Mègaŋlɔ Ame Siwo Dzudzɔ Gbedzidede Be O
1. Nu ka tae wòle be míade dzi ƒo na nɔvi siwo dzudzɔ gbedzidede?
1 Ènya ame aɖe si dzudzɔ gbedzidedea? Ðewohĩ edzudzɔ hadede kple hamea, eye esia na wòtra mɔ. Ðewohĩ èdo go ame sia ƒomevi esime nèle gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me. Ele be wòanɔ susu me na mí be, amea gakpɔtɔ nye míaƒe gbɔgbɔmenɔvi kokoko. Míedi be míaɖee afiae be míegalɔ̃e kokoko, eye míakpe ɖe eŋu wòagate hadede kple hamea ahatrɔ va ‘míaƒe luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.’—Pet. I, 2:25.
2. Ale ke míate ŋu ade dzi ƒo na ame siwo dzudzɔ gbedzidede lae?
2 Ðe Ðetsɔleme Fiae: Kaƒoƒo na ame si dzudzɔ gbedzidede ahaɖo dze kpui aɖe kplii, alo esasrã akpɔ, ate ŋu ana kakaɖedzii be míeŋlɔe be o. Nya kae míate ŋu agblɔ nɛ? Gbɔgblɔ nɛ ko be míekpɔtɔ le eŋu bum ɖeɖe ate ŋu ade dzi ƒo nɛ. Na be dzeɖoɖoa navivi, eye wòatu ame ɖo. (Fil. 4:8) Míate ŋu aƒo nu tso nya vevi aɖe si míese le kpekpe aɖe me nyitsɔ laa ŋu nɛ. Míate ŋu akpee hã na kpekpe alo takpekpe aɖe si le ŋgɔ, eye míagblɔ nɛ be míalé zikpui ada ɖi nɛ alo axe ʋuɖofe nɛ.
3. Aleke wokpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋu be dzo gaɖo eme ɖe subɔsubɔdɔa ŋui?
3 Nɔvinyɔnu aɖe ke ɖe nɔvinyɔnu bubu aɖe si dzudzɔ gbedzidede ƒe 20 kple edzivɔ la ŋu le eƒe anyigbamama me. Togbɔ be melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye o hã la, nɔvinyɔnua trɔ yi egbɔ le ŋkeke bubu dzi, eye wòtsɔ magazine yeye siwo do la yi nɛ. Le nutome gã takpekpe si wowɔ megbe la, gbeƒãɖelaa gblɔ takpekpea me nya aɖewo na nɔvi si gbɔdzɔ la. Nɔvinyɔnua nɔ esia dzi vivivi, eye dzo gaɖo mía nɔvi si gbɔdzɔ la me ake mlɔeba.
4. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame aɖe si gate hadede kpli mí to kpekpeawo dede dzi ŋui?
4 Ne Ame Aɖe Trɔ Gbɔ: Ne nɔvi aɖe si gbɔdzɔ la gate kpekpeawo vava ake la, aleke wòle be míawɔ nu ɖe eŋui? Enyo, esime Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblẽe ɖi hena ɣeyiɣi aɖe ɖe, alekee wòwɔ nu ɖe wo ŋu emegbee? Eyɔ wo vividoɖeameŋutɔe be “nɔvinyewo,” eye wòɖee fia wo hã be yekpɔtɔ ka ɖe wo dzi. Ede dɔ vevi aɖe asi na wo gɔ̃ hã. (Mat. 28:10, 18, 19) Le ema megbe kpuie la, wotsɔ kutrikuku nɔ gbeƒã ɖem nyanyuia ‘madzudzɔmadzudzɔe.’—Dɔw. 5:42.
5. Gblɔ nɔnɔme siwo me wòle be míagblɔ ame si dzudzɔ gbedzidede ŋu nya na hamemetsitsiwo le.
5 Ele be míabia mɔfiame tso hamemetsitsiwo gbɔ hafi adze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple ame aɖe si dzudzɔ gbedzidede alo hafi akplɔ nɔvi aɖe si dzudzɔ gbedzidede ɣeyiɣi didi aɖe la ayi gbedzi. Ne míedo go gbeƒãɖela aɖe si dzudzɔ gbedzidede la le míaƒe anyigbamama me la, ele be míagblɔe na hamemetsitsiwo, ale be woate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã lae.
6. Dzidzɔ kae míakpɔ ne míekpe ɖe ame siwo dzudzɔ gbedzidede ŋu?
6 Abe ale si Biblia na eme kɔ na mí ene la, ame siwo te ŋu ƒu agbedua ɖo eƒe nuwuwu koe akpɔ xɔxɔ. (Mat. 24:13) Eya ta de dzesi ame siwo ɖewohĩ nanewo ɖia wo nu alo wotra mɔ tso nyateƒea gbɔ. Ne míegbɔ dzi ɖi heɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ tɔgbe fia to ɖetsɔleme akuakua ɖeɖe afia ame siawo tɔgbe me la, dzi adzɔ mí geɖe ŋutɔ ne míekpɔe be wogava wɔ ɖeka kpli mí le subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ me.—Luka 15:4-10.