Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
July 9 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 4
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 4 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa, atsɔ awɔ ale si woana July 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple July ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu gbãtɔ ƒe wɔwɔfiawo.
15 min: Nu Kae Nana Wokpɔa Dzidzɔ Ŋutɔŋutɔ? Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe May 15, 2006, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 28-9, memama 11-12 dzi. Bia gbe nɔvi aɖe si tsɔ subɔsubɔdɔa wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me, eye meti vivisese kple ŋutilãmedɔwo yome o la kpuie. Nu ka tae wòtiae be yeati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome? Aleke esia na wòkpɔ dzidzɔe?
20 min: Nyabiaɖaka. Hamemetsitsi ƒe dɔ. Xlẽ nyati bliboa katã, eye nàdzro eme. Gblɔ October-December, 2005 ƒe Nyɔ!, axa 25-26 [Eŋlisigbe me tɔ, May 22, 2005, axa 13-14], ƒe tanya sue siwo nye “Afɔku Siwo Le Amebeble Kple Amesi Ame Nye Ɣaɣla Me” kple “Amesi Wokpɔ Ŋutɔŋutɔ, Menye Esi Wodo Goe le Internet Dzi O” me nya aɖewo kpee.
Hadzidzi 91; gbedodoɖa na kpakpã.
July 16 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 16
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ƒo nu tso March Subɔsubɔ Ƒe Akɔntabubu ŋu eye nàkafu nɔviawo ɖe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si míekpɔ kple woƒe akɔntabubu tsɔtsɔ na kaba ta.
20 min: Hamea Ƒe Ŋutifafa Kple Dzadzɛnyenye Me Léle Ðe Asi. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ ƒe axa 144 va se ɖe tanya sue si le axa 150 la dzi.
15 min: “Tɔtrɔ Lédziname Siwo Wowɔ Le Gbetakpɔxɔ Ŋu!”a
Hadzidzi 189; gbedodoɖa na kpakpã.
July 23 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 133
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔnta kple miaƒe nudzɔdzɔ siwo va ka habɔbɔa si ŋuti nyatakaka. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 4 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa, atsɔ awɔ ale si woana July 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple July ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu evelia ƒe wɔwɔfiawo.
20 min: Milɔ̃ Amedzrowɔwɔ na Mia Nɔewo. Nuƒo si wotu ɖe January 15, 2005, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 21-3 dzi. Bia gbe gbeƒãɖela ɖeka alo eve siwo wonya nyuie ɖe woƒe amedzrowɔwɔ ta la kpuie. Aleke wodzea agbagba be yewoawɔ amedzro na amewoe? Yayra kawoe do tso eme na wo kple woƒe ƒomea?
15 min: Ŋgɔdonya Nyuiwo Dzadzraɖo. Numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe Reasoning gbalẽa ƒe axa 9, memama 1-2 (alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii, axa 2 memama 1-2) dzi. Miwɔ ale si woana agbalẽ si míana le August me la ƒe wɔwɔfia eve kpee.
Hadzidzi 61; gbedodoɖa na kpakpã.
July 30 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 200
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe July gbeadzikɔntabubu ana.
15 min: Ðokuitsɔtsɔsavɔ Hea Yehowa ƒe Yayra Vɛ. Nuƒo si wotu ɖe November 15, 2005 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 8-9 dzi.
20 min: “Dzidzɔtɔe Nye Ŋutsu Si Doa Dzi Le Tetekpɔ Me.”b Ne èle memama 3 lia me dzrom la, bia nyaselawo woagblɔ ale si xɔse sẽŋu kpe ɖe wo ŋu esi dodokpɔ aɖe va wo dzi le vome. Àte ŋu awɔ ɖoɖo kple ame ɖeka alo eve do ŋgɔ.
Hadzidzi 13; gbedodoɖa na kpakpã.
August 6 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 106
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
20 min: “Nu Si Tae Míetrɔna Yina Enuenu Ðo.”c Ne èle memama 5 lia me dzrom la, bia nyaselawo woagblɔ nu si na be wova tsɔ ɖe le nyateƒea me togbɔ be gbã la, wotsi tsitre ɖe nyateƒea ŋu alo medina be yewoase o hã.
Hadzidzi 211; gbedodoɖa na kpakpã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.
b Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.
c Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.