INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/06 axa 3-4
  • He Amewo ƒe Susu Yi “Xexeame ƒe Kekeli la” Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • He Amewo ƒe Susu Yi “Xexeame ƒe Kekeli la” Dzi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Gbeƒã Yehowa Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • “Ðe Gbeƒã Mawu ƒe Nya la Bliboe”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Àdi Be Yeawɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 2/06 axa 3-4

He Amewo ƒe Susu Yi “Xexeame ƒe Kekeli la” Dzi

1. Kekeli gã ka ŋu nyae wogblɔ ɖi le Mawu ƒe Nya la me, eye wɔna kae hea susu yia kekeli sia dzi etɔxɛe?

1 Yehowa gblɔe ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Dukɔ, si le viviti me zɔm la, kpɔ kekeli gã aɖe, amesiwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ ɖe wo dzi.” (Yes. 9:1) Wokpɔ “kekeli gã” ma le Mawu ŋutɔ ƒe Vi, Yesu Kristo, ƒe agbenɔnɔ me. Esime wònɔ anyigba dzi la, eƒe gbeƒãɖeɖedɔa kpakple viɖe siwo do tso eƒe vɔsaa me, na amesiwo nɔ gbɔgbɔmeviviti me tsã la va ke ɖe kekelia ŋu. Kekeli ma tɔgbee amewo hiã le viviti ƒe ɣeyiɣi sia me. Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la nana mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe mí be míahe amewo ƒe susu ayi “xexeame ƒe kekeli la” dzi. (Yoh. 8:12) Le ƒe si va yi me la, ame miliɔn geɖe ɖe xɔse si le wo si fia esime wowɔ ɖeka kpli mí le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe sedede si nye be, ‘Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye’ la dzi me. (Luka 22:19) Esi ƒe sia me ƒe Ŋkuɖodzizãa le aƒe tum la, nukawoe míate ŋu awɔ atsɔ ahe amewo ƒe susu ɖe kekeli gã sia si tso Yehowa gbɔ la ŋu?—Fil. 2:15.

2. Aleke míawɔ ate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzi me afia geɖe wu ɖe tafevɔsaa ŋui, eye nukae anye emetsonu?

2 Tu Ŋudzedzekpɔkpɔ si Tso Dzi me Ðo: Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe sua mía si be míade ŋugble le lɔlɔ̃ gã si Yehowa kple Yesu ɖe fia mí to tafevɔsaa nana ɖe ameƒomea ta ŋu le Ŋkuɖodzizã ƒe ɣeyiɣia me. (Yoh. 3:16; Kor. II, 5:14, 15) Ðikeke mele eme o be, ŋugbledede alea ana míagaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzi me afia geɖe wu ɖe wɔna vevitɔ kekeake sia ŋu. Anyo be Mawu ƒe amewo katã naɖo ɣeyiɣi ɖi na Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ si ƒe ɖoɖo wowɔ etɔxɛe, si dze le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe me ahade ŋugble le eŋu. Ne míede ŋugble le Yehowa ƒe nɔnɔme siwo ɖeke mesɔ kpli o, siwo ɖe dzesi nyuie ale gbegbe le tafevɔsa ƒe ɖoɖo si wòwɔ me ŋu la, ana míakpɔ dzidzɔ be eyae nye míaƒe Mawu. Ŋugbledede tso nusi gbegbe tafea wɔ na mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu, nana be lɔlɔ̃ si tso dzi me si le mía si na Mawu kple Via gadea to ɖe edzi, eye wònana míedina vevie be míawɔ nusianu si míate ŋui le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me.—Gal. 2:20.

3. Aleke míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Ŋkuɖodzia ŋu afiae?

3 Ne míena míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ɖoɖo sia si Yehowa wɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu de to ɖe edzi la, ana be dzidzɔ si le mía me ɖe Ŋkuɖodzia ŋu nadze ƒã eye wòaʋã míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo, ame bubu siwo gbɔ míedena, míaƒe dɔwɔhatiwo, kple amesiwo míekpena vaa wɔna tɔxɛ sia wɔƒe. (Luka 6:45) Eyata dze agbagba etɔxɛe be nàkpe amesiawo katã, eye nàna Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽvi wo dometɔ ɖesiaɖe ale be womaŋlɔ be o. Ame geɖe kpɔe be ne yewoŋlɔ amesiwo yewokpena vaa Ŋkuɖodzia edziedzi kple ame yeye siwo yewoava kpe ƒe sia ƒe ƒe ŋkɔwo ɖi la, enana be yewomeŋlɔa wo dometɔ aɖeke be o. Ðoɖo nyui wɔwɔ ɖe ameawo kpekpe ŋu alea, kple kutrikuku le ɖetsɔlemetɔ siawo katã kpekpe me anye mɔ nyui si dzi míato aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia Yehowa Mawu ɖe “eƒe nunana manyagblɔ la ŋuti!”—Kor. II, 9:15.

4. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míadzi míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi le March kple April me?

4 Dzi Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Edzi: Ðe nàte ŋu adzi wò gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi le March kple April mea? Mawu ayra ɖe agbagba siwo nàdze agblɔ ‘Kristo ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuiea’ na amewo la dzi godoo. Yehowa, Amesi gbɔ gbɔgbɔ me numekɔkɔwo katã tsona la, de se be: “Kekeli nado tso viviti me.” (Kor. II, 4:4-6) Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, hamemegãwo ate ŋu awɔ ɖoɖo bubuwo akpe ɖe gbeadziyiɖoɖo siwo li xoxo ŋu, le teƒe vovovowo, atsɔ akpe ɖe gbeƒãɖela siwo adi be yewoazã ɣeyiɣi geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ŋu. Ðewohĩ woate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe ablɔdziɖaseɖiɖi le ŋdi kanya ŋu loo alo be woawɔ dɔ le anyigbamamaa ƒe teƒe siwo nye nudzraƒewo kple dɔwɔƒewo hekpe ɖe telefon dzi ɖaseɖiɖi ŋu, le ŋdɔ alo fiẽ me. Be wòakpe ɖe ŋuwò nàdzi wò gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi la, anyo be nàɖo gaƒoƒonudidi aɖe ɖi koŋ si gbɔ nàte ŋu aɖo, eye nàdze agbagba aɖo egbɔ. Le ame geɖe gome la, woƒe nu nyuitɔ kekeake siwo woana Yehowa dometɔ aɖee nye gomekpɔkpɔ le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa me.—Kol. 3:23, 24.

5. Aleke ame geɖe le viɖe kpɔm tso gaƒoƒonudidi si dzi woɖe kpɔtɔ na kpekpeɖeŋu mɔɖelawo la mee?

5 Ðe Nàte Ŋu Awɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa? Ƒe adre kple edzivɔ enye si va yi tso esime woɖe gaƒoƒonudidia dzi kpɔtɔ na kpekpeɖeŋu mɔɖelawo. Esia wɔe be ame geɖe wu te ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa eye wokpɔ yayra siwo dona tsoa ewɔwɔ me. Ðe wò hã ètee kpɔa? Ame aɖewo ɖoe woƒe taɖodzinu koŋ be yewoakpɔ gome le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me ƒe sia ƒe. Le hame geɖewo me la, ame gbogbo aɖewo ƒoa wo ɖokui ɖe subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia me le ɣeyiɣi ɖeka me, eye wònyea hame mawo ƒe dɔ siwo wowɔ le ƒe bliboa me ƒe akpa si ɖe dzesi wu, eye wòhe viɖe geɖe vɛ. Ðe nàte ŋu awɔ ɖoɖo ɖe Ŋkuɖodziɖuɣia ƒe ɣleti aɖe si me nàse vivi le, le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me ŋua? April anye ɣleti si asɔ nyuie na ame aɖewo, le esi kwasiɖanuwuwu atɔ̃ sɔŋ ye le eme ta.

6. Ðoɖo dodzidzɔname kawoe wowɔ na mí?

6 Ðe wowɔ ɖoɖo be nutome sue dzikpɔla nava srã miaƒe hamea kpɔ le March alo April mea? Esia ana mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ bubu wò. Abe alesi woɖe gbeƒãe va yi ene la, le ƒe 2006 subɔsubɔƒea me la, woakpe amesiwo katã anɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm, le ɣleti si me nutome sue dzikpɔla ava srã woƒe hamea kpɔ la be woakpɔ gome le kpekpe si nutome sue dzikpɔla wɔna kple mɔɖelawo la ƒe akpa gbãtɔ me le kwasiɖa si me wòle hamea srãm kpɔ la me. Ðikeke mele eme o be nya siwo nutome sue dzikpɔla gblɔna tsɔ doa ŋusẽ ame le gbɔgbɔ me le kpekpe sia me akpe ɖe kpekpeɖeŋu mɔɖela geɖe ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi ava zu gbesiagbe mɔɖelawo. Gakpe ɖe eŋu la, le April me la, anye dzidzɔ na mí be míakpe ɖe amewo ŋu be woava gbɔgbɔmekekelia me to agbalẽ yeye si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? nana kple esɔsrɔ̃ kpli wo me. Ðe manyo be nàɖoe wò taɖodzinui be yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple ame aɖe le agbalẽ yeyea me oa?

7, 8. (a) Nukae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖoɖo ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa? (b) Aleke ƒomea me tɔwo ƒe nuwɔwɔ aduadu ate ŋu aɖe vii, eye aleke ƒome bliboa ate ŋu akpɔ viɖe tso emee?

7 Esi nèle ŋugble dem le gaƒoƒo 50 ƒe bokaname si wobia tso kpekpeɖeŋu mɔɖelawo si ŋu la, kpɔe ɖa be ɖoɖowɔɖi kae ate ŋu ade dziwò be nàte ŋu azã gaƒoƒo 12 le kwasiɖa ɖesiaɖe me ahana nyateƒea ƒe kekeli naklẽ na amewo hã. Dzro wò ɖoɖowɔɖia me kple nɔvi siwo kpɔ dzidzedze le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Àte ŋu agblɔe na nɔvi bubuwo hã. Ðewohĩ ade dzi ƒo na woawo hã be woakpɔ gome le dɔa me kpli wò. Esi gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ siwo nye sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa wɔ ɖoɖo ɖe dɔ sia ŋu nyuie la, wokpɔe be gaƒoƒonudidi sia gbɔ ɖoɖo menye nusi sesẽ akpa o. Do gbe ɖa le eŋu. Emegbe ne anya wɔ la, wɔ wò ɖoɖowo nyuie, eye nàkpɔ gome le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me!—Mal. 3:10.

8 Ƒome geɖewo kpɔe be ne ƒomea me tɔwo katã wɔ nu aduadu tsɔ na kpekpeɖeŋu la, ate ŋu anɔ bɔbɔe be ƒomea me tɔ ɖeka ya teti nakpɔ gome le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Ƒome aɖe ɖoe be yewo dometɔ atɔ̃ siwo katã xɔ nyɔnyrɔ la nawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Ðeviawo dometɔ eve siwo mexɔ nyɔnyrɔ haɖe o la dze agbagba etɔxɛe dzi woƒe gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖe edzi. Nukae do tso ƒomea ƒe agbagbadzedze etɔxɛe alea me? Woŋlɔ bena: “Enye ɣleti si me míekpɔ dzidzɔ le ŋutɔ, eye míekpɔe be ena ƒomea me kadodowo me gasẽ ɖe edzi. Míeda akpe na Yehowa ɖe yayra wɔnuku sia ta!”

9. Aleke míate ŋu ana míaƒe kekeli naklẽ le Ŋkuɖodziɖuɣi sia mee?

9 Ðe dɔ tɔxɛ si míawɔ le March kple April me ade dzo mía me, ahana mía kple mía Fofo si le dziƒo dome nɔnɔ kplikplikpli wua? Míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le go sia me anɔ te ɖe agbagba siwo míadze be lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple Via me nasẽ ɖe edzi wu, kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me geɖe wu la dzi. Mina tame si míeɖo kplikpaa nawɔ ɖeka kple hakpala la tɔ, amesi dzi ha be: “Matsɔ nye nu ada akpe na Yehowa vevie, eye makafui le ame geɖewo dome.” (Ps. 109:30) Yehowa ayra míaƒe dɔ si míawɔ veviedodotɔe le Ŋkuɖodziɖuɣi sia me. Eyata neva eme be míana kekeli gã aɖe naklẽ be ame bubu geɖewo nate ŋu ado go tso viviti me eye ‘agbe la ƒe kekeli nasu wo si.’—Yoh. 8:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe