INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/10 axa 2
  • Ðe Nètsɔa Ðokuiwò Saa Vɔea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nètsɔa Ðokuiwò Saa Vɔea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 2/10 axa 2

Ðe Nètsɔa Ðokuiwò Saa Vɔea?

1. Aleke míawɔ anya ne míetsɔa mía ɖokui saa vɔe?

1 Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe ale si Yesu Kristo medi eɖokui tɔ o, ke boŋ wòlɔ̃ faa tsɔ eɖokui na ɖe ameƒomea ta ŋu la, aʋã mí be míatsɔ míaƒe ŋutete, ŋusẽ kple ameti bliboa katã asa vɔe. Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu be: ‘Mitsɔ miaƒe ŋutilãwo na wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, si anye subɔsubɔdɔ kɔkɔe.’ (Rom. 12:1) Ne míedzroa mía ɖokui me edziedzi la, akpe ɖe mía ŋu míanya ne míeɖe gbɔgbɔ ma ƒomevi le fiafiam bliboe le ale si míaƒe nɔnɔmewo ɖe mɔe nu.

2. (a) Nu vevi ka wɔwɔ ŋue mele be míafe le o? (b) Aleke míawɔ akpɔ ɣeyiɣi ɖe esia wɔwɔ ŋu?

2 Le Biblia Sɔsrɔ̃ Me: Èɖo ɣeyiɣi ɖi xlẽa Biblia le ɖokuiwò si hesrɔ̃nɛ edziedzia? Èzɔna ɖe ɖoɖowɔɖi ma dzia? Enye numame na wò be nàdzra ɖo nyuie ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋua? Ne ƒome ƒe tae nènye la, ɖe miezɔna ɖe ƒometadedeagu ƒe ɖoɖoa dzi le ƒomea mea edzi­edzia? Nu siawo wɔwɔ abia be nàtsɔ ɣeyiɣi si nèzãna ɖe televisionkpɔkpɔ alo kɔmpiuta ŋu alo ɖe nuwɔna bubuwo ŋu asa vɔe. Gake emawo katã nye vɔsa sue aɖe ko, elabena ènyae be ɣeyiɣi si nàzã ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu akplɔ wò ayi agbe mavɔ mee!—Yoh. 17:3.

3. (a) Nu kawo mee dzilawo ahe wo viwo le, le Efesotɔwo 6:4 ƒe nya nu? (b) Aleke woawɔ esia wòaɖe vii?

3 Le Hehenana Viwòwo Me: Ðevimee nye ɣeyiɣi nyuitɔ si wòle be ame nasrɔ̃ ale si wòatsɔ eɖokui asa vɔe. Fia viwòwo be togbɔ be fefeɣi li hã la, ele be dɔwɔwɔ kple teokrasidɔwo wɔɣi hã nanɔ anyi. (Ef. 6:4) De dɔ ɖɔʋuwo asi na wo woawɔ le aƒea me. Wɔ ɖoɖo be nàyi gbeadzi kpli wo edziedzi. Ðo kpɔɖeŋu nyui wòasɔ kple nu siwo nèfiaa wo.

4. Hamea me dɔ kawoe míate ŋu atsɔ mía ɖokui asa vɔe awɔ?

4 Le Hamea Ƒe Dɔwɔnawo Me: Ŋusẽ ɖoa hame bliboa ŋu ne hamea me tɔ ɖe sia ɖe lɔ̃na faa tsɔa eɖokui saa vɔe wɔa nu si aɖe vi na hamea. (Heb. 13:16) Ðe wòanya wɔ be nàzã ɣeyiɣi geɖe wu aɖe gbeƒã Fiaɖuƒea ahawɔ nusrɔ̃lawoa? Ðe nàte ŋu atsɔ ɖokuiwò ana be yeakpe ɖe dɔnɔwo alo ame tsitsiwo ŋu, ɖewohĩ le ʋuɖoɖo na wo be woade kpekpeawo mea?

5. Nu ka tae wòle be míayi edzi atsɔ mía ɖokui asa vɔe?

5 Hafi Yesu natsɔ eƒe agbe asa vɔe la, exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woƒe ŋku nanɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu, eye nu bubu ɖe sia ɖe naxɔ nɔƒe evelia le woƒe agbe me. (Mat. 6:33) Ne míetsɔa mía ɖokui saa vɔe alea la, ana míakpɔ dzidzɔ geɖe wu esi míeyi edzi le Yehowa subɔm kple dzidzɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe