INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/06 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Tanya Suewo
  • February 13 ƒe Kwasiɖa
  • February 20 ƒe Kwasiɖa
  • February 27 ƒe Kwasiɖa
  • March 6 ƒe Kwasiɖa
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 2/06 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

February 13 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 121

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa, atsɔ awɔ alesi woana February 1 ƒe Gbetakpɔxɔ, kple February ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu gbãtɔ ƒe wɔwɔfiawo. Na woawɔ wɔwɔfiawo dometɔ ɖeka abe ɖase ɖim wole le afisi amewo sɔa gbɔ ɖo ene.

10 min: Ðe Nèle Zɔzɔm Aduadu Kple Yehowa ƒe Habɔbɔa? Nuƒo si wotu ɖe Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ, axa 7-10 dzi.

25 min: “He Amewo ƒe Susu Yi ‘Xexeame ƒe Kekeli la’ Dzi.”a Subɔsubɔdɔ dzikpɔla ƒe dɔ. Yɔ amesiwo tsɔ wo ɖokui na be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe ŋkɔwo. Ƒo nu tso kpekpe hena gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo bubu siwo miewɔ ŋu. Ƒo nu tso kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe kpɔɖeŋuɖoɖowɔɖi siwo dze le February 2005, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe axa 5 lia ŋu.

Hadzidzi 224; gbedodoɖa na kpakpã.

February 20 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 89

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.

15 min: “Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa—Eya Koŋue Míatsɔ Asrɔ̃ Nu Kple Amewo.”b Trɔ asi le wò dɔdasia ŋu be dzo naɖo nɔviawo me ɖe agbalẽ yeyea zazã atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme ŋu.

20 min: “Kpekpeɖeŋu si Li na Mí Ɣesiaɣi.”c Hamemegã ƒe dɔ. Gblɔ numeɖeɖe siwo dze le November 1998 kple November 2000 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖakawo me kpee.

Hadzidzi 1; gbedodoɖa na kpakpã.

February 27 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 20

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔnta kple miaƒe nudzɔdzɔ siwo va ka habɔbɔa si ŋuti nyatakaka. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe February gbeadzikɔntabubu ana. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa, atsɔ awɔ alesi woana February 15 ƒe Gbetakpɔxɔ, alo February ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu evelia, ƒe wɔwɔfia.

15 min: Miaƒe nuhiahiãwo.

25 min: Aleke Gbegbee Wò Nuwɔna To Vovo tso Xexe sia Tɔ Gbɔe? (Mal. 3:18) Hamemegã ƒe nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Satana ɖoe koŋ be yeato xexe sia ƒe gbɔgbɔ dzi agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me. (Ef. 2:2; Yoh. 17:16) Mí Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo míeléa Mawu ƒe sewo me ɖe asi. (Yoh. I, 5:3) Esia na míeto vovo tso xexe sia gbɔ le mɔ geɖewo nu. Le kpɔɖeŋu me, bu ɣeyiɣi si nèzãna ɖe hadome nuwɔnawo, abe kplɔ̃ɖoƒewo yiyi, srɔ̃kpeƒewo yiyi, kuteƒewo dede, kple bubuawo ene ŋu kpɔ. Azɔ hã bu haƒoƒo kple ɣeɖuɖu si tɔgbe yia edzi le teƒe mawo ŋu kpɔ. Satana ate ŋu atsɔ nusiawo aɖo mɔ̃e na mí, si ne míekpɔ nyuie o míaƒe nuwɔna nava sɔ kple xexeame tɔ. (w92-EW 8/15 axa 17 mm. 9-11; axa 20 mm. 20, 22) De dzi ƒo na nɔviawo katã be woana woƒe kekeli naklẽ le go siawo kple bubuwo me. Ele be míana wòadze ƒã na xexeame be míeto vovo, be wòanye ŋutikɔkɔe na Mawu.—Mat. 5:16.

Hadzidzi 177; gbedodoɖa na kpakpã.

March 6 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 51

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Esi míaƒe traktwo dzeani eye wotsɔtsɔ ɖe asi le bɔbɔe ta la, wonye dɔwɔnu nyui siwo míate ŋu azã atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme ne míele tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa wɔm, ne míele gbeƒã ɖem le dutoƒo kpakple ne míele vomeɖase ɖim. Na woazã trakt yeye si nye Fukpekpewo Katã Nu Ayi Kpuie! atsɔ awɔ alesi woadze dzeɖoɖo gɔme ƒe wɔwɔfia ɖeka. Ƒo nu tso mawunyakpukpui siwo me nyawo dze le trakt la ƒe axa 2 lia dometɔ ɖeka ŋu.

15 min: “Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Dzadzraɖo Nyuie Me.”d Na woawɔ wɔwɔfia kpui aɖe si me gbeƒãɖela eve anɔ dzadzraɖo wɔm le be yewoana Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ƒe agbalẽa. Woatia ɖaseɖinya aɖe tso January 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me, eye woadzro alesi woate ŋu agblɔe le woa ŋutɔwo ƒe nyagbewo me kple alesi woatrɔ asi le eŋu wòasɔ na woƒe anyigbamamaa me. Wɔwɔfiaa awu enu ne wosɔ gbe be yewoagbugbɔ awɔ ɖaseɖinya si wodzra ɖo la afia wo nɔewo.

20 min: “Zã Nusiwo Wokpɔna la Tsɔ Fia Nui”e Ne èle nu ƒom tso video siwo le nyatia me dometɔ ɖesiaɖe ŋu la, tsɔ nɔnɔmetata si le videokasɛt la ƒe akpa dzi fia nyaselawo eye nàxlẽ videoa me nya vevi siwo woŋlɔ ɖe akpaa dzi la dometɔ aɖewo na wo. Bia nyaselawo woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si esi wozã míaƒe videoawo le gbeadzi.—Kpɔ 1997 Yearbook, axa 54, kple 1995 Yearbook, axa 50-1.

Hadzidzi 68; gbedodoɖa na kpakpã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

b Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

c Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

d Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

e Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe