Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna me le February 26, 2007 ƒe kwasiɖaa ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Sukudzikpɔlaa akpɔ miniti 30 ƒe numetoto si wotu ɖe January 1 va se ɖe February 26, 2007 ƒe dɔdasiwo dzi la dzi. [Mide Dzesii: Le biabia siwo yome womefia asi nyawo tsoƒe o la, ahiã be wò ŋutɔ nàwɔ wò numekuku be nàke ɖe ŋuɖoɖoawo ŋu.—Kpɔ Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 36-7.]
NUƑOƑO ƑE NUDIDIWO
1. Ɣekaɣie wòle be míana nyati si me dzrom míele ŋudɔwɔwɔ ƒe vevienyenye nadze, eye aleke wòle be míawɔ esiae? [be-EW axa 158 mm. 2-4]
2. Nu ka tae wòle vevie be míakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ nyati, si ŋu míele nu ƒom le la ŋudɔwɔwɔ ƒe vevienyenye, eye aleke míate ŋu awɔ esiae? [be-EW axa 159 mm. 3-4]
3. Nu ka ta wòle vevie be míatia nya, siwo sɔ? [be-EW axa 160]
4. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míazã nya vovovowo woasɔ pɛpɛpɛ? [be-EW axa 161 mm. 5-6; axa 162 mm. 1, 4]
5. Viɖe, siwo dona tsoa agbalẽ dzi alo susu me nya kpuiwo ŋudɔwɔwɔ me dometɔ aɖewo ɖe? [be-EW axa 166 mm. 1-3]
DƆDASI GBÃTƆ
6. Nu kae dzadzraɖo hena dutoƒonuxexlẽ bia? [be-EW axa 43 mm. 2, 4]
7. Ne míedi be míasrɔ̃ Yehowa le ale si wòlɔ̃a nyui heléa fu vɔ̃e gome la, nu kae míehiã na vevie? (Heb. 5:14) [w05-EW 1/1 axa 9 mm. 11]
8. Ne míexlẽ nane le Biblia me, si na ɖikeke ɖo mía me le Mawu ƒe nuwɔwɔ le dzɔdzɔenyenye me kple le mɔ si sɔ nu ŋu la, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui? [w05-EW 2/1 axa 24 mm. 7]
9. Aleke wòle be míawɔ nui ne Mawu ƒe se kple nu siwo amegbetɔwo abia tso mía si tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu? [w05-EW 4/15 axa 12 mm. 9]
10. Aleke Yesaya he susu yi Mesia ƒe Fiaɖuƒea kple ame si ta mɔ le eŋgɔ, si nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela dzii? [si axa 123 mm. 35]
KWASIÐA SIA KWASIÐA ƑE BIBLIA XEXLẼ
11. Nu kae nye “avɔ” kple “nutsyɔnu,” si ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 25:7?
12. Aleke amewo ate ŋu ‘akpɔ’ Yehowa ‘ahase’ eƒe gbee? (Yes. 30:20, 21)
13. Nyateƒee alo Aʋatsoe: Didi be yeanɔ agbe didi koe ʋã Xizkiya wòdo gbe si woŋlɔ ɖe Yesaya 38:3 la ɖa.
14. Aleke Israel-viwo te ŋu subɔ abe Yehowa ƒe ɖasefowo ene, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ woe? (Yes. 43:10)
15. Le ɖekawɔwɔ me kple nyagblɔɖi me kpɔɖeŋu si le Yesaya 52:11, 12 la, nu kae wobia tso ame siwo nye “Yehowa ƒe nutsɔlawo” si?