae nye Mawu vavã la, eye aleke wòdo ŋusẽ ameawo ƒe kaka ɖe eyama dzii? [si-E axa 87 (si-F axa 87-8) mm. 14, 18]

9. Nukatae “Fia Artaxsasta ƒe ƒe blavelia” le vevie le Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu me? (Nex. 2:1, 5, 6, 11, 17, 18) [si-E axa 88 (si-F axa 88-9) mm. 2, 5]

10. Aleke Nexemya ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na Mawu subɔla siwo li egbeae? [si-E axa 90 (si-F axa 91) mm. 16-17]

KWASIÐA SIA KWASIÐA ƑE BIBLIA XEXLẼ

11. Ðe Urim kple Tumim siwo wozãna ne wohiã nya aɖe ƒe ŋuɖoɖo tso Yehowa gbɔ, la ganɔ anyi na amesiwo trɔ gbɔ tso aboyo mea? (Ezra 2:61-63)

12. Nukatae Yudatɔ siwo nɔ Babilon dometɔ geɖe melɔ̃ be yewoakplɔ Ezra ɖo ayi Yerusalem o? (Ezra 7:28–8:20)

13. Aleke wònya wɔe be wowɔ gli gbugbɔgaɖodɔa kple asi ɖeka pɛ ko? (Nex. 4:11, 12)

14. Esi wònye be wodea lɛta ɣaɣlawo kotoku siwo nu wotre me zi geɖe ɖe, nukatae Sanebalat ɖo “agbalẽ, si nu wometre o” ɖe Nexemya? (Nex. 6:5)

15. Tsɔ kpe ɖe Nexemya ƒe ‘mo kaka na’ Yudatɔ megbedelawo, abe alesi wòwɔe na amegãwo kple bubumewo do ŋgɔ ene ŋu la, nu bubu kawoe wògawɔ tsɔ ɖɔ wo ɖoe? (Nex. 13:25, 28)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe