Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
February 11 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 168
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa atsɔ awɔ ale si woana February 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple February ƒe yevugbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawoe.
15 min: Àte Ŋu Asubɔ Le Teƒe Siwo Gbeƒãɖelawo Hiã Le Wua? Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo, si wotu ɖe July 15, 2003, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 20 lia dzi. Gblɔ Ðoɖo gbalẽa axa 111, memama 1, va se ɖe axa 112, memama 1 me nya aɖewo kpee. Bia gbe nɔvi aɖewo siwo ʋu yi teƒe aɖe si gbeƒãɖelawo hiã le wu la kpuie. Kuxi kawoe wodo go, eye aleke wowɔ ɖu wo dzii? Yayra kawoe wokpɔ?
20 min: Kpe Ðe Ame Yeyewo Ŋu Be Woawɔ Subɔsubɔdɔa. Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, emegbe miatsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro December 1, 2005 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 31 me. Zã nusɔsrɔ̃a ƒe nyabiasewo miatsɔ adzro emee. Le memama 18 lia me dzodzro vɔ megbe la, na woawɔ wɔwɔfia aɖe si me aƒemenɔlaa gbe be yemaɖo to gbeƒãɖela yeye aɖe si le gbeadzi kple gbeƒãɖela kpɔnuteƒe aɖe o. Gbeƒãɖela yeye la meɖo nyaa ŋu nyuie o, eye aƒemenɔla tsi dzeɖoɖoa nu. Esi wodzo le amea gbɔ la, gbeƒãɖela kpɔnuteƒe la kafu gbeƒãɖela yeyea ɖe eƒe agbagbadzedzewo ta, eye wòfiae ale si wòate ŋu azã Reasoning gbalẽa atsɔ aɖo nya ŋu na dzeɖoɖonutsila aɖe ɣebubuɣi.
Hadzidzi 50
February 18 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 17
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.
10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
25 min: “Xɔse Ƒe Ðaseɖiɖi Nyui Aɖe!”a Subɔsubɔdɔ dzikpɔla ƒe dɔ. Dzro dɔ nyui siwo miaƒe hamea wɔ le subɔsubɔƒe si va yi me la me nàtsɔ aƒo etae.
Hadzidzi 194
February 25 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 81
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe February gbeadzikɔntabubu ana. Xlẽ gakɔnta kple miaƒe nudzɔdzɔ siwo va ɖo alɔdzedɔwɔƒea ŋuti nyatakaka. Na woawɔ ale si woazã Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽvia atsɔ akpe ƒometɔ aɖe alo aƒelika aɖe la ƒe wɔwɔfia.
20 min: “Ŋkuɖoɖo Tafea Dzi Ŋudzedzekpɔkpɔtɔe.”b Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, bia nyaselawo ne woaƒo nu tso mawunyakpukpui siwo woyɔ gake womeŋlɔ wo me nyawo o la ŋu.
15 min: Dzra Ðo Ðe Magazine Yeyewo Nana Ŋu. Numedzodzro kple nyaselawo. Ne èƒo nu tso March 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple March ƒe yevugbe me Nyɔ! ŋu kpuie vɔ la, na nyaselawo nagblɔ nyati siwo ado dzidzɔ na ame siwo le miaƒe anyigbamamaa me kple nu si tae wòadzɔ dzi na wo. Kpe nyaselawo woagblɔ magazineawo me nyati siwo ŋu wodi be yewoaƒo nu tsoe la me nya aɖewo koŋ. Nya kawoe woate ŋu abia atsɔ adze dzeɖoɖoa gɔmee? Mawunyakpukpui siwo le nyatia me dometɔ kae woate ŋu axlẽ? Na woazã ɖaseɖinya ƒe kpɔɖeŋu mawo atsɔ awɔ March 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple March ƒe yevugbe me Nyɔ! nana ƒe wɔwɔfiawo.
Hadzidzi 119
March 3 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 223
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro “Ŋkuɖodzia Ƒe Ŋkuɖodzinyawo” me nya veviwo me.
20 min: Àte Ŋu Adze Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ Gɔme Le March Mea? Numedzodzro kple nyaselawo. Míana Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa le March me kple taɖodzinu be míadze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme. Ƒo nu tso nu nyui siwo le agbalẽa me la dometɔ aɖewo ŋu. Midzro ale si míate ŋu ana agbalẽa le March 22 megbe ne míetrɔ yi ame aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia esime míenae Ŋkuɖodzi ƒe amekpegbalẽvia gbɔ, ne míetrɔ yi ame aɖe si míena magazine gbɔ, alo ne míele agbalẽa nam le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me la me. (Kpɔ km 8/07 axa 3; km 3/06 axa 1, mm. 3; km 3/06 axa 3-6.) Na woawɔ enana ƒe wɔwɔfia ɖeka alo eve.
15 min: Zã Biblia Ne Èle Nya Ŋu Ðom. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 143-4 dzi. Na woawɔ wɔwɔfia kpui aɖe si me wobia nya aɖe si wolɔ̃a biabia le miaƒe anyigbamamaa me la gbeƒãɖela aɖe eye wòzã Biblia tsɔ ɖo eŋui.
Hadzidzi 145
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.
b Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.