Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
March 13 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 41
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia atsɔ awɔ alesi woate ŋu ana March 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple March ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu gbãtɔ ƒe wɔwɔfia. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la, gbeƒãɖelaa nazã Nyɔ! la ƒe megbekpa alo amekpegbalẽvi ŋutɔ atsɔ akpe aƒemenɔlaa na Ŋkuɖodzia.
15 min: “Kpe Ðe Amewo Ŋu be Tafea Naɖe Vi na Wo.”a Dɔdasi si akplɔ esia ɖo aƒo nu geɖe tso alesi míazã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe axa 206-8 ne míele amewo kpem na Ŋkuɖodzia ŋu.
20 min: Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu La—Azã si Dea Bubu Mawu Ŋu. Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro si wotu ɖe Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe axa 206-8 dzi. Le ŋgɔdonya si made miniti ɖeka o me la, fia alesi woate ŋu azã memama gbãtɔ atsɔ adze nyatia me dzodzro gɔme kple aƒemenɔlaa to exexlẽ me. Emegbe nàkpe nyaselawo be woaɖo biabia siwo gbɔna la ŋu memamawo maxlẽmaxlẽe: (mm. 2) Ɣekaɣie Yesu ɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi? (mm. 3) Zi nenie wòle be woaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la le ƒe ɖeka me? (mm. 4) Nya kae Biblia gblɔ le alesi wòle be woawɔ Ŋkuɖodziae ŋu? (mm. 5) Aleke míewɔ nya be Yesu metrɔ aboloa wòzu eƒe ŋutilã ŋutɔŋutɔ kple wein la wòzu eƒe ʋu ŋutɔŋutɔ o? (mm. 6) Nukae abolo maʋãmaʋã la tsi tre ɖi na? (mm. 7) Nukae wein dzĩ la tsi tre ɖi na? (mm. 8) Amekawo koe kpɔ mɔ aɖu abolo la ahano wein la? (mm. 9) Ɣekaɣie woɖua Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe, eye nukatae wòle be míayi wɔna sia wɔƒe? Dzro mawunyakpukpui veviawo me le alesi ɣeyiɣia aɖe mɔe nu. De dzi ƒo na nɔviawo katã be woadzro nya siawo me kple woƒe Biblia-nusrɔ̃viwo kpakple ame bubu siwo wokpena vaa Ŋkuɖodzia, to memamawo xexlẽ, nyati veviawo me dzodzro, kple nyabiase bɔbɔewo abe esiwo me míedzro fifia ene biabia me.
Hadzidzi 134; gbedodoɖa na kpakpã.
March 20 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 18
8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro aɖaka si nye “Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo” me nya veviwo me.
17 min: Kristo ƒe Ðoƒe le Mawu ƒe Ðoɖo Me. Nuƒo si wotu ɖe Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa ƒe axa 10-13 dzi. Ne èle nu ƒom tso memama gbãtɔ eveawo, siwo le tanya sue si nye “Kristo ƒe Ðoƒe” te ŋu la, zã miniti etɔ̃ nàtsɔ agblɔ mɔ siwo nu woate ŋu azã Ŋkuɖodzi ƒe amekpegbalẽvia le atsɔ akpe amewo, eye nàna woawɔ eƒe wɔwɔfia. Dzro aɖaŋuɖoɖo siwo dze le February 2006 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 3, memama 3 lia hã me.
20 min: “Alesi Míadze Nusɔsrɔ̃ Gɔme le Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa Me.” Numedzodzro kple nyaselawo kpakple wɔwɔfiawo, si wotu ɖe emedegbalẽvia ƒe axa 3 lia dzi. Míate ŋu azã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia tso fifia dzi heyi. Na woawɔ wɔwɔfia etɔ̃ siwo ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie atsɔ aɖe alesi míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme ne míele tɔtrɔyiwo wɔm la afia, eye woazã (1) agbalẽa ƒe axa 4-5, (2) eƒe axa 6, kple (3) axa 7 lia ƒe memama 1. Ƒo nu tso dzeɖonya ɖesiaɖe ŋu do ŋgɔ na wɔwɔfiaa, eye emegbe nàgadzro eme. Le alesi ɣeyiɣia aɖe mɔe nu la, woate ŋu adzro Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe memama siwo woyɔ la dometɔ aɖewo ko me. Na gbeƒãɖelaa nawɔ ɖoɖo be yeagatrɔ ava emegbe atsɔ awu wɔwɔfia ɖesiaɖe nui.
Hadzidzi 125; gbedodoɖa na kpakpã.
March 27 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 44
13 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe March gbeadzikɔntabubu ana. Xlẽ gakɔntawo kple nudzɔdzɔ siwo mieɖo ɖa siwo va ka habɔbɔa si. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia atsɔ awɔ alesi woate ŋu ana March 15 ƒe Gbetakpɔxɔ alo March ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu evelia ƒe wɔwɔfia. Hekpe ɖe eŋu la, fia alesi woazã amekpegbalẽvi atsɔ akpe ɖetsɔlemetɔ aɖe na Ŋkuɖodzia.
12 min: Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe Doa Ŋusẽ Mí. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe—2006 ƒe agbalẽvia ƒe ŋgɔdonya dzi. Wɔ ɖoɖo be ƒome aɖe nawɔ wɔwɔfia si me wole ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me dzrom ɖekae le.
20 min: Alesi Míazã Míaƒe Nufiagbalẽ Yeye la Nyanya Nyuie. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Kpe nyaselawo woagblɔ nusiwo do dzidzɔ na wo le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ŋu; ate ŋu anye biabia siwo wotsɔ dze ta ɖesiaɖe gɔme kple aɖaka si me susu vevi siwo le ta ɖesiaɖe me dze le (axa 106, 114), nyaɖoɖowo kple nɔnɔmetatawo (axa 122-3, 147, 198), kple agbalẽa ƒe megbenyawo (axa 197, mm. 1-2). Nufiafiamɔnu si wozã le agbalẽa me wɔa dɔ ɖe ame dzi eye wòdoa dzidzɔ na ame (axa 12, mm. 12). Enaa numeɖeɖe siwo me kɔ hele bɔbɔe (axa 58, mm. 5) eye wòzã kpɔɖeŋu siwo sɔ nyuie (axa 159, mm. 12). Wotrɔ asi le ŋgɔdonyaa ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme (axa 3-7). Na woawɔ wɔwɔfia si me woazã aɖaka si le axa 7 lia me nyawo atsɔ aɖe nu me na nusrɔ̃vi yeye aɖe. Na woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname siwo do tso agbalẽ yeyea zazã me.
Hadzidzi 16; gbedodoɖa na kpakpã.
April 3 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 199
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro nyati si nye “Na Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Gbalẽa Sɔsrɔ̃ Navivi Nuwò,” si dze le February 2006 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 6 lia me la me. He nɔviawo ƒe susu yi Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi dzi. Fia alesi woazã amekpegbalẽvi atsɔ akpe ɖetsɔlemetɔ aɖe na Ŋkuɖodzia.
10 min: Ðe Nuwo Gakpɔtɔ Le Mawu ƒe Ŋusẽ Tea? Nuƒo kple wɔwɔfia si wotu ɖe Gbetakpɔxɔ, April 1, 2006 ƒe megbekpa dzi. Zã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe nàtsɔ akpe amewo be woava se dutoƒonuƒo tɔxɛa. Kpɔ egbɔ be yekpe Biblia-nusrɔ̃vi ɖesiaɖe kple eƒe ƒomea me tɔ, siwo mewɔa ɖeka kpli mi le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔɣi o. Anyo be míakpe ɖetsɔlemetɔ siwo katã míenya kple ame bubu siwo míedoa goe le gbeadzi ava kpekpe tɔxɛ sia. Na woawɔ alesi woate ŋu azã April 1 ƒe Gbetakpɔxɔ atsɔ akpe amesi dzudzɔ gbeadzidede alo dzudzɔ kpekpeawo dede la ƒe wɔwɔfia.
20 min: “Fia Ame Fafawo be Woazɔ Mawu ƒe Mɔ Dzi.”b Ƒo nu tso July 1, 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 16, memama 9 lia me nya aɖewo hã ŋu.
Hadzidzi 170; gbedodoɖa na kpakpã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
b Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.