Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le February me: Míana Te Ðe Yehowa Ŋu ƒe agbalẽa. Ne esia mele miaƒe hamea si o la, miate ŋu ana Nyaɖeɖefia Taƒoƒo gbalẽa. March: Míana Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ. April: Míana agbalẽ yeye si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miatsɔe adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme. May: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo.
◼ Esi kwasiɖanuwuwu atɔ̃ sɔŋ ye le April me ta la, enye ɣleti si sɔ nyuie na kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ.
◼ Ƒe 2006 Ŋkuɖodziɖuɣia ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa ƒe tanya enye “Ðe Nuwo Gakpɔtɔ Le Mawu ƒe Ŋusẽ Tea?” Mikpɔ esia ŋuti gbeƒãɖeɖe le September 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me.
◼ Míadzro nyati si nye “Na Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Gbalẽa Sɔsrɔ̃ Navivi Nuwò,” si dze le axa 6 lia, la me le April 3 ƒe kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔ Kpekpea me. Taflatse midzra nyati sia kple nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi si kpe ɖe eŋu la ɖo.
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòatia nato hamea ƒe gakɔnta me le March 1 dzi, alo le ema megbe kpuie. Ne akpataa dzikpɔkɔmiti ƒe gakɔntawo le vovo, alo miezã ga tsɔ kpɔ xɔtudɔwo gbɔe la, ele be miawɔ ɖoɖo ato woawo hã me. Ne miewɔ esia vɔ la, miɖe gbeƒãe na hamea le gakɔntabubu si akplɔe ɖo la xlẽɣi.
◼ Dzikpɔla zimenɔla kple agbalẽŋlɔla nakpɔ egbɔ be agbalẽdɔɖoɖoa dzikpɔla ɖo miaƒe hamea ƒe ƒe 2007 nudɔdɔ tɔxɛwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea, eye be woŋlɔ ɖe “S-14” nudɔgbalẽvia tame be “2007 Annual Request Items Only.” Ne womewɔ esia haɖe o la, ke woaɖoe ɖa enumake. Mikpɔ December 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 4 kple 5.
◼ Hamea ƒe agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔ dzikpɔla neto gbesiagbe mɔɖelawo katã ƒe dɔwɔnawo me. Ne ele sesẽm na wo dometɔ aɖewo be woaɖo gaƒoƒonudidia gbɔ la, hamemegãwo newɔ ɖoɖo akpe ɖe wo ŋu. Mikpɔ ƒe sia ƒe “S-201” ƒe lɛtawo me hena aɖaŋuɖoɖowo.