March 15 Ƒe Kwasiɖa
MARCH 15 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 151
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: 1 Samuel 5-9
No. 1: 1 Samuel 6:1-9
No. 2: Nu Kae Akpɔ Mía Ta Tso Satana Kple Eƒe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Si Me?
No. 3: Nu Kae Kesinɔtɔ Kple Lazaro Ƒe Lododoa Fia? (rs axa 175 mm. 1-3)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
Hadzidzi 211
5 min: Gbeƒãɖeɖewo.
15 min: Zã Ƒe 2010 ƒe Yearbook La Nyuie. Numedzodzro kple nyaselawo. Dzro “Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ” me. Tia nyatakaka siwo le Yearbook la me dometɔ nyui aɖewo nàtsɔ afia ale si nya siawo dea dzi ƒo na mí míeyia subɔsubɔdɔa dzi. Kpe nyaselawo woagblɔ nu ɖedzesi siwo wokpɔ le xexea me katã ƒe akɔntabubua ŋu. De dzi ƒo na ame sia ame be wòaxlẽ Yearbook la nàtsɔ aƒo etae.
15 min: “Dɔ Si Hiã Vevie Wu.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo. Ne miedzro memama 3 lia me vɔ la, bia gbeƒãɖela aɖe si te ŋu srɔ̃ nu kple ame aɖe, ale be amea yi ŋgɔ. Nu kawo ŋue wòva hiã be nusrɔ̃via natrɔ asi le? Dɔ kae esia wɔ ɖe gbeƒãɖelaa dzi?
Hadzidzi 177