Èdzra Ðo Be Yeadzi Ha Na Yehowa Le Kpekpeawo Mea?
1 Dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu hena gomekpɔkpɔ le wo me bia be míadzra ɖo ɖe kafukafuha siwo míadzi la hã ŋu. Bu aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la ŋu kpɔ.
2 Se Haawo Me Nyawo Gɔme: Mawunyakpukpui si dzi wotu hadzidzia ƒe tanya ɖo kple mawunyakpukpui bubu siwo woŋlɔ ɖe hadzidzi ɖe sia ɖe te la xexlẽ ana míagakpɔe kɔtɛ be Ŋɔŋlɔawo dzie wotu haawo me nyawo ɖo.
3 Srɔ̃ Hadzidziawo: Miate ŋu azã miaƒe Ƒometadeaguɣi ƒe akpa aɖe atsɔ anɔ ha yeyeawo srɔ̃m kwasiɖa sia kwasiɖa bene woama mi nyuie. Miƒo ha siwo wotia na kpekpe ɖe sia ɖe la le mɔ dzi eye miadzii kple nu akplɔe ɖo. Miate ŋu ava nya ale si wodzia ha yeye siawo dometɔ aɖewo la nyuie ne mieɖoa to ha si wodzi kple nu helé ɖe mɔ dzi, si wona ŋkɔe be Sing to Jehovah—Vocal Renditions, Disc 1.
4 Ðe nànɔ dzadzraɖoɖi ne míete hadzigbalẽ yeye si nye Midzi Ha Na Yehowa zazã le kwasiɖa dome kpekpeawo kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me tso March 29 ƒe kwasiɖaa mea? Ànɔ dzadzraɖoɖi ne èdze agbagba se haawo me nyawo gɔme hesrɔ̃ ale si woadzi woe.