February 22 Ƒe Kwasiɖa
FEBRUARY 22 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 191
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
cl ta 19 mm 1-8
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Ʋɔnudrɔ̃lawo 19-21
Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
Hadzidzi 190
5 min: Gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ na nɔviawo be woaxlẽ nyati si ƒe tanyae nye: “Èdzra Ðo Be Yeadzi Ha Na Yehowa Le Kpekpeawo Mea?” Gblɔ na wo be woatsɔ hadzigbalẽ yeyea ava kpekpeawo tso March 29 ƒe kwasiɖaa me.
10 min: Agbalẽ Si Míana Le March Me. Bia gbe gbeƒãɖela eve ne woagblɔ nu vevi siwo le agbalẽ si nam míele le March me la me kple mɔnu nyui siwo dzi wotona nanae le nutoa me. Na wo dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ ale si míazã agbalẽ sia atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔme kple amewo, alo ale si woawo ŋutɔwo wowɔ ema kpɔ la afia.
10 min: Ŋugbledede Kple Amewo Nana Woɖoa To. Nuƒo si me nyawo woaɖe tso Subɔsubɔ Suku gbalẽa ƒe axa 251 va se ɖe axa 253, memama 2 lia.
10 min: Ðetsɔlemetɔwo Ƒe Susu Hehe Va Yehowa Ƒe Habɔbɔa Dzii. Numedzodzro kple nyaselawo si me nyawo woaɖe tso tanya sue si le Ðoɖo gbalẽa ƒe axa 99 la te. Bia nyaselawo ne woagblɔ ale si wona ɖetsɔlemetɔwo va nya Yehowa ƒe habɔbɔa nyuie. Bia gbe gbeƒãɖela aɖe ne wòagblɔ ale si ame si srɔ̃ Biblia kplii la kpe ɖe eŋu wòva nya habɔbɔa nyuie.
Hadzidzi 127